Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Blanuiléledɔ Ale Si Woadae

Blanuiléledɔ Ale Si Woadae

Blanuiléledɔ Ale Si Woadae

RUTH si blanuiléledɔ ɖe fu na ƒe geɖe la gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míetsɔ nye dɔlélea yi kɔdzi, míewɔ tɔtrɔ geɖe le agbe me, eye míedze agbagba vevie nɔa agbe le mɔ aɖe si ana agbea nanya nɔ nam la nu. Míekpɔe be atike si zãm mele la le dɔ wɔm, eye nye nɔnɔmea le kakam ɖe eme. Gake ɣeyiɣi siwo me nɔnɔmea gadoa mo ɖa eye nu sia nu si míawɔ doa kpo nu la, lɔlɔ̃ si srɔ̃nye ɖena fiaam madzudzɔmadzudzɔe kple xɔlɔ̃wo ƒe ɖetsɔleme ye kpena ɖe ŋunye nyemenaa ta o.”

Abe ale si nu si me Ruth to ɖee fia ene la, ehiã be xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nana kpekpeɖeŋu geɖe ale si woate ŋui la ame siwo blanuiléledɔ sesẽ le fu ɖem na, hekpe ɖe dɔdamɔnu ɖe sia ɖe si ƒe aɖaŋu ɖɔktawo aɖo la ŋu dɔ wɔwɔ ŋu. Enye nu si me afɔku le be woaŋe aɖaba aƒu blanuiléledɔa dada dzi elabena dɔ siawo dometɔ aɖewo ate ŋu ade ame ƒe agbe afɔku me ne womele atike wɔm o. Anɔ abe ƒe akpe eve enye sia ene la, Yesu Kristo gblɔ be atikewɔlawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu, esime wògblɔ be ‘ame siwo le dɔ lém la hiã atikewɔla.’ (Marko 2:17) Nyateƒeae nye be atikewɔlawo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe atsɔ aɖe blanuiléledɔlélaa ƒe fukpekpewo dzi kpɔtɔ. *

Edadamɔnu Aɖewo Siwo Ðea Vi

Blanuiléledɔdada ƒe mɔnu vovovo li, eye dɔa ƒe dzesiwo kple ale si enu sẽe la dzie wonɔa te ɖo nyana mɔnu si woazã. (Kpɔ aɖaka si le axa 15, si ƒe tanyae nye,  “Blanuiléledɔ Ka Ƒomevie?”) Le ame geɖe go la, woƒe ƒomea ƒe ɖɔkta ate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo, gake le ame bubuwo ya gome la, wohiã dɔdamɔnu si le etɔxɛ. Ðɔktaa ate ŋu aŋlɔ blanuilélenulétike na amea alo akafu kpekpeɖeŋunamɔnu bubu aɖe nɛ. Dɔléla aɖewo ƒe nɔnɔmea ka ɖe eme na wo esi wozã gbetikewo, esi wotrɔ asi le woƒe nuɖuɖu ŋu, alo wɔ ɖoɖo ɖe kamedede si da sɔ ŋu.

Kuxi Aɖewo Siwo Doa Mo Ða

1. Xɔlɔ̃ nyuidinamela siwo si nuteƒekpɔkpɔ boo aɖeke mesu le atikewɔnyawo me o ate ŋu ava gblɔ atike siwo nàzã kple esiwo nàtsri la ŋu nya na wò. Woagate ŋu ate tɔ ɖe edzi be ele be nàzã gbetikewo, alo atike siwo ɖɔktawo ŋlɔ na wò loo alo be màgazã atike aɖeke kura o.

Bu nyaa ŋu: Kpɔ nyuie be kakaɖedzi le aɖaŋuɖoɖo ɖe sia ɖe si dzi nàlɔ̃ ɖo la ŋu. Mlɔeba la, wò ŋutɔe awɔ tiatia le dɔdamɔnu si nèkpɔ be esɔ na ye la ŋu.

2. Dziɖeleameƒo tea ŋu naa dɔnɔ aɖewo dzudzɔa atike si woŋlɔ na wo la nono, elabena wose le wo ɖokui me be nɔnɔmea mele kakam ɖe eme na yewo o alo be eva le nu bubuwo gblẽm le yewo ŋu.

