Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Biblia Xexlẽ Navivi Nunye?

Aleke Mawɔ Biblia Xexlẽ Navivi Nunye?

Sɔhɛwo Biana Be

Aleke Mawɔ Biblia Xexlẽ Navivi Nunye?

Ðoɖo ka nue nèxlẽa Biblia le? (Wɔ dzesi ɖe eŋu)

□Gbe sia gbe

□Kwasiɖa sia kwasiɖa

□Bubuwo ․․․․․

Wu nya si gbɔna nu.

Ne Biblia xexlẽ mele nunye vivim o la, zi geɖe la, efia be . . . (Wɔ dzesi ɖe nu siwo gbɔ wòtsɔna ŋu)

□Dzi mele dzɔyem o

□Metɔtɔ

□Nye susu le nu geɖe ŋu

□Bubuwo ․․․․․

ÐE Biblia xexlẽ medoa dzidzɔ na wò oa? Ne nenemae la, ɖewohĩ àlɔ̃ ɖe Will, si xɔ ƒe 18, si gblɔ be, “Kuvia ate ŋu aɖo ame ɖe Biblia xexlẽ ŋu” la ƒe nya dzi. Ke hã, egblɔ kpee be, “Ne mènya mɔ si nu nàxlẽe le o koe wòdzɔna alea.”

Nu ka tae wòle be nàsrɔ̃ ale si nàxlẽ Bibliae? Àdi be yeanya nu geɖe wu tso ale si nàwɔ

awɔ nyametsotso nyuiwoe ŋua?

adze xɔlɔ̃ vavãwoe ŋua?

akpe akɔ kple nuteɖeamedziwoe ŋua?

Nunya xɔasi geɖe le Biblia me nàkpɔ ku ɖe nya mawo kple bubuwo ŋu. Enye nyateƒe be keke ɖe nunya xɔasi siawo ŋu abia agbagbadzedze geɖe. Gake agbagba siawo dzedze le ko abe kesinɔnudidi ene: Zi ale si woku kutri le kesinɔnua didi me la, zi nenema kee wokpɔa dzidzɔ ne wova ke ɖe eŋu mlɔeba!—Lododowo 2:1-6.

Aleke nàwɔ ake ɖe kesinɔnuwo ŋu le Biblia me? Aɖaka si le wò nuɖusime akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàxlẽ Bibliae eye—esi le axa sia megbe—hã akpe ɖe ŋuwò nànya ɖoɖo si nu nàxlẽe le. Gakpe ɖe eŋu la, te exexlẽ ƒe mɔnu siwo ado dzidzɔ na siwo dze le axa siwo kplɔe la kpɔ.

Ne àte ŋu azã Internet la, àte ŋu axlẽ Biblia le yevugbe me le Internet dzi ne èzã adrɛs si nye: www.watchtower.org/e/bible

BU NYA SIAWO ŊU

Wogblɔna be viɖe si nàkpɔ tso nanewɔwɔ me la nɔ te ɖe ale si gbegbe nèku kutri le eŋu la dzi.

▪ Alekee nya sia nye nyateƒe le Biblia xexlẽ gome?

▪ Ɣekaɣie nàte ŋu aɖo ɖi na Biblia xexlẽ?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]

ALE SI NÀXLẼ BIBLIAE

Hafi nàdze exexlẽ gɔme la . . .

▪ Kpɔ egbɔ be toɣliɖenu aɖeke mele teƒea o ale be wò susu nate ŋu anɔ nu si xlẽ ge nàla ŋu.

▪ Do gbe ɖa nàbia nugɔmesese.

Ne èle nua xlẽm la . . .

▪ Zã anyigba ƒe nɔnɔmetatawo kple esiwo ku ɖe Biblia me nyawo ŋu, siwo wɔ ɖeka kple ŋutinya si xlẽm nèle, woakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ Biblia me nudzɔdzɔawo le susu me.

▪ Bu nɔnɔme si me nua dzɔ le ŋu, eye de ŋugbe tso nyatakaka detowo ŋu.

▪ Xlẽ etenuŋɔŋlɔ kple titinanuŋɔŋlɔawo.

▪ Bia nyawo, abe esiwo gbɔna ene, ɖokuiwò:

NYATEƑENYAWO: Ɣekaɣie nu sia dzɔ? Ame kae gblɔ nya siawo? Ame kae wogblɔ nya siawo na?

NUA GƆME SESE: Aleke mate ŋu aɖe nya sia me na ame aɖe?

