Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fuɖeɖe—Menye Kuxia Gbɔ Kpɔnu Bɔbɔetɔ O

Fuɖeɖe—Menye Kuxia Gbɔ Kpɔnu Bɔbɔetɔ O

Fuɖeɖe​—Menye Kuxia Gbɔ Kpɔnu Bɔbɔetɔ O

TSO ɖevime ke la, Bill nya be fuɖeɖe nye nu vɔ̃ gã si sɔ kple amewuwu. Gake nukpɔsusu sia si nɔ esi hena ƒe blananewo la va trɔ le ƒe 1975 me esime kuxi sia va dze ŋgɔ eya ŋutɔ. Eƒe ahiãvi, Victoria, fɔ fu, eye Bill kpɔe be yemele klalo atsɔ srɔ̃ɖeɖe alo dzilanyenye ƒe agbanɔamedziwo o. Bill gblɔ be: “Enumake mewɔ nyametsotso si mekpɔ be ele bɔbɔe wu, eye megblɔ na Victoria be ele be wòaɖe fua.”

Nu si Bill yɔ be nyametsotso si le bɔbɔe wu le fufɔfɔ si ŋu womewɔ ɖoɖo ɖo o alo esi womedi o gome la bɔ ŋutɔ. Numekuku aɖe si wowɔ le xexea me godoo le ƒe 2007 me ɖee fia be ame siwo ade miliɔn 42 ye ɖe fu le ƒe 2003 me le xexea me godoo. Nyɔnu siwo ɖea fu la nyea yevuwo, ameyibɔwo kple dukɔ ɖe sia ɖe me tɔ siwo le subɔsubɔha vovovowo me, ame siwo nye gatɔwo kple ame dahewo siaa, agbalẽnyawo kple agbalẽmanyalawo, kple ƒe vovovo xɔlawo—tso ƒe siwo me nyɔnuviwo tea liɔliɔ dzi va ɖo ɣeyiɣi si me nyɔnuwo dzudzɔa dzinukpɔkpɔ dzi. Ne èfɔ fu evɔ mèle mɔ kpɔm nɛ o ɖe, nu kae nàwɔ? Nu ka tae ame geɖe tianɛ be yewoaɖe fua?

‘Tiatia Bubu Aɖeke Megali Mawɔ Wu Esia O’

Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 35 gblɔ be: “Ðeko meto fufɔfɔ ƒe ɣeyiɣi sesẽ aɖe me hese veve ŋutɔ hafi dzi vi koe nye ma, eye gakuxiwo kple nuteɖeamedziwo do agbogbo ɖe ƒomea dzi. Eye kwasiɖa ade pɛ le nye vidzidzia megbe la, megafɔ fu ake. Míetso nya me be maɖe fua. Menya le nye dzi me be menyo o, gake tiatia bubu aɖeke megali mawɔ wu esia o.”

Nu vovovowoe wɔnɛ be nyɔnuwo tianɛ be yewoaɖe fu, nu siawo ate ŋu anye gakuxiwo, ŋutsu kple nyɔnu dome masɔmasɔ, alo tagbɔsesẽ le ame ŋu, si wɔnɛ nyɔnuwo megadina be ƒomedodo aɖeke naganɔ yewo kple ŋutsua dome o. Alo ate ŋu anye be fua fɔfɔ ɣemaɣi mesɔ ɖe nyɔnua alo atsu kple asia ƒe ɖoɖowo dzi o.

Ɣeaɖewoɣi la, wotianɛ be yewoaɖe fu atsɔ akpɔ ŋkɔ nyui si le yewo ŋu la ta. Esia nye nyateƒe le fuɖeɖe ƒe nya si ŋu Ðɔkta Susan Wicklund ƒo nu tso le eƒe agbalẽ si ƒe tanyae nye Nya Ɣaɣla Sia Si Bɔ—Nye Nuteƒekpɔkpɔ Le Fuɖeɖe Na Amewo Me, la me (This Common Secret—My Journey as an Abortion Doctor). Nyɔnuvi aɖe si va egbɔ be wòaɖe fu na ye la ʋu eme be: “Dzinyelawo doa vevie nu le mawusubɔsubɔ me ŋutɔ . . . Ne medzi vi evɔ nyemeɖe srɔ̃ o la, aƒo ɖi woƒe ŋkɔ. Ana wo xɔlɔ̃wo katã akpɔe be wo via wɔ nu vɔ̃.”

Eye Ðɔkta Wicklund biae be: “Enyo, le woƒe susu nu la, èwɔ nu vɔ̃, gake aleke woawo ya bua fuɖeɖee?” Nyɔnuvia ʋu eme be: “Hmm, fuɖeɖea? Enye nu vɔ̃ si womatsɔ ake gbeɖe o. Gake esiae nye esi le bɔbɔe wu elabena anɔ ɣaɣla. Ne meɖe fu la, [dzinyelawo] ƒe sɔlemexɔlɔ̃wo manya gbeɖe o.”

Aleke ke nɔnɔmea ɖale o, zi geɖe la, menɔa bɔbɔe be ame ŋutɔ natiae be yeaɖe fu o. Eye zi geɖe la, enye nu si tena ɖe ame dzi vevie. Gake fuɖeɖee nye kuxia gbɔ kpɔnu bɔbɔetɔa?

