Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Woɖo Wò Etsɔme Ðia?

Ðe Woɖo Wò Etsɔme Ðia?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Woɖo Wò Etsɔme Ðia?

Ame geɖe xɔ edzi se be ŋusẽtɔ aɖe ɖo nu siwo dzɔna ɖe yewo dzi kple yewoƒe etsɔme ɖi xoxo. Wosusuna be Mawu ɖo agbe si ƒomevi mía dometɔ ɖe sia ɖe ava nɔ, tso esime wofɔ míaƒe fu va se ɖe míaƒe kugbe, la ɖi le susu me. Wogblɔna be, ‘Nu si tae nye be, Mawu nye Ŋusẽwo katã tɔ kple nuwo katã nyala, eya ta kakaɖedzitɔe la, ele be wòanya nu sia nu tso nu siwo dzɔ va yi, nu siwo le dzɔdzɔm fifia, kple esiwo gbɔna dzɔdzɔ ge le etsɔme ŋu.’

NU KAE nye wò susu? Ðe Mawu ɖo ale si míava nɔ agbee kple nu si ava dzɔ ɖe mía dzi mlɔeba la ɖi do ŋgɔa? Ne míagblɔe bubui la, nu ŋutɔŋutɔe gome si le mía si be míawɔ tiatia la nye loo, alo amefuflu yea? Nu kae Biblia gblɔ?

Mawu Nya Nu Sia Nu Do Ŋgɔa?

Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be ŋutete le Mawu si be wòanya nuwo do ŋgɔ. Yesaya 46:10 gblɔ be: Eɖea ‘nuwuwu fiana le gɔmedzedzea me ke.’ Ezã amegbetɔwo abe agbalẽŋlɔlawo ene gɔ̃ hã woŋlɔ nyagblɔɖi geɖewo ɖi. (2 Petro 1:21) Gawu la, nyagblɔɖi mawo vaa eme ɣesiaɣi, elabena nunya kple ŋusẽ si hiã la le Mawu si be wòana nyagblɔɖi siawo ƒe akpa suetɔ kekeake nava eme. Eya ta menye ɖeko ŋutete le Mawu si be wòanya nuwo do ŋgɔ ko o, ke ate ŋu aɖo nu siwo ava dzɔ le etsɔme hã ɖi do ŋgɔ ne edi be yeawɔe nenema. Ke hã, ɖe Mawu ɖo nu siwo ava dzɔ ɖe amegbetɔ ɖe sia ɖe dzi alo ɖo ame siwo katã ava kpɔ ɖeɖe la ƒe xexlẽme ɖi do ŋgɔa? Biblia megblɔ nenema o.

Biblia fiaa nu be le nuwo ɖoɖoɖi do ŋgɔ gome la, nu siwo Mawu di be yeaɖo ɖi do ŋgɔ koe wòɖona ɖi doa ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔe ɖi be “ameha gã aɖe,” siwo anye ame dzɔdzɔewo la atsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si ava ame vɔ̃ɖiwo dzi le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Gake de dzesii be, Mawu megblɔ ameha gã ma ƒe xexlẽme ɖi o. Nu ka tae? Meɖoa nu si ava dzɔ ɖe ame ɖekaɖekawo dzi la ɖi do ŋgɔ o. Mawu le abe vifofo lɔ̃ame aɖe si si ƒome gã aɖe le ene. Enya be Ye viwo dometɔ aɖewo aɖe lɔlɔ̃ afia Ye le ale si Yelɔ̃ woe ta, gake Meɖo woƒe xexlẽme ɖi o.

Na míatsɔ ale si Mawu zãa eƒe nuwo ɖoɖoɖi do ŋgɔ ƒe ŋutetea asɔ kple ale si wòzãa eƒe ŋusẽe. Esi Mawu nye Ŋusẽkatãtɔ ta la, ŋusẽ si nuwuwu meli na o le esi. (Psalmo 91:1; Yesaya 40:26, 28) Gake ɖe wòzãa eƒe ŋusẽa koa? Ao. Le kpɔɖeŋu me, eɖu eɖokui dzi le tsotso ɖe Babilɔn, si nye blema Israel ƒe futɔ la, ŋu me va se ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Mawu gblɔ be: ‘Menɔ ɖokuinye dzi ɖum.’ (Yesaya 42:14) Nenema kee wòle le eƒe nuwo nyanya do ŋgɔ kple nuwo ɖoɖoɖi do ŋgɔ ƒe ŋuteteawo hã ŋu dɔ wɔwɔ gome. Yehowa ɖua eɖokui dzi ale be yeade bubu tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe si yena mí la ŋu.

Ale si Mawu wɔa eƒe ŋusẽawo ŋu dɔ le ɖokuidziɖuɖu me mefia be seɖoƒe li na eƒe ŋuteteawo o alo be eyama mede blibo o. Le nyateƒe me la, ɖe wògadoa eƒe gãnyenye ɖe dzi boŋ, eye esia nana míelɔ̃nɛ vevie, elabena eɖenɛ fiana be menye ɖeko Mawu wɔa eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ le nuwo katã nyanya kple ŋusẽ me ko o, ke ewɔa eŋu dɔ le lɔlɔ̃ kple bubudede eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le ƒe tiatiawɔblɔɖe hã ŋu me.