ASIXƆXƆ SI LE EŊU: Nu ka tae Yehowa Mawu na woŋlɔ nudzɔdzɔ sia ɖe eƒe Nyaa me? Nu kae wòɖe fia tso eƒe amenyenye alo mɔ siwo dzi wòtona wɔa nui ŋu? Nufiame kawo ŋu dɔ mate ŋu awɔ?

Exexlẽ vɔ megbe . . .

▪ Wɔ numekuku yi ŋgɔe. Zã numekugbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo ta, abe Insight on the Scriptures (alo Étude perspicace des Écritures) kple “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” (alo “ Toute Écriture est inspirée de Dieu et utile ”) ene, ne wole gbe si nàte ŋu axlẽ me.

▪ Gado gbe ɖa ake. Gblɔ nu si nèsrɔ̃ kple ale si nèɖo be yeawɔ eŋu dɔe na Yehowa. Da akpe nɛ ɖe eƒe Nya, Biblia la, ta.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ðoɖo Ka Nue Nàxlẽ Biblia Le?

 Àte ŋu axlẽe ale . . .

□ Xlẽe tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu.

□ Xlẽe le ɖoɖo si nu wowu agbalẽawo ŋɔŋlɔ nu le nu loo alo le ɖoɖo si nu nuawo dzɔ le nu.

□ Xlẽ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubu aɖe gbe sia gbe.

Dzoɖa: Xlẽ ŋutinya wɔdɔɖeamedziwo (1 Mose va ɖo Ester)

Braɖa: Xlẽ Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafia ŋuti nuŋlɔɖiwo (Mateo va ɖo Yohanes)

Kuɖa: Xlẽ Kristo hamea ƒe gɔmedzeŋutinya (Dɔwɔwɔwo)

Yawoɖa: Xlẽ nyagblɔɖiwo kple agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiamewo (Yesaya va ɖo Maleaxi, Nyaɖeɖefia)

Fiɖa: Xlẽ hakpanya kple hadzidzi wɔdɔɖeamedziwo (Hiob, Psalmowo, Hawo Ƒe Ha)

Memleɖa: Xlẽ nu tso nunya si sɔ na agbenɔnɔ ŋu (Lododowo, Nyagblɔla)

Kwasiɖa: Xlẽ lɛta siwo woŋlɔ na hameawo (Romatɔwo va ɖo Yuda)

Ðoɖo ka ke nue nàdi be yeaxlẽe le o, kpɔ egbɔ be nànɔ dzeside wɔm ɖe akpa siwo nèxlẽ vɔ la ŋu! Wɔ dzeside sia ɖe ta ɖe sia ɖe si nèxlẽ wu enu la xa, alo le mɔ bubu nu la, àte ŋu ade dzesi ta siwo nèxlẽ vɔ la ɖi.

Tso aɖaka sia eye nàtsɔe ade wò Biblia me!

[Aɖaka/Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 28]

NÀ AGBE NAÐO ŊƆŊLƆAWO ME!

Kpɔ ɖokuiwò le nu si xlẽm nèle la me. Le kpɔɖeŋu me:

□ Ðo ameŋkɔwo ɖe woƒe dzidzimewo nu.

□ Trɔ ŋutinyawo woazu nutatawo. Le kpɔɖeŋu me, ne èle nu xlẽm tso nuteƒewɔla aɖe ŋu la, tsɔ amea ƒe nɔnɔme nyuiwo do ƒome kple nu siwo amea wɔ kpakple yayra siwo wòkpɔ.—Lododowo 28:20.

[Nuwo ƒe nɔnɔme]

Mawu Xɔlɔ̃

Toɖoɖo

Nuteƒewɔwɔ

↑ ↑

Abraham

□ Ta nu ŋutɔŋutɔwo tsɔ ɖɔ ŋutinyaa.

□ Ta nu vovovowo tsɔ ɖɔ ale si nanewo dzɔ ɖe wo nɔewo yomee. Ŋlɔ nu siwo yi edzi le nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe me ɖe exa.

□ Wɔ nuwo, abe Noa ƒe aɖakaʋua ene, ƒe suetɔ le woƒe dzidzemewo nu pɛpɛpɛ.—Le kpɔɖeŋu me, kpɔ January 2007 ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 22.

□ Mia kple xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo mixlẽ nu ɖekae wòaɖi. Aɖaŋuɖoɖo: Mitia ame ɖeka wòaxlẽ numeɖela ƒe akpa dzi. Ame bubuwo ate ŋu axlẽ ame siwo ŋu ŋutinyaa ku ɖo ƒe akpa vovovoawo.

