Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woyram Le Esi Metsɔ Mawu Ðo Nɔƒe Gbãtɔ Ta

Woyram Le Esi Metsɔ Mawu Ðo Nɔƒe Gbãtɔ Ta

Woyram Le Esi Metsɔ Mawu Ðo Nɔƒe Gbãtɔ Ta

Abe ale si Pierre Worou gblɔe ene

“Bonjour!” Mezã Franseawo ƒe gbedoname sia tso nye ɖevime ke. Gake le November 1975 me la, wolém le esi mezã gbedoname sia ta. Mina magblɔ nu si he nudzɔdzɔ sia vɛ kple nu siwo va dzɔ emegbe la na mi.

WODZIM le Malété, si nye Savé ƒe gbɔtodu aɖe le Benin ƒe titina, le January 1, 1944 dzi. * Dzinyelawo tsɔ Yorubagbe me ŋkɔ si nye Abiola nam. Esime megakpɔtɔ nye sɔhɛ la, meɖɔ li ŋkɔ sia kple Pierre, le esi mekpɔ be edzɔa dzi na ame geɖe ta.

Kɔƒea me tɔwo tsɔa megbeŋkɔ na sɔhɛwo katã. Wotsɔ ŋkɔ nam be Osɔfo elabena wogblɔ be esime wodzim la, meɖi nunala aɖe si nɔ míaƒe nutoa me. Ke hã, melɔ̃ bɔlƒoƒo wu katekismodede.

Le ƒe 1959 me la, meʋu yi Sakété, si nye du aɖe si le dukɔa ƒe anyiehe, be mayi nye sukudede dzi. Meyi ɖanɔ nɔvinye Simon, si nye sukunufiala, si Yehowa Ðasefo eve va te Biblia sɔsrɔ̃ kpli teti koe nye ema la, gbɔ. Le gɔmedzedzea me la, medo dzidzɔ nam be makpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me o. Emegbe mebia nɔvinye bubu si ŋkɔe nye Michel be alɔ̃ awɔ ɖeka kplim míakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me hã. Elɔ̃, eye ɣemaɣie nye zi gbãtɔ si mese Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa.

Kwasiɖa aɖe gbe la, mía kple Simon, kpakple Michel míetso nya me be míayi sɔleme o, ke boŋ míayi ɖe Ðasefoawo ƒe nusrɔ̃ƒe. Ete ɖe mía dzi ŋutɔ esi míekpɔe be mí ame atɔ̃ koe va ƒo ƒu—Ðasefo eveawo kple mí ame etɔ̃awo. Ke hã, míede dzesii be nya siwo míese la nye nyateƒe tso Biblia me eye míeyi nusɔsrɔ̃a dzi. Michel ye nye ame gbãtɔ si xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si wòɖe na Mawu be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la dzi. Ele subɔsubɔm egbea abe mɔɖela ene, si nye ale si Yehowa Ðasefowo yɔa ame siwo zãa woƒe ɣeyiɣi akpa gbãtɔ le Mawu subɔsubɔdɔwɔwɔ me.

Simon ʋu yi dukɔa ƒe dziehe ɖanɔ du si nye Kokoro me, eye meyi kplii. Wowɔ ɖoɖo ɖe Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe ŋu le Ouansougon. Simon ɖo ʋu, gake nye ya medo nye gasɔ hena kilometa 220 ɖadee. Mí ame evea siaa miexɔ nyɔnyrɔ le September 15, 1961 dzi.

Kuxi Siwo Míedo Goe Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Me

Metaa nu hedzrana tsɔ kpɔa ɖokuinye dzi eye medea agble aɖe hã si wɔa nu nyuie ŋutɔ. Esi dzikpɔla mɔzɔla aɖe si ŋkɔe nye, Philippe Zannou, va srã míaƒe hamea kpɔ la, ebiam be mebu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ abe mɔɖela ene ŋu kpɔ hã. Esi mía kple xɔ̃nye Emmanuel Fatunbi míedzro nya sia me ɖekae vɔ la, míetso nya me be míadze egɔme le February 1966 me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva te subɔsubɔ abe dzikpɔla mɔzɔla ene, henɔa Fon, Gun, Yoruba, kple Fransegbe hamewo srãm kpɔ.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva do go Julienne, Kristotɔ nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe si lɔ̃ agbe tsɛ nɔnɔ abe nye ke ene. Meɖee le August 12, 1971 dzi, eye wòwɔ ɖeka kplim le hameawo sasrã kpɔ me. Míedzi mía viŋutsu Bola le August 18, 1972 dzi. Ne míetso hame aɖe me yina bubu srã ge kpɔ la, medoa nye gasɔa eye Julienne nɔa megbe hekpaa Bola ɖe mɛ. Zi geɖe la, nutoa me Ðasefo aɖe kɔa míaƒe agbawo ɖe eƒe gasɔ dzi dzea mía yome. Míesrã hamewo kpɔ to mɔ sia dzi hena ƒe ene.

