Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋukuku Ale Si Nàwɔ Anɔ Dedie

Ʋukuku Ale Si Nàwɔ Anɔ Dedie

Ʋukuku Ale Si Nàwɔ Anɔ Dedie

TOGBƆ be ame miliɔn geɖe bui be ele vevie be woazã ʋu hã la, ʋukuku kple eƒe kuxiwoe. Akɔntabubuwo ɖee fia be le xexea me godoo la, ame siwo wu miliɔn ɖeka, akpe alafa eve kuna le ʋufɔkuwo me ƒe sia ƒe! Ne nyaa le alea ɖe, ɖe maɖe vi be míasrɔ̃ ale si míaku ʋu ŋuɖɔɖotɔe oa? Na míalé ŋku ɖe afɔ aɖewo siwo míate ŋu aɖe le esia gome la ŋu.

Lé Ŋku Ðe Ðokuiwò Ŋu

Nyatakaka aɖe si dze le Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me gblɔ be, afɔ vevi siwo ʋukula ate ŋu aɖe atsɔ aɖe ʋufɔku si ate ŋu ahe ku vɛ dzi kpɔtɔ la dometɔ ɖekae nye be wòalé ŋku ɖe ale si wòwɔa nui ne ele ʋu kum ŋu. (Australian Journal of Social Issues) Eya ta hafi ʋukula aɖe nadze mɔ kple ʋu la, anyo be wòabia eɖokui be, ‘Ðe mele nɔnɔme nyuitɔ me si awɔe be mate ŋu aku ʋu nyuia?’ Ðeɖiteameŋu ate ŋu awɔe be ame ƒe susu nawɔ dɔ̃ eye mate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu kaba o. Philippines Dukɔa Ƒe Ʋukunyawo Ƒe Dɔwɔƒe (The Land Transportation Office of the Philippines) gblɔ be dziku, dzimaɖitsitsi, kple dzidzɔ nye seselelãme siwo kpɔa ŋusẽ ɖe ʋukulawo dzi eye woate ŋu awɔe be womawɔ nyametsotso nyuiwo o, eye kura gɔ̃ hã woada ʋukuku ƒe sewo dzi.

Lãmesẽmenɔnɔ hã le vevie le esi dɔléle kple abixɔxɔ aɖewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi be mate ŋu aku ʋu le ŋuɖɔɖo me o ta. Ʋukula si dea bubu amewo ƒe agbe ŋu malɔ̃ be yeaku ʋu ne ekpɔe be aha muame akpɔ ŋusẽ ɖe yeƒe ʋukuku dzi o. Atike alo dɔyɔmɔnu aɖewo hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ʋukulaa ƒe nuwɔnawo dzi. Ne ʋukulaa kpɔe be yemele lãmesẽ nyui me o la, ekema nunya anɔ eme be wòaƒo asa na ʋua kuku kura, alo wòana ame bubu nakui.

Lé Ŋku Ðe Wò Ʋukuku Ƒe Ŋutetewo Ŋu

Zi ale si ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔme le dzidzim ɖe edzi, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me la, zi nenemae ame siwo menya ʋukuku nyuie o hã le agbɔ sɔm ɖe edzi. Eya ta enyo be míaƒo nu tso nu eve siwo wòle be ʋukula ɖe sia ɖe nawɔ be wòate ŋu aƒo asa na ʋufɔkuwo la ŋu.

Ku ʋu ŋuɖɔɖotɔe! Nɔ ŋudzɔ, wò susu nenɔ afɔku siwo ate ŋu ado mo ɖa le ŋgɔwò kple megbewò siaa ŋu, eye dze agbagba nàkpɔ afi si ʋukula ɖe sia ɖe adi be yeato la do ŋgɔ—ne womeku ʋu nyuie o gɔ̃ hã. Esi wònye be ne ʋuwo kplɔ wo nɔewo ɖo tututu ye wotea ŋu lɔa wo nɔewo zi geɖe ta la, ʋukula ɖɔŋuɖo akpɔ egbɔ be dometsotso nyui aɖe le yeƒe ʋua kple bubuwo dome ɣesiaɣi.