Gake ne ɖe Mawu ɖoa nu sia nu, siwo dome nu dziŋɔ kple nu vɔ̃ɖi ɖe sia ɖe siwo dzɔna le, ɖi la, ɖe masɔ be míabu fɔe ɖe nɔnɔme wɔnublanui kple fukpekpe siwo katã le xexea me la ta oa? Eya ta numekuku tsitotsito ɖee fia be, nufiafia si nye be Mawu ɖo nu sia nu ɖi do ŋgɔ la medea bubu eŋu o, ke boŋ ɖe wòkloa bubu le eŋu. Enana Mawu dzena abe ŋutasẽla, nu madzɔmadzɔ wɔla, kple ame malɔ̃ame ene—si to vovo kura na nu si Biblia gblɔ tso eŋu.—5 Mose 32:4.

Wò Ŋutɔe Awɔ Tiatiaa

Mawu to esubɔla Mose dzi gblɔ na Israel dukɔa be: ‘Metsɔ agbe kple ku, le mia ŋku me ɖom. Eya ta mitia agbe. Eye nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye nàku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nànɔ agbe didie.’ (5 Mose 30:19, 20) Ne ɖe Mawu ɖoe ɖi na Israel vi ɖe sia ɖe be wòalɔ̃ ye ale be wòakpɔ agbe alo be wòagbe toɖoɖo ale be wòadze na ku la, ke gɔmesese aɖeke manɔ Eƒe nyaa ŋu o, eye anye amefuflu. Ðe nèxɔe se be Mawu, si “lɔ̃a nya dzɔdzɔe” eye eƒe amenyenye ŋutɔŋutɔe nye lɔlɔ̃ la, awɔ nu le amedzizizi ƒe mɔ sia tɔgbi nua?—Psalmo 37:28; 1 Yohanes 4:8.

Ale si Mawu de dzi ƒo na esubɔlawo le blema be woatia agbe la ku ɖe mía ŋu egbea geɖe wu, elabena Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ɖee fia be míele tetem ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu kabakaba. (Mateo 24:3-9; 2 Timoteo 3:1-5) Aleke míawɔ atia agbee? Míewɔa esia abe ale si ko blema Israel viwo wɔe ene.

Aleke Nàwɔ ‘Atia Agbee’?

Míetiaa agbe to ‘Yehowa lɔlɔ̃, toɖoɖo eƒe gbe,’ kple ‘kuku ɖe eŋu’ me. Ke hã, ne míeva dzesi Mawu be enye ame ŋutɔŋutɔ eye míese nu siwo wòdi tso mía si gɔme ko hafi míate ŋu awɔ nu siawo. Yesu Kristo gblɔ na Mawu le gbedodoɖa me be: “Agbe mavɔ lae nye be woanya wò, Mawu Nyateƒetɔ ɖeka hɔ̃ la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.”—Míawoe te gbe ɖe edzi; Yohanes 17:3, Nubabla Yeye La.

Míate ŋu ake ɖe sidzedze xɔasi ma ŋu le Biblia Kɔkɔe la, si woyɔ wòsɔ nyui be Mawu ƒe Nya, la me. (Yohanes 17:17; 2 Timoteo 3:16) Le nyateƒe me la, nunana sia si tso Mawu gbɔ la nye kpeɖodzi sẽŋu be Mawu meɖo míaƒe etsɔme ɖi do ŋgɔ o, ke boŋ enye kpeɖodzi be edi tso mía si be míanɔ te ɖe nyatakaka siwo yena mí dzi awɔ tiatia.—Yesaya 48:17, 18.

Míagblɔ ko be, Mawu to Biblia dzi le gbɔgblɔm na mí be: ‘Esiae nye nye tameɖoɖo na ameƒomea kple anyigba la, eye nu si wòle be nàwɔ be nàkpɔ agbe mavɔ ye enye esi. Azɔ wò ŋutɔe awɔ nyametsotsoa ne àɖo tom loo, alo màɖo tom o.’ Oo, alekee Mawu dana sɔna le eƒe ŋutete si nye nuwo ɖoɖoɖi do ŋgɔ la ŋu dɔ wɔwɔ me kpakple le bubudede ablɔɖe si le mía si be míawɔ tiatia la ŋu mee enye esi! Ðe àtia agbe to ‘toɖoɖo Mawu ƒe gbe kple kuku ɖe eŋu’ mea?—g09 02-E.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Aleke gbegbee Mawu wɔa nuwo nyanya do ŋgɔ ƒe ŋutetea ŋu dɔe?—5 Mose 30:19, 20; Yesaya 46:10.

▪ Nu ka tae Mawu maɖo nu sia nu, siwo dome nu gbegblẽ siwo dzɔna ɖe amewo dzi le, ɖi o?—5 Mose 32:4.

▪ Nu ka wɔwɔe akpɔ ŋusẽ ɖe etsɔme si asu mía si mlɔeba la dzi?—Yohanes 17:3.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Biblia fiaa nu be le nuwo ɖoɖoɖi do ŋgɔ gome la, nu siwo Mawu di be yeaɖo ɖi do ŋgɔ koe wòɖona ɖi doa ŋgɔ