Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣekaɣie Amegbetɔ Ƒe Agbe Dzea Egɔme?

Ɣekaɣie Amegbetɔ Ƒe Agbe Dzea Egɔme?

Ɣekaɣie Amegbetɔ Ƒe Agbe Dzea Egɔme?

GIANNA gblɔ be: “Danye xɔ ƒe 17,” eye ɣleti adre kple afã ƒe fu nɔ eƒo esime wòwɔ nyametsotso be woawɔ saline abortion * na ye. Egblɔ kpee be: “Nyee nye fu si wòɖe ƒu gbe. Nyemeku o, ke boŋ metsi agbe.”

Gianna si xɔ ƒe 19 ye gblɔ eƒe agbemenudzɔdzɔ sia le Amerika dziɖuɖua teƒenɔla siwo nɔ numekukuwo wɔm ku ɖe fuɖeɖe ŋu la ŋkume, le ƒe 1996 me. Kaka Gianna si nye fugboe le dadaa ƒe dɔme naxɔ ɣleti adre kple afã la, eƒe ŋutinuwo katã do nyuie xoxo. Ðikeke mele eme o be, àlɔ̃ ɖe edzi be enye ame ŋutɔŋutɔ xoxo, le esi wòte ŋu yi edzi nɔ agbe abe ame ene, esime meganɔ vidzidɔ me o gɔ̃ hã ta.

Enyo, ne aleae wònɔ la, ke alekee Gianna nɔ esime wònye kwasiɖa atɔ̃ ƒe fugboe si didi sentimeta ɖeka pɛ ko? Enye nyateƒe be eƒe ŋutinuwo medo nyuie haɖe o ya, gake nu siwo ava zu eƒe ŋutinuwo, siwo dome eƒe ahɔhɔ̃ hã le, ya do xoxo. Dzi nɔ esi si nɔ ƒoƒom zi gbɔ zi 80 le miniti ɖeka me henɔ eƒe ʋu gbɔm nɔ tutum to eƒe ʋukawo me. Eya ta ne amee Gianna nye le vidzidɔ me le ɣleti adre kple afã megbe la, ɖe susu mele eme be woaƒo nya ta be ame ŋutɔŋutɔe wònye esime wòxɔ kwasiɖa atɔ̃ togbɔ be eƒe ŋutinuwo medo nyuie haɖe oa?

Fufɔfɔ Nye Nukunu

Fugboe ƒe ŋutinuwo katã ƒe wɔwɔ dzea egɔme tso fufɔɣi ke, ne ŋutsu ƒe tsinyenye me lẽvi ɖeka ge ɖe nyɔnu ƒe azi me hedo fui. Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le mɔɖaŋununya me la kpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyawo ŋu be wote ŋu lé ŋku ɖe tɔtrɔ wɔnuku siwo yia edzi le azi sia, si me agbe ɖo ƒe to me ŋu. Ŋutsua ƒe domenyiŋusẽfianu (alo DNA) ƒe lãmenugbagbeviwo kple nyɔnua tɔwo va ƒoa ƒu wɔa ame bubu aɖe si ƒe nɔnɔme kple amenyenye to vovo kura.

Ale si amegbetɔ wɔna va dzɔna, si nye nukunu ŋutɔŋutɔ la dzea egɔme le nyɔnua ƒe azi ɖeka sia me, eye wòva zua ame blibo. Domenyiŋusẽmenugbagbevi si woyɔna be genes, siwo nye DNA la ƒe akpa aɖee fiaa mɔ ale si ame bliboa ƒe “wɔwɔme” ava nɔ. Nu siawoe fiaa mɔ nu sia nu kloe si yia edzi le mía me. Woawoe fiaa míaƒe kɔkɔme, míaƒe mo ƒe nɔnɔme, míaƒe ŋku kple ɖa ƒe amedede, kpakple míaƒe amenyenye ƒe nɔnɔme akpe naneawo.

Le esia megbe la, nyɔnua ƒe azi gbãtɔ ma va tea mama eye ale si ame bliboa ƒe wɔwɔme ava nɔ la ƒe “mɔfianu” si le domenyiŋusẽmenugbagbevia me la ɖena ɖe mama ɖe sia ɖe me esime azia yi edzi le mamam. Nukutɔe la, wowɔ lãmenugbagbevi siwo wòhiã be azia ƒe mama siawo dometɔ ɖe sia ɖe nava zu la ƒe ɖoɖo de wo dometɔ ɖe sia ɖe me. Esiawo dometɔ aɖewoe nye lãmenugbagbevi siwo va zua míaƒe dzi, ahɔhɔ̃, ƒu, ŋutigbalẽ, kple ŋku siwo kpɔa nu. Eya ta mewɔ nuku o be wogblɔna zi geɖe be ɖoɖo si dze egɔme le nyɔnua ƒe azi gbãtɔa me si fiaa mɔ ale si ame yeye si ava dzɔ ƒe wɔwɔme anɔ la nye “nukunu.”