Nɔ ŋudzɔ ɖe do siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o kple susuhenuwo ŋu. Trɔ kɔ nàkpɔ nu siwo le edzi yim ƒo xlã wò, eye mègana ahuhɔ̃eawo nanye nu siwo ko nàzã atsɔ akpɔ megbe alo nu siwo le edzi yim ƒo xlã wò o. Ƒo asa na susuhenuwo ne èle ʋu kum. Mèganɔ nu geɖe wɔm le ɣeyiɣi ɖeka me o—elabena nuwɔnawo abe dzeɖoɖo le telefon dzi alo ʋumemɔ̃wo ŋu dɔ wɔwɔ ene hea ame ƒe susu.

Ne ènye dzokekedola: Eŋutinunyalawo gblɔ be afɔku si me dzokekedola ate ŋu aku le le kilometa ɖeka ƒe mɔzɔzɔ me la sɔ gbɔ zi gbɔ zi 37 wu ʋukula tɔ. Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta? Afɔɖeɖe eve siwo ŋu míeƒo nu tso va yi la ate ŋu aɖe vi na dzokekedola hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Dzokekedolawo Ƒe Dedienɔnɔdɔwɔƒe (Motorcycle Safety Foundation) si le United States (États-Unis) gblɔ be: “Nɔ dzedzem woakpɔ.” Kpɔ egbɔ be ʋukula bubuwo nanɔ kpɔwòm. Na wò akaɖiawo nanɔ sisi ɖi. Ƒo asa na afi si ʋukula bubuwo manɔ kpɔwòm le o la toto. “Do ametakpɔnuwo.” Ðɔ kuku eye nàdo awu siwo klẽna le akaɖi nu, kple awu siwo tri ate ŋu akpɔ tawò. “Ðɔ ŋu ɖo vevie le dzokekea dodo me.” Tsɔe be ʋukula bubuwo mele kpɔwòm o eye nàdo dzokekea aɖaŋutɔe.

Lé Ŋku Ðe Wò Ʋua Ŋu

Esi wòle be dedienɔnɔ ƒe nya nanɔ susu me na ʋukula ɣesiaɣi ta la, ke ele be eƒe ʋua nanɔ nɔnɔme nyui me ɣesiaɣi. Ele be Brekawo (alo freins) nanɔ dɔ wɔm nyui abe ʋua ƒe ŋutinu bubuwo ke ene. Ele be Tayawo ŋu nanɔ glidzaglidza ale be woagaɖiɖi bɔbɔe ne tsi le mɔa dzi o. Ne ya le tayawo me nyuie la ana ʋua kuku kple eƒe tɔtɔ nanɔ bɔbɔe wu. Egbea la, zikpuiŋuka le ʋu akpa gãtɔ me. Zikpuiŋuka siawo meɖea vi aɖeke ne womeblaa wo o.

Ku wò ʋua le ale si nɔnɔmeawo le nu. Le teƒe aɖewo la, mɔ siwo dzi tsi le, kple vevietɔ esiwo dzi tsikpe alo sno dza ɖo la kpɔa ŋusẽ ɖe afi si wòle be ʋua natɔ ase ɖo ne woɖo afɔ brekawo dzi la dzi; wokpɔa ŋusẽ ɖe stiya (alo volant) la totro hã dzi. Ne wole ʋu kum le zã me la, ele be ʋua ƒe akaɖi sesẽawo nanɔ dɔ wɔm nyuie eye manyo be woanɔ ʋua kum sesĩe o. Esi wònye be nunanae agbe nye tso Mawu gbɔ ta la, esɔ be míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ akpɔ míaƒe agbe ta, ʋukuku ŋuɖɔɖotɔe sɔsrɔ̃ hã le eme.—g09 07-E.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]

ASAƑOƑO NA MƆMEMI DOME GBEGBLẼ

Ku ʋu dzigbɔɖeanyitɔe: Ʋukuku sesĩe kpakple afɔɖoɖo brek dzi enuenu gblẽa ami dome.

Ƒo asa na dzo dede ʋua me ɖi: Egbea la, mehiã be woana ʋu geɖe ƒe mɔ naxɔ dzo hafi woaku wo o. Ne ʋua atɔ ɖi wòawu sɛkɛnd blaetɔ̃ la, anyo be nàtsi dzo na ʋua.

Ya nenɔ tayawo me nyuie ɣesiaɣi: Taya siwo me ya le nyuie la te ŋu zɔna bɔbɔe wu, si wɔnɛ be amizazã dzi ɖena kpɔtɔ ŋutɔ.

Mèganɔ du sim sesĩe o: Ʋukuku sesĩe akpa ate ŋu ahe afɔku vae