Gbe ɖeka, Julienne dze dɔ eye wòkpe fu vevie zã bliboa katã. Le ŋufɔke la, medze mɔ henɔ kpekpeɖeŋu dim. Kasia, ʋu aɖee nye ekem gbɔna, si nye nu si mebɔ le nuto ma me o. Gawu la, mɔzɔla aɖeke menɔ eme o—si nye nu si gawɔ nuku wu! Meɖe nɔnɔmea me na ʋukulaa hebiae be alɔ̃ akɔ mí ayi Porto Novo, si nye fiadua, si gbɔ didi kilometa 25 hã. Elɔ̃. Esi míeɖo afi ma la, eko alɔgbɔnu ɖem hegblɔ be: “Kpekpeɖeŋu si mate ŋu ana wòe nye esia. Màxe peni hã o.”

Enɔ na Julienne be wòanɔ aba me hena kwasiɖa eve le Ðasefo aɖe ƒe aƒe me. Dɔmenyotɔe la, ɖɔkta la va kpɔnɛ gbe sia gbe. Etsɔa atike siwo hiã la hã ɖe asi vanae. Esi wòva kpɔ Julienne gbɔ zi mamlɛtɔ la, menɔ vɔvɔ̃ esime menɔ fe si menyi la biamee. Ewɔ nuku nam esi wòɖo eŋu be, “Mènyi fe aɖeke o.”

Tɔtrɔ Siwo He Kuxiwo Vɛ

Le ƒe 1975 me la, Dahomey da asi ɖe Marxtɔwo ƒe dziɖuɖuɖoɖo ƒomevi aɖe dzi. Eya ta wotrɔ dukɔa ƒe ŋkɔ wòzu People’s Republic of Benin (République populaire du Bénin). Esia he tɔtrɔwo va amewo ƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ hã me. Wozi gbedoname yeye aɖe ɖe amewo dzi si nye: “Pour la révolution?” (Èle klalo na tɔtrɔ yeyea?) Wokpɔ mɔ be ame naɖo eŋu be: “Prêt!” (Mele klalo!) Míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee la meɖe mɔ na mí be míagblɔ dunyahehe me atamkanya mawo o. Esia he yometiti geɖe va mía dzi.

Le Kwasiɖa aɖe gbe, le ƒe 1975 ƒe nuwuwu lɔƒo la, menɔ gome kpɔm le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me le afi si gogo St. Michel, esime wolém. Abe ale si megblɔe le gɔmedzedzea ene la, ŋutsu aɖe do gbe nam kple gbedoname si nye “Pour la révolution?” eye melɔ̃ gbea nɛ be “Bonjour!” Wolém hekplɔm yi kpovitɔwo gbɔ, eye woƒom le afi ma. Gake emegbe le ŋkeke ma ke dzi la, nutoa me Ðasefo etɔ̃ aɖewo de nu nyaa me eye woɖe asi le ŋunye.

Nyee nye Yehowa Ðasefo gbãtɔ si wolé ɣemaɣi. Esia megbe kpuie la, wolé Ðasefo bubu geɖewo hã le dukɔa ƒe teƒe vovovowo. Dziɖuɖua xɔ míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo, eye wonya dutanyanyuigblɔlawo dzo le dukɔa me. Wotu alɔdzedɔwɔƒea gɔ̃ hã, eye wòhiã be Ðasefo geɖe nasi le dukɔa me, aɖo ta ɣetoɖoƒe le Togo loo, alo ɣedzeƒe le Nigeria.

Míaƒe Ƒomea Dzi Ðe Edzi Le Nigeria

Míedzi mía viŋutsu evelia, Kola, le April 25, 1976 dzi. Ŋkeke eve megbe la, dziɖuɖusedede 111 lia gblɔ be woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi. Míeʋu yi Nigeria heyi ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe si me sitsoƒedilawo sɔ gbɔ ɖo fũu la me. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, wowɔ ɖoɖo be woama mí ɖe hame siwo le nutoa me la me. Ne woma sitsoƒedilawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe wodzo le akpataa me vɔ ko la, kasia, hatsotso bubu gava ɖona. Wozã agbatsɔʋuwo tsɔ kɔ ame yeye siwo va ɖo la yi hame siwo le nuto bubu me la me.

