Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gome Le Dɔnɔ Si Be Wòatia Atike Si Woawɔ Nɛ

Gome Le Dɔnɔ Si Be Wòatia Atike Si Woawɔ Nɛ

Gome Le Dɔnɔ Si Be Wòatia Atike Si Woawɔ Nɛ

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE ITALY GBƆ

▪ Yehowa Ðasefowo melɔ̃na wodoa ʋu na wo o. Wotu woƒe tenɔnɔ sia ɖe Biblia ƒe sededewo, siwo ƒe gbãtɔ gblɔ be, “Hafi lã, si ʋu tsi lã me na la, migaɖui o!” la dzi. Wode se na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo kpuie ko be: “Miayi edzi atsri . . . ʋu.”—1 Mose 9:4; Dɔwɔwɔwo 15:29; 3 Mose 17:14.

Wode dɔ asi na sekɛndrisukuvi aɖewo le Monterenzio, Italy, be woaŋlɔ nu tso ʋuɖeɖe ŋu. Sukuvi siawo dometɔ ɖekae nye Benedetta, si nye Yehowa Ðasefo, ame si ŋlɔ nya siwo gbɔna:

“Wonya Yehowa Ðasefowo nyuie be womedoa ʋu o, le esi wowɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ta, gake esia mefia be womelɔ̃na be woawɔ atike bubuwo na yewo o. Le nyateƒe me la, lãmesẽnyawo nɔa vevie na Yehowa Ðasefowo ŋutɔ. Wodzea agbagba be yewoana woawɔ atike nyuitɔ kekeake na yewo kple yewo viwo. Wolɔ̃na faa be yewoawɔ nu aduadu kple ɖɔktawo nenye be woade bubu yewoƒe dzixɔsewo ŋu ko.”

Benedetta gblɔ kpee be: “Gome le dɔnɔ ɖe sia ɖe si be wòatia atike si eya ŋutɔ kpɔ be aɖe vi na ye, eye gome le esi hã be woade bubu eya amea ŋu, kple be wòanya kuxi kple viɖe siwo anɔ atike si woawɔ nɛ la me.”

Ame Siwo Kafua Ʋuɖeɖe Le Italy Ƒe Habɔbɔ (AVIS), si le Monterenzio, la na nunana sukuvi siwo te ŋu ɖe woƒe nukpɔsusu ku ɖe ʋuɖeɖe ŋu gblɔ eme kɔ nyuie. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Monterenzio Vivace ka nya ta be: “Wokafu Benedetta Barbi ɖe eƒe nuŋɔŋlɔa ta ŋutɔ, elabena eƒe nuŋɔŋlɔa to vovo na ame akpa gãtɔ tɔ—eye emenyawo to vovo kura na nu si ƒe dzi AVIS habɔbɔ dea ƒo na amewo—ke hã, wode dzesii be sukuvi sia te ŋu ɖe eƒe dzixɔsewo gblɔ le ŋuɖɔɖo kple bubu deto me.”

Togbɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe tenɔnɔ le ʋu ƒe nyaa me to vovo na “ame akpa gãtɔ ƒe nukpɔsusu” hã la, fifia, ɖɔkta geɖewo va le dzesi dem asixɔxɔ si gbegbe le woƒe tenɔnɔ sia ŋu. Ðasefowo ƒe tenɔnɔ sia wɔ akpa gã aɖe le atikewɔmɔnu yeye geɖe siwo ɖea ʋuɖuɖuleameŋu le amekoko me dzi kpɔtɔ la toto vae me. Esia va le vi ɖem na dɔnɔ siwo nye Ðasefowo kple esiwo menye Ðasefowo o siaa. Ke hã, susu si koŋ ta Yehowa Ðasefowo tsria ʋu ɖo la nɔ te ɖe Biblia dzi, abe ale si míegblɔe le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene.

Ne Ðasefowo gava wò aƒe me la, ɖe manyo be nàbia wo be woaɖe Wɔla la ƒe nukpɔsusu ku ɖe ʋu ŋu me na wò oa? Adzɔ dzi na wo be yewoadzro nya sia me kplii wò le “bubu deto” me.—1 Petro 3:15.—g09 06-E.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 12]

NYATAKAKA BUBUWO

Le ɖɔkta bibi xɔŋkɔ geɖe ƒe kpekpeɖeŋu me la, wowɔ DVD si nye Transfusion Alternatives si ɖe atikewɔwɔ, senyawo, kple bubudede dɔnɔwo ƒe gomenɔamesi ŋu, le atike bubu siwo woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe me, la me. Àte ŋu akpɔ eƒe ɖe le Yehowa Ðasefowo gbɔ.