Bu Emetsonuwo Ŋu Kpɔ

Numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 2004 me le Russia nyɔnu 331 kple Amerika nyɔnu 217 ŋu, siwo ɖe fu le nɔnɔme aɖewo ta, la ɖee fia be eva te ɖe ƒuƒoƒo eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe afã kloe dzi be yewoɖe fua. Russia nyɔnuawo dometɔ 50 kloe le alafa me kple Amerika nyɔnuawo dometɔ 80 le alafa me “bu fɔ” wo ɖokuiwo ɖe fua ɖeɖe ta. Amerika nyɔnuawo dometɔ 60 le alafa me ‘mete ŋu tsɔ nuwɔna sia ke wo ɖokuiwo o.’ Esi wònye be nyɔnu geɖe—siwo dome ame siwo mesubɔa Mawu o hã le—va bua fɔ wo ɖokuiwo ne woɖe fu vɔ megbe la, ke nu ka tae ɖetugbi geɖewo gakpɔtɔ ɖea fu ɖo?

Zi geɖe la, ɖe woƒoa nya ɖe wo nu vevie be woaɖe fu. Dzilawo, amesrɔ̃, alo xɔlɔ̃ aɖewo siwo susu be yewole nyui dim na ame ate ŋu ade dzi ƒo na ame be wòaɖe fu, esi wosusui be fua ɖeɖe nyo wu edzidzi ta. Esia ate ŋu awɔe be ame atsɔ dzitsitsi awɔ nyametsotso evɔ manya nu gobi aɖeke tso nɔnɔmea ŋu o. Ke hã, Ðɔkta Priscilla Coleman, si nye susumefuɖename siwo fuɖeɖe ate ŋu ahe vɛ ŋuti nunyala bibi aɖe la, gblɔ be: “Ne nuteɖeamedzi siwo dona tso nyametsotsoa wɔwɔ kple fua ɖeɖe me nu va yi vɔ eye nyɔnuawo ƒe seselelãmenusese kple tamebubuŋutete le dzɔdzɔmenu gaɖo nɔnɔme nyuitɔ me la, zi geɖe la, fɔbuameɖokui kple blanuiléle va ɖea fu na wo vevie, eye evea wo be yewoɖe fua.”

Zi geɖe la, nu si ta wòvea wo ɖo la nɔa te ɖe biabia sia dzi: Ðe fuɖeɖea nye agbe si dze egɔme xoxo la ɖeɖe ɖa? Numekuku tsitotsito aɖe si Habɔbɔ Si Wɔa Numekuku Tso Fuɖeɖe Ŋu, si le South Dakota la wɔ tso nya sia ŋu ɖee fia be “ɖe woble” funɔ geɖe siwo nɔ fuɖeɖe ŋu bum “wosusui be ‘lãmeka’ dzro aɖe ko ɖem wole ɖa, eye wogblɔ be ne ɖe wogblɔ nyateƒea na yewo la, anye ne yemeɖe fua o.”

Le “veve si gbegbe nyɔnuawo se kple ale si gbegbe nua gbã dzi na woe ŋuti nya” si nyɔnu 1,940 gblɔ la me dzodzro megbe la, numekulawo ƒo nya ta be: “Nuxaxa ɖe vi si wogblɔ na wo be menye vi haɖe o ƒe ku ta va naa nyɔnu siawo dometɔ geɖe doa dziku vevie.” Numekukua gblɔ hã be “zi geɖe la, ne nyɔnua va nya be ɖe yewu ye via la, ŋusẽ si wòkpɔna ɖe eƒe susu dzi la gblẽa nu le eŋu.”

Gake nu kae nye nyateƒea? Ðe fuɖeɖe nye lãmeka dzro aɖe ko ɖeɖe ɖa le funɔ ƒe dɔ mea? Ðe vinɔdɔme nye ame ŋutɔŋutɔ esime wògakpɔtɔ le vidzidɔ mea?​—g09 06-E.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

ALE SI NUWO VA NƆ NA AME SIWO DZII KPLE AME SIWO ÐEE

Wowɔ numekuku aɖe le ƒe 2006 me, si me wogbugbɔ nyɔnu siwo fɔ fu le woƒe ƒewuiwo me ƒe agbemeŋutinyawo me dzro. Ame siwo ŋu numekukua ku ɖo la dometɔ afã dzi via, eye wo dometɔ afã hã ɖe fua. Numekukua ƒo nya ta be “ame siwo dzi via la mehiãa susumedɔdalawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boo aɖeke o, alɔ̃madɔmadɔ ƒe kuxi meɖea fu na wo fũu o, eye womeƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbe muamewo nono me abe ame siwo ɖe fua ene o.”​—Journal of Youth and Adolescence.

Nyatakaka bubu aɖe ƒo nu tso “nu siwo do tso numekuku tsitotsito ene, siwo wowɔ le xexea me godoo la,” ŋu. Nu kae numekuku siawo ɖe fia? Wokpɔe be: “Tagbɔdɔléle ƒomevi vovovowo ɖea fu na nyɔnu siwo ɖe fu kpɔ la wu nyɔnu siwo meɖe fu kpɔ o.”​—Report of the South Dakota Task Force to Study Abortion—2005.