Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ga Ðua Aƒetɔ Ðe Dziwòa, Alo Wò Dɔlae Wònye?

Ðe Ga Ðua Aƒetɔ Ðe Dziwòa, Alo Wò Dɔlae Wònye?

Ðe Ga Ðua Aƒetɔ Ðe Dziwòa, Alo Wò Dɔlae Wònye?

ÐE GAŊUTIDƆLÉLE ƒe dzesiwo le ŋuwòa? Wode dzesii be nɔnɔme sia le fu ɖem na xexea me nɔla akpa gãtɔ. Nu ka koŋ wònye?

Nyitsɔ laa la, Ðɔkta Roger Henderson, si nye susumedɔléle ŋuti numekula si le United Kingdom (Royaume-Uni) la, to nya si nye “gaŋutidɔléle ƒe dzesiwo” vae tsɔ na ŋkɔ ŋutilã me kple susu me dzesi siwo ɖenɛ fiana be nu te ɖe ame dzi le dzimaɖitsitsi ɖe ga ŋu ta. Dzesiawo dometɔ aɖewoe nye gbɔgbɔtsixetsiameƒo, taɖuame, dzigbɔtsɔame, ŋutigbalẽŋudɔwo, nuɖuɖumadzroame, dzikudodo madzemadzee, dzitsitsi, kple susu vɔ̃wo bubu. Aƒetɔ Henderson ka nya ta be: “Nu vevi siwo gbɔ nuteɖeamedzi tsona dometɔ ɖekae nye dzimaɖitsitsi ɖe ga ŋu.”

Eya ta mewɔ nuku o be le ɣleti ʋɛ siwo va yi me la, dzimaɖitsitsi ɖe ga ŋu va le nu gblẽ me le ame geɖe wu ŋu. Gakuxi si le fu ɖe le dukɔ geɖe me wɔe be le xexea me godoo la, dɔ ge le amewo si, wobu woƒe aƒewo kple ga siwo wodzra ɖo ɖe gadzraɖoƒe. Gadzraɖoƒe gagãwo ɖu agba, eye dukɔ si kpɔ ga wu le xexea me katã la va wɔ ɖoɖo kpata aɖe be woatsɔ akpɔ egbɔ be yewomagaɖu agba keŋkeŋ o. Le dukɔ madeŋgɔwo me la, nuɖuɖu kple nuhiahiã vevi bubuwo ƒe asixɔxɔ hã wɔe be nu va te ɖe amewo dzi geɖe wu.

Le ɣeyiɣi siwo me nu dze edzi na dukɔwo le hã la, ganyawo ɖea fu na amewo kokoko. Le ƒe ʋɛ siwo va yi, siwo me ganyawo de amewo dzi le gɔ̃ hã la, ganyawo ɖe fu na ame geɖewo kokoko. Le kpɔɖeŋu me, South Afrikatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Witness, ka nya ta be, “hadomedɔléle si nye nu geɖe fũu akpa zazã, viɖe geɖe fũu akpa didi, kple ŋutilãmenudidi ƒe dzodzro si nɔ dzidzim ɖe edzi” la nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe ame geɖe wu dzi le Afrika. Nyadzɔdzɔgbalẽa yɔ “dɔléle” sia ƒe dzesiawo dometɔ aɖewo siwo nye “nuteɖeamedzi, fenyinyi, nudomegbegblẽ, dɔwɔwɔ atraɖii, sese le ame ɖokui me be wote nu ye, ŋuʋaʋã, kple blanuiléle.” Wogblɔ be gae na amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ yi edzi le gbegblẽm ɖe edzi le Afrika.

Hafi ganyawo ƒe gbegblẽ si le edzi yim fifia nado mo ɖa la, nu dze edzi na India dukɔa le ganyawo gome ale gbegbe. Indiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be ƒe 2007 ye nye ƒe si me dukɔa me tɔwo ƒe “gazazãwo yi ŋgɔ le ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko me wòɖe dzesi ŋutɔ.” (India Today International) Ke hã, ɣemaɣi la, dukɔa ƒe dziɖuɖumegãwo nɔ vɔvɔ̃m be India ƒe ganyawo ƒe ŋgɔyiyi alea ate ŋu ahe zitɔtɔ geɖe kple ŋutasẽnuwɔnawo gɔ̃ hã avae.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, sɔhɛ siwo nɔ woƒe ƒe blaeveawo me la nɔ gazazã wòagbɔ eme ɖe nu xɔasiwo ŋu ƒe nɔnɔme ɖem nɔ fiafiam le United States (États-Unis). Ke hã, aleke kee woɖazã gae o, mena wokpɔ dzidzɔ o. Numekulawo gblɔ be ga geɖe ƒe amesinɔnɔ nye nu siwo gbɔ aha tsu nono, blanuiléle, kple ameɖokuiwuwu siwo nɔ edzi yim le dukɔ ma me tso la dometɔ ɖeka. Numekuku aɖe ɖee fia be togbɔ be ŋutilãmenu geɖe kple kesinɔnuwo bɔ ɖe Amerikatɔwo si hã la, wo dometɔ siwo “mede ewo le blaetɔ̃ me o” koe gblɔ be yewonɔ “dzidzɔ kpɔm ŋutɔŋutɔ.”

