Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ Na Ame Kukuwoa?

Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ Na Ame Kukuwoa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ Na Ame Kukuwoa?

Nigeria ƒe to aɖe si woyɔna be Annang la me tɔwo xɔe se be ne womeɖi amewo kple bubu si dze o la, ekema woƒe luʋɔwo ahe kuxiwo vae—si ate ŋu anye ku gɔ̃ hã—na ƒometɔwo. Chinatɔ aɖewo hã xɔe se be ne womewɔ ɖe yewoƒe kɔnyinyiwo dzi le ameɖiɖi me o la, ame kukuawo ƒe luʋɔ ate ŋu awɔ nuvevi amewo alo awu wo gɔ̃ hã.

DZIXƆSE si nye be ne ame ku la, nane—si nye luʋɔ, gbɔgbɔ, ŋɔli, alo klã—doa go tso eƒe ŋutilã me la ƒe dzixɔse le dukɔwo ƒe dekɔnuwo katã kloe me le xexea me godoo. Ame geɖewo hã xɔe se be luʋɔ alo gbɔgbɔ sia ate ŋu ade nu ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo ƒe nyawo me.

Gake ɖe nane li si mekuna o, si doa go tso ame me le eƒe ku megbe nyateƒea? Eye ɖe “nu” ma ate ŋu awɔ nuvevi agbagbeawoa? Nu kae Biblia gblɔ?

Ðe Ame Kukuwo Ganyaa Nua?

Biblia gblɔ kple kakaɖedzi be kukuawo “menya naneke o.” Egblɔ hã be “woku, eye ŋusẽ aɖeke megale wo ŋu o.” (Nyagblɔla 9:5; Yesaya 26:14, NW) Mawu ƒe Nya la gblɔ tso ame gbãtɔ, Adam, ŋu be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi me ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.”1 Mose 2:7.

De dzesii be ɖe wowɔ Adam wònye luʋɔ, si nye, ame gbagbe. Le Biblia ƒe nya nu la, womede luʋɔ, si ate ŋu anɔ agbe ŋutilãa manɔmee la, Adam me o. Eya ta esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, eku. Ezu “ame [alo luʋɔ] kuku.” (4 Mose 6:6) Biblia gagblɔ hã be: ‘Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.’ (Ezekiel 18:4) Mí katã míenyi nu vɔ̃, alo blibomademade ƒe dome tso ame gbãtɔ, Adam, gbɔ. Eya ta ne míeku la, ekema luʋɔe nye ema ku.—Romatɔwo 5:12.

Ne Biblia le nu ƒom tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la, mezãa nya si gɔme womate ŋu ase o, ke boŋ ezãa nya siwo gɔme míate ŋu ase bɔbɔe abe ‘dɔ alɔ̃ le ku me’ ene. (Psalmo 13:3, NW) Gbe ɖeka Yesu gblɔ tso nyɔnuvi ƒe 12 vi aɖe ŋu be: “Meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.” Amewo te “ekoko fewuɖuɖutɔe, elabena wonya be eku.” Ke hã, Biblia gblɔ be Yesu nyɔe tso ku ƒe alɔ̃ me.—Luka 8:51-54.

Nenema kee wònɔ le Lazaro gome esime wòku. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ye yina Lazaro gbɔ be ‘yeaɖanyɔe tso alɔ̃ me.’ Nusrɔ̃lawo mese nya si Yesu gblɔ la gɔme o, eya ta “Yesu ʋu eme na wo kɔtɛ azɔ be: ‘Lazaro ku.’” Apostolo Paulo hã ƒo nu tso ame siwo “le alɔ̃ dɔm le ku me la ŋu” eye wògblɔ be, le Mawu ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, woagbɔ agbe.—Yohanes 11:11-14; 1 Tesalonikatɔwo 4:13-15.

Eɖe dzesi ŋutɔ be, Biblia megblɔ le afi aɖeke be luʋɔ yia edzi nɔa agbe le ame ƒe ku megbe o. Eya ta susu aɖeke meli si ta woavɔ̃ na ame kukuwo o. Ekema nu ka gbɔe wòtso be ame geɖewo xɔe se be amegbetɔ ƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe le ku megbe? Eye nu kae le megbe na ale si amewo vɔ̃na be kukuawo ate ŋu awɔ nuvevi agbagbeawo?

Beble Kple Aʋatso La

Alakpadzixɔsewoe doa nukpɔsusu si nye be, ne ame ku la, egayia edzi nɔa agbe la, ɖe ŋgɔ. Tso keke amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, amewo xɔ nufiafia si nye be luʋɔ nye nu makumaku la dzi se le xexea me godoo. Esia wɔe be, ne dziɖula aɖewo ku—abe blema Egiptetɔwo ƒe Faraowo ene—la, wowua woƒe kluviwo ale be woayi edzi anɔ dziɖulaa subɔm le ku me.

Nu siwo dzi wona amewo xɔ se be wonye ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ alo luʋɔwo la ɖe fu na ame geɖewo. Woka ɖe edzi be fuɖename mawo tso yewoƒe ƒometɔ siwo ku siwo ƒe luʋɔ mekpɔ gbɔdzɔe o kple ame kuku bubuwo gbɔ. Gake abe ale si Ŋɔŋlɔawo gblɔe eme kɔ nyuie ene la, nya siawo menye nyateƒe o. Gbɔgbɔmeŋusẽ makpɔmakpɔwo, siwo woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃woe le megbe na amedzidzedze mawo, eye edzɔa dzi na wo be yewoanɔ ŋɔdzi dom na amewo ahanɔ fu ɖem na wo.—Luka 9:37-43; Efesotɔwo 6:11, 12.

Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Satana ŋu be enye “aʋatsokafofo,” ame si “yia edzi trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” Woa kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo “le anyigba dzi nɔlawo katã blem.” (Yohanes 8:44; 2 Korintotɔwo 11:14; Nyaɖeɖefia 12:9) Le nyateƒe me la, Satana ye nye ame si le megbe na alakpanya si nye be luʋɔ nye nu makumaku eye be ate ŋu awɔ nuvevi agbagbeawo la.

Gake wokpɔ ame siwo xɔ Biblia dzi se ya ta tso ameblenya mawo me. Wova de dzesi nyateƒe si nye be Satana dzea agbagba be yeable amewo woaxɔe ase be kukuawo ate ŋu aƒo nu kple agbeagbeawo. Abe ale si Biblia gblɔe ene la, nyateƒeae nye be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Vavãe, nyateƒenyawo le Mawu ƒe Nya la me siwo naa ablɔɖe ame ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu.—Yohanes 8:32.—g09 06-E.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Ðe ame kukuwo ganyaa nua?​—Nyagblɔla 9:5; Yesaya 26:14.

▪ Nu ka gbɔe nukpɔsusu si nye be nane le ame me si yia edzi nɔa agbe le ku megbe la tso?​—Yohanes 8:44.

▪ Afi kae míate ŋu akpɔ nyateƒe si ku ɖe nɔnɔme si me ame kuku le ŋu le?​—Yohanes 8:32; 17:17.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Menye ame kukuwoe ɖea fu na amewo o, ke boŋ gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖiwoe kpɔa dzidzɔ ɖe fuɖeɖe na amewo ŋu