□ Tia ŋutinya aɖe, eye nàtrɔe wòazu nyadzɔdzɔ me ŋutinya. Ƒo nu tso nudzɔdzɔa ŋu le mɔ vovovowo nu to “gbebiabia” ame siwo wɔ ame siwo ŋu ŋutinyaa ku ɖo kpakple eteƒekpɔlawo ƒe akpa dzi me.

□ Tia ŋutinya aɖe si me ame aɖe wɔ nyametsotso gbegblẽ le eye nàsusu nudzɔdzɔa ƒe nuwuwu bubui! Le kpɔɖeŋu me, bu Petro ƒe nugbegbe le Yesu gbɔ ŋu. (Marko 14:66-72) Mɔ nyuitɔ ka nu Petro ate ŋu awɔ nu le le nɔnɔme sesẽ ma me hafi?

□ Kpɔ alo se Biblia me drama siwo wowɔ ɖe video dzi alo lé ɖe mɔ̃ dzi.

Ŋlɔ drama aɖe le ɖokuiwò si. Ŋlɔ nu siwo woate ŋu asrɔ̃ tso eme la kpe ɖe eŋu.—Romatɔwo 15:4.

SUSU AÐEE NYE ESI: Mía kple xɔ̃wò ʋɛ aɖewo miwɔ drama sia ɖekae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]

NU SI AƲÃ WÒ BE NÀXLẼE

▪ Ðo taɖodzinu aɖe na ɖokuiwò! Ŋlɔ ɣletiŋkeke si dzi nàdi be yeadze Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖoa gɔme la ɖe ete.

․․․․․

▪ Tia Biblia ƒe akpa si doa dzidzɔ na wò. (Kpɔ aɖaka si nye  “Ðoɖo Ka Nue Nàxlẽ Biblia Le?”) Emegbe ŋlɔ Biblia ƒe akpa si xlẽ ge nàla gbã ɖe ete.

․․․․․

▪ Le gɔmedzedzea me la, nɔ exlẽm hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Biblia xexlẽ hena miniti 15 gɔ̃ hã nyo wu be màxlẽ ɖeke kura o. Ŋlɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nàte ŋu aɖo ɖi hena ɖoɖo sia dzi wɔwɔ ɖe ete.

․․․․․

Aɖaŋuɖoɖo: Biblia aɖe nenɔ asiwò koŋ si nànɔ xexlẽm. De dzesi nuwo ɖe eme. De dzesi mawunyakpukpui siwo le vevie na wò.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Medzea agbagba xlẽa Biblia ƒe akpa sue aɖe zã sia zã hafi mlɔa anyi. Esia nana mekpɔa nu nyui aɖe si ŋu manɔ ŋugble dem le atsɔ ayi alɔ̃ me.”—Megan.

“Medea ŋugble le mawunyakpukpui ɖeka ŋu hena miniti 15. Mexlẽa etenuŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe kple kpukpui bubu siwo wofia asii, eye megawɔa numekuku bubu kpee. Ɣeaɖewoɣi la, nyemetea ŋu wua kpukpui ɖeka me dzodzro nu le nusɔsrɔ̃ ɖeka me o, gake to nuxexlẽ ƒe mɔnu sia zazã dzi la, meva kena ɖe nu gbogbo aɖewo ŋutɔ ŋu!”—Corey.

“Ɣeaɖeɣi la, mexlẽ Biblia bliboa le ɣleti 10 me. Exexlẽ le ɣeyiɣi kpui me alea na meva kpɔ ɖekawɔwɔ si le Biblia ƒe akpa vovovoawo dome, si nyemede dzesi kpɔ gbeɖe o.”—John.

[Aɖaka si le axa 29]

ÀTE ŊU ATIA NU SI NÀXLẼ!

Tia nudzɔdzɔ si ŋuti nya nàdi be yeaxlẽ. Agbemeŋutinya ŋutɔŋutɔ gbogbo aɖewo le Biblia me. Tia ŋutinya si do dzidzɔ na wò, eye nàxlẽe tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu.

Aɖaŋuɖoɖo: Be nàkpɔ ale si nàwɔ be ŋutinya siawo xexlẽ naɖe vi geɖe wu na wò ŋuti ɖaŋuɖoɖowo la, kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, Volume 2, (alo Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques, Volume 2) si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 292.