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nigeria la bia tso asinye be masrã Ðasefo siwo katã tso Benin la kpɔ. Emegbe woɖom dzikpɔla mɔzɔlae be manɔ hame siwo doa Yorubagbe le Nigeria, kple emegbe esiwo doa Gungbe la srãm kpɔ. Míezã dzokeke le míaƒe mɔzɔzɔa me. Bola nɔa anyi ɖe nye akɔme eye Kola nɔa mía kple Julienne dome.

Le ƒe 1979 me la, mía vinyɔnu, Jemima, ƒe fu nɔ dadaa ƒo, si wɔe be eva hiã be míaɖe asi le mɔzɔzɔdɔa ŋu. Julienne nɔvinyɔnu sue, si míeyɔna be Pépé la, ʋu tso Benin va nɔ mía gbɔ. Míaƒe ƒomea nɔ ta kekem ɖe edzi. Míeva dzi ŋutsuvi eve: Caleb, le ƒe 1983 me, kple Silas, le ƒe 1987 me. Eya ta míeva zu ame enyi le ƒomea me. Mía kple Julienne míedi be míanye dzila nyuiwo, ke hã, míedi be ne anya awɔ la, míakpɔtɔ anɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Míehaya agbledenyigba le ame aɖe si, eye míede agbeli, bli, kple mankani gble ɖe edzi. Emegbe míetu aƒe sue aɖe ɖe kɔƒe si ŋkɔe nye Ilogbo-Eremi me.

Ne míena ɖeviawo yi suku vɔ la, mía kple Julienne míeyina ɖaɖea gbeƒã le ŋdimewo. Míegbɔna vaa aƒe ɖe game dzi ɣesiaɣi ale be ƒomea naɖu nu ɖekae. Emegbe, ne míeɖi ɖe eme vɔ la, míeyia agble. Julienne kple Pépé hã ɖadzraa agblenukuwo le asi me. Mí katã míekua kutri le dɔwɔwɔ me. Míeda akpe ŋutɔ be le ɣeyiɣi mawo me la, ƒãa hafi míedzea dɔ.

Mía Viwo Kpɔ Dzidzedze Togbɔ Be Womede Suku Kɔkɔ O Hã

Míede suku kɔkɔ dede ƒe dzi ƒo na mía viwo kpɔ gbeɖe o. Míenya be Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ, Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo tutuɖo, kple kutrikuku le dɔwɔwɔ me ye nye nu vevi siwo naa nu dzea edzi na ame le agbe me. Míedze agbagba be míaƒã nukpɔsusu nyui siawo ɖe mía viwo ƒe dzi me. Mesrɔ̃a nu kpli wo, eye dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míakpɔe be wova lɔ̃ Yehowa, tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe nɛ be yewosubɔe hexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖea dzi!

Pépé nye xoxo na mía viawo eye eyae nye ame gbãtɔ si ʋu dzo le ƒomea me. Esi wòva nɔ mía gbɔ le gɔmedzedzea me la, mefia nuxexlẽe. Togbɔ be ƒe ʋɛ aɖewo ko wòtsɔ de suku hã la, elé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple nu bubu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋu. Esi wòsubɔ abe mɔɖela ene hena ɣeyiɣi aɖe la, woa kple Monday Akinra, si nye dzikpɔla mɔzɔla, woɖe wo nɔewo, eye wòwɔ ɖeka kplii le mɔzɔzɔdɔa me. Wodzi ŋutsuvi ɖeka fifia, si ŋkɔe nye Timothy. Pépé kple Monday yi edzi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, eye mɔnukpɔkpɔ geɖewo sua Monday si le takpekpewo me.

Bola va zu nuɖala aɖe ƒe dɔsrɔ̃vi le dɔwɔƒe gã aɖe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, dɔdzikpɔlawo dometɔ ɖeka de dzesi eƒe fɔléleɖedɔŋu, anukwareɖiɖi, kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui bubuwo. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodoe ɖe ŋgɔ wòva le ɖoƒe kɔkɔ aɖe le dɔwɔƒea. Nu si le vevie wue nye be, enye srɔ̃ŋutsu nyui na srɔ̃a, Jane, si gbɔ melɔ̃a nu le o, kple vifofo nyui aɖe na via etɔ̃awo, heganye hamemetsitsi si kpɔa eƒe agbanɔamedziwo gbɔ nyuie le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me le Lagos, Nigeria.