Bu nyaa ŋu: ‘Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afi si adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.’ (Lododowo 15:22) Dɔdamɔnu aɖe si ŋu dɔ wɔm dɔnɔ aɖe le ate ŋu akpɔ dzidzedze nyuie wu ne dzeɖoɖo nyui le ɖɔktaa kple dɔnɔa dome. Ƒo nu tso dɔa ƒe dzesi siwo doa mo ɖa alo nu siwo ŋu nètsi dzi ɖo la ŋu na wò ɖɔktaa, eye nàbiae nenye be ahiã be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewo le atikea nono ŋu loo alo ahiã be nàyi enono dzi veviedodotɔe hafi akpɔ eƒe dɔwɔwɔ hã.

3. Kakaɖeameɖokuidzi akpa ate ŋu ana dɔnɔawo nadzudzɔ atikea zazã kpata le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko megbe le esi wose le wo ɖokui me be nɔnɔmea ka ɖe eme na yewo vie ta. Woate ŋu aŋlɔ ale si gbegbe woƒe nɔnɔmea nye ŋkubiãnyae hafi wodze atikea zazã gɔme la be.

Bu nyaa ŋu: Asiɖeɖe le atike si woŋlɔ na ame le kɔdzi zazã ŋu kpata ɖɔktaa mabiamabiae ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu alo ade eƒe agbe gɔ̃ hã afɔku me.

Togbɔ be Biblia menye atikewɔɖaŋuɖogbalẽ o hã la, Eŋlɔlaa, Yehowa Mawu, ye nye mía Wɔla. Nyati si kplɔe ɖo adzro akɔfafa kple mɔfiafia siwo Mawu ƒe Nya la naa ame siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na kpakple wo dzi kpɔlawo siaa la me.—g09 07-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Nyɔ! mele dɔdamɔnu aɖeke kafum o. Ele be ame sia ame ŋutɔ nada dɔdamɔnu vovovo siwo li la kpɔ nyuie hafi awɔ tiatia.

 [Aɖaka si le axa 15]

BLANUILÉLEDƆ KA ƑOMEVIE?

Blanuiléledɔdada ƒe mɔnu si aɖe vi na ame la nɔ te ɖe blanuiléledɔ si ƒomevi le fu ɖem nɛ la dzi.

Blanuiléledɔ sesẽ ƒe dzesiwo nu sẽna ale gbegbe be woate ŋu anɔ anyi hena ɣleti ade alo esi wu nenema ne womewɔ atike o, eye ekpɔa ŋusẽ ɖe dɔlélaa ƒe agbe ƒe akpa sia akpa kloe dzi.

Nuwɔwɔ tramatrama ƒe dɔ alo blanuiléledɔ si naa nu tena ɖe ame dzi vevie. Seselelãme ƒe fuɖename siwo gbɔ eme—ate ŋu atso nu trama wɔwɔ adãtɔe si nɔa anyi ɣeyiɣi didi dzi ahatrɔ kpata azu blanuiléle vevie.—Kpɔ nyati si nye “Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Trama Dɔwo Nu,” si dze le January 8, 2004, ƒe Nyɔ! me.

Disaimia blanuiléledɔ; togbɔ be eƒe fuɖename nu mesẽna abe blanuiléledɔ sesẽ tɔ ene o hã la, blanuiléledɔ ƒe dzesi siwo dzena le dɔlélaa ŋu wɔnɛ be megatea ŋu wɔa nu ɖe ɖoɖo nyui nu o. Le wo dometɔ aɖewo gome la, blanuiléledɔ sesẽ ɖea fu na wo enuenu.

Vidzidzi megbe ƒe blanuiléledɔ nye seselelãmedɔ si ɖea fu na vidadawo vevie le vidzidzi megbe.—Kpɔ nyati si nye “Vidzidzi Megbe Blanuiléle Gɔme Sese (Understanding Postpartum Depression,)” si dze le June 8, 2003, ƒe Nyɔ! yevugbe me tɔ me.

Vuvɔŋɔli me nuteɖeamedzi ɖea fu na amewo le esi womegakpɔa ŋdɔ le kele kple vuvɔŋɔli me o ta. Zi geɖe la, enu yina le adame kple dzomeŋɔli me.