Tia Nya Nyui Gbalẽawo dometɔ ɖeka. Xlẽ Mateo ƒe agbalẽa (Nya Nyui Gbalẽawo ƒe gbãtɔ si woŋlɔ), Marko ƒe agbalẽa (si wonya nyuie be eƒo nu tso nudzɔdzɔwo ŋu kpuikpuikpui heyɔ fũu kple nya dodzidzɔnamewo), Luka ƒe agbalẽa (si he susu yi gbedodoɖa kple nyɔnuwo dzi etɔxɛe), alo Yohanes ƒe agbalẽa (si ƒo nu tso Nya Nyui Gbalẽ bubuawo me ŋutinya ʋɛ aɖewo ko ŋu).

Aɖaŋuɖoɖo: Hafi nàdze nua xexlẽ gɔme la, zã ɣeyiɣi kpui aɖe nàxlẽ Biblia gbalẽ si nètia kple eŋlɔla ŋuti nyatakakawo ale be nàte ŋu ase nu si tae Nya Nyui Gbalẽ sia le etɔxɛe ɖo la gɔme.

Tia psalmo aɖe. Le kpɔɖeŋu me:

Ne èse le ɖokuiwò me be yetsi akogo eye xɔlɔ̃ mele ye si o la, xlẽ Psalmo 142 lia.

Ne dzi ɖe le ƒowò le wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta la, xlẽ Psalmo 51 lia.

Ne èle ɖi kem le asixɔxɔ si le Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu ŋuti la, xlẽ Psalmo 73 lia.

Aɖaŋuɖoɖo: Ŋlɔ psalmo siwo nèxlẽ siwo de dzi ƒo na etɔxɛe la ɖi.

[Aɖaka si le axa 30]

WƆ NUMEKUKU DETO

Bu nɔnɔme si me nua dzɔ le ŋu. De dzesi ɣeyiɣia, teƒea, kple nu siwo nɔ edzi yim do ŋgɔ na Biblia ƒe akpa sia ŋɔŋlɔ kple emegbe siaa.

Kpɔɖeŋu: Xlẽ Xezekiel 14:14. Ƒe nenie Daniel anya xɔ esime Yehowa yɔ eƒe ŋkɔ kpe ɖe Noa kple Hiob ŋu be enye kpɔɖeŋu nyui ɖola?

Kpekpeɖeŋu: Woŋlɔ Xezekiel ta 14 lia le aboyoɖeɖe Daniel yi Babilɔn ƒe ƒe atɔ̃ megbe teti ko—ƒewuivi ko wòanya nye.

Nu xɔasi si ŋu nàte ŋu ake ɖo: Ðe Daniel nɔ sue akpa be Yehowa nade dzesi eƒe nuteƒewɔwɔa? Nyametsotso nyui kawoe wòwɔ si he yayrawo vɛ nɛ? (Daniel 1:8-17) Aleke Daniel ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuiwo?

De ŋugble tso nyatakaka detowo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, nyaku ɖeka alo eve koe ɖea dzesi.

Kpɔɖeŋu: Tsɔ Mateo 28:7 sɔ kple Marko 16:7. Nu ka tae Marko na nyatakaka deto sia be Yesu aɖe eɖokui afia nusrɔ̃laawo “kple Petro hã” ɖo?

Kpekpeɖeŋu: Marko ŋutɔ mekpɔ nudzɔdzɔ siawo teƒe o; anɔ eme godoo be Petro ye ka nya mawo ta nɛ.

Nu xɔasi si ŋu nàte ŋu ake ɖo: Nu ka tae dzi anya ɖo Petro ƒo esime wòse be Yesu di be yeagakpɔ ye ake? (Marko 14:66-72) Aleke Yesu ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã na Petro? Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yesu ahanye xɔlɔ̃ vavã na amewo?

Wɔ numekuku yi ŋgɔe. Wɔ numekuku le Biblia srɔ̃gbalẽwo me hena numeɖeɖe bubuwo.

Kpɔɖeŋu: Xlẽ Mateo 2:7-15. Ɣekaɣie ɣletivimefakalawo yi ɖasrã Yesu kpɔ?

Kpekpeɖeŋu: Kpɔ Gbetakpɔxɔ January 1, 2008, axa 31, si Yehowa Ðasefowo ta.

Nu xɔasi si ŋu nàte ŋu ake ɖo: Mɔ ka dzi wòdze ƒãa be Yehowa to hekpɔ Yesu dzilawo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo esime wonɔ Egipte? Aleke ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le nɔnɔme madeamedziwo me?—Mateo 6:33, 34.—g09 04-E.