Ðɔkta David Fu-Chi Mark, si nye agbeŋusẽŋutinunyala xɔŋkɔ aɖe ka nya ta be: “Wowɔ ale si amea ava tsi azu ame blibo le eƒe agbe me la ƒe ɖoɖo de nyɔnua ƒe azi ɖeka ma si me agbe ɖo la me tso ɣemaɣi ke.” Eƒo nya ta be: “Womagate ŋu ake ɖi o be amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe wɔwɔme le etɔxɛ heto vovo kura na ame bubu ɖe sia ɖe tso eƒe agbe ƒe gɔmedzedze alo esime wofɔ eƒe fu ke.”

Ame Ŋutɔŋutɔe Le Vidzidɔa Mea?

Ne nyɔnu nya fɔ fu ko la, menye lãmeka dzro aɖe koe vi si le eƒe vidzidɔ me la nye o, ke boŋ ame ŋutɔŋutɔ wònye le eɖokui si. Nyɔnua ƒe ŋutilã dea dzesii be nu bubu aɖe si to vovo na yeƒe ŋutinuwoe le ye me. Ne menye ɖe vidzidɔa nye “takpɔnu” na ɖevia le dadaa ƒe dɔme le dzɔdzɔme nu o la, anye ne nyɔnua ƒe ŋutilã aɖee aƒu gbe enumake. Amegbetɔ ƒe agbe yeye sia—si le ametakpɔkpɔ te le dadaa ƒe dɔme heto vovo na eƒe ŋutinuwo—la nye ame bubu si ƒe DNA alo domenyiŋusẽfianu to vovo.

Ame aɖewo gblɔna be nyɔnuwo ƒe ŋutilã ŋutɔ tea ŋu ɖea azi siwo me vi ɖo la ƒua gbe le esi kuxi aɖewo do mo ɖa ta, ke nu ka tae mele be ɖɔkta ya naɖe fu na ame o? Togbɔ be ele alea hã la, vovototo gã aɖe le ku kpata si kuxi aɖe he vɛ kple eɖoɖo koŋ awu ame dome. Le Anyiehe Amerika ƒe dukɔ aɖe me la, ɖevi 71 kuna le ɖevi 1,000 dome le woƒe ƒe gbãtɔ me. Gake ɖe nyateƒe si wònye be ɖevi geɖe kuna evɔ womexɔ ƒe ɖeka gɔ̃ hã o la na wòasɔ be woaɖoe koŋ be awu ɖevi aɖe si mexɔ ƒe ɖeka oa? Kura o!

Eɖe dzesi ŋutɔ be Biblia gblɔ be amegbetɔ ƒe agbe dzea egɔme tso vidzidɔ me ke. Hakpala David ŋlɔ tso Mawu ŋu be: ‘Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, ɖe wò agbalẽ me.’ (Psalmo 139:16) Menye “ʋukɔe aɖe” ko ŋue David nɔ nu ƒom tso o, ke boŋ egblɔ be “esi MENYE ʋukɔe,” si ɖee fia nyuie be David ƒe agbe dze egɔme xoxo tso esime wofɔ eƒe fu ke, do ŋgɔ na edziɣi. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã David wòɖee fia be wowɔ ɖoɖo ɖe yeƒe ŋutinuwo ƒe dodo ŋu alo be “woŋlɔ” woƒe wɔwɔme ŋuti mɔfiamewo ɖi xoxo, si wɔe be wòva zu ame si wònye.

Taflatse, de dzesii hã be Biblia megblɔ be lãmeka dzro aɖe koe nɔa nyɔnu ƒe vidzidɔ me le eƒe fufɔɣi o. Ke boŋ egblɔ be: “Wofɔ ŋutsu sesẽ aɖe ƒe fu.” (Hiob 3:3, NW) Esia hã ɖee fia be le Biblia ƒe nya nu la, ne wonya fɔ fu ko la, wobua vi si ƒe fu wofɔ la be enye ame ŋutɔŋutɔ tso eƒe fufɔɣi ke. Ɛ̃, ɣemaɣie amegbetɔ ƒe agbe dzea egɔme.—g09 06-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Saline abortion nye mɔnu aɖe si dzi wotona ɖea fu, si me wodoa dzetsi ƒomevi aɖe si me aɖi le, si ate ŋu agblẽ fu dome la ɖe funɔ ƒe vidzidɔ me be ɖevia nanoe, eye zi geɖe la, ewua ɖevia le gaƒoƒo eve me. Le gaƒoƒo 24 megbe la, funɔa léa ku dzia ɖevi kukua alo—le go ʋɛ aɖewo me la—ɖevi si nɔa kudɔ ƒom.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6, 7]

Menye lãmeka dzro aɖe koe kwasiɖa atɔ̃ ƒe fugboe nye o—ŋutinu siwo katã le ame tsitsi ƒe lãme la ƒe wɔwɔme ŋuti ɖoɖowo le eme xoxo

(lolomea ŋutɔŋutɔ)