Kola va zu dɔsrɔ̃vi le nutɔla aɖe gbɔ eye wònɔ mɔɖeɖedɔa hã wɔm. Esi wòsrɔ̃ Eŋlisigbe esime wònɔ Nigeria ta la, wokpee le ƒe 1995 me be wòava wɔ dɔ le Gbegɔmeɖeɖe Dɔwɔƒe le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Benin. Ele subɔsubɔm le afi ma ƒe 13 enye esia.

Míaƒe Subɔsubɔdɔ Le Tɔtrɔ Gbɔ Va Benin Megbe

Dzi dzɔ mí ŋutɔ esi míese be Benin dziɖuɖua de se le January 23, 1990 me be wote fli ɖe sedede gbãtɔ si gblɔ be woɖo asi míaƒe dɔa dzi la me. Sitsoƒedila geɖewo trɔ yi aƒe. Eye Dutanyanyuigblɔla yeyewo hã va Benin, eye wogbugbɔ ʋu alɔdzedɔwɔƒea. Le ƒe 1994 me la, míaƒe ƒomea trɔ gbɔ va Benin, gake Pépé, Bola, kple woƒe ƒomeawo ya tsi Nigeria.

Mete ŋu kpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ nɔ wɔwɔm. Xɔfetu sue si míekpɔna tso míaƒe aƒe si le Nigeria si míehaya me kple Bola ƒe kpekpeɖeŋu dɔmenyotɔe kpe ɖe mía ŋu míete ŋu tso aƒe aɖe na mí ame atɔ̃awo, si te ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu. Jemima subɔ abe mɔɖela ene hena ƒe ade kple edzivɔwo henɔa nu tɔm tsɔ nɔ eɖokui dzi kpɔm. Emegbe eva ɖe Kokou Ahoumenou, eye wole dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒea, si te ɖe mía ŋu. Ekpɔtɔ vie Caleb kple Silas nawu suku nu. To Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kpakple míaƒe ƒomea ƒe nuwɔwɔ aduadu me la, mía kple Julienne míekpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm—ƒe 40 kple edzivɔwoe nye esia.

Mawu yra ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Benin ŋutɔ. Esime mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1961 me la, Yehowa Ðasefo 871 koe nɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia le dukɔa me. Xexlẽmea dzi ɖe edzi va ɖo 2,381 le ƒe si me wolém. Esime míetrɔ gbɔ va Benin le ƒe 1994 me la, xexlẽmea dzi ɖe edzi ɖo gbeƒãɖela 3,858, togbɔ be woɖo asi dɔa dzi hena ƒe 14 sɔŋ hã. Egbea la, xexlẽme ma dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kple edzivɔwo—si nye gbeƒãɖela siwo wu 9,000,—eye ame siwo de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 2008 me ƒe xexlẽmee nye 35,752.

Ɣeaɖewoɣi la, meyia teƒe si wolém le ƒe 30 kple edzivɔwoe nye esi va yi la, eye medea ŋugble tso nu siwo katã dzɔ la ŋu. Vevietɔ wu la, medaa akpe na Mawu be eyra nye ƒomea. Naneke mehiã mí o. Eye megadoa gbe na ame sia ame kokoko be “Bonjour!”—g09 03-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Ɣemaɣi la, woyɔa Benin be Dahomey eye wònye anyigba siwo dzi ɖum Franseawo nɔ le Ɣetoɖoƒe Afrika la dometɔ ɖeka.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

Eko alɔgbɔnu ɖem hegblɔ be: “Kpekpeɖeŋu si mate ŋu ana wòe nye esia. Màxe peni hã o”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

Míede suku kɔkɔ dede ƒe dzi ƒo na mía viwo kpɔ gbeɖe o

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Subɔsubɔ abe dzikpɔla mɔzɔla ene, le 1970 me

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mía kple mía viŋutsu eveawo, Bola kple Kola, le ƒe 1976 me

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mía kple nye ƒomea egbea—srɔ̃nye, vinye atɔ̃awo, tɔgbuiyɔvinye etɔ̃awo, kple Pépé ƒe ƒomea