Nu Si Tae Gaŋutidɔlélea Meɖea Fu Na Ame Aɖewo O

Le go bubu me la, le ɣeyiɣi nyuiwo kple ɣeyiɣi vɔ̃wo me la, ame geɖewo—kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa—ya vo tso dzimaɖitsitsi ɖe ga kple nunɔamesiwo ŋu me va se ɖe afi aɖe ya teti. Nu kae na wòle alea?

Numekulawo gblɔ le nyati aɖe si ƒe tanyae nye The Meaning of Money (Gɔmesese Si Le Ga Ŋu) me be ame aɖewo “kpɔa dzidzɔ ɖe ga ŋu ale gbegbe be ga ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi. Esia ate ŋu ahe nuteɖeamedzi kple susu me kpakple seselelãme kuxiwo avae.” Le go bubu me la, numekulawo gblɔ kpee be: “Míede dzesii be ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe woƒe ga ŋu nyuie la kpɔnɛ be yewoda sɔ le yewoƒe ga zazã me, eye wokpɔa ŋudzedze ɖe wo ɖokuiwo ŋu. Woawoe nye ame siwo ɖu aƒetɔ ɖe ga dzi, ke womenye ga ƒe kluviwo o . . . Míede dzesii be anɔ eme hã be nu mate ɖe ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe woƒe ga ŋu nyuie la dzi fũu o, eye esia awɔe be womatsi dzimaɖi akpa hã o.”

Aleke nèwɔa nu ɖe ga ŋu? Alekee xexea me ƒe ganyawo ƒe kemalimali le ŋusẽ kpɔm ɖe dziwò? Ðe ga ɖua aƒetɔ ɖe dziwòa, alo wò dɔlae wònye? Ðewohĩ gaŋutidɔlélea ƒe dzesiwo mele fu ɖem na wò o. Ke hã, míeɖanye kesinɔtɔwo alo ame dahewo o, dzimaɖitsitsi ɖe ga ŋu ate ŋu aɖe fu na mí katã bɔbɔe. Xlẽ nu tso ale si asitɔtrɔ le ale si nèzãa gae ŋu ate ŋu ana susumekɔdzeanyi wò ahana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me la ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.—g09 03-E.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ga Ate Ŋu Aɖu Aƒetɔ Ðe Dziwò Ne . . .

ȃoa asa na nuƒoƒo tso gazazã ŋu le vɔvɔ̃ na dzodzodzoetsitsi si wòhena vanɛ ta

Ga ŋuti koe ƒomea me masɔmasɔwo kuna ɖo zi geɖe

Èzãa ga fũu eŋumabumabui

Ètsia dzi ɖe fe siwo nènyi ŋu ɣesiaɣi

Mènyaa ga agbɔsɔsɔme si koŋ sua asiwò le ɣletia ƒe nuwuwu o

Mènyaa ga agbɔsɔsɔme si nèzãna o

Mènyaa fe agbɔsɔsɔme si nènyi o

Fe siwo nènyina sɔa gbɔ wu esiwo nèkpɔa mɔ na zi geɖe

Èhea megbelele le wò fewo xexe ŋu zi geɖe

Agbananuƒlegbalẽvi ŋuti fe si le ŋuwò la ƒe akpa sue aɖe ko nète ŋu xe

Ètsɔa nu bubuwo ŋuti ga xea nu bubuwo ŋuti fewo

Èwɔa dɔ bubu kpea wò dɔwɔɖui be nàte ŋu axe wò fewo ko

Èdoa ga tsɔ xea fe xoxowo

Èɖea ga tso ga si nèdzra ɖo me tsɔ kpɔa zazã siwo nèwɔna ɖaa gbɔ

Esesẽna na wò ŋutɔ be ga nakpɔtɔ anɔ asiwò va se ɖe ɣletia ƒe nuwuwu

Edzroa wò vevie be yeaƒo ga gbogbo aɖe nu ƒu na ɖokuiwò

Nuteɖeamedzi si tsoa dzimaɖitsitsi ɖe ga ŋu me ƒe ŋutilã me kple/alo seselelãme dzesiwo le fu ɖem na wò

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyatakakatsoƒe: Agbalẽ si nye Money Sickness Syndrome, si Ðɔkta Roger Henderson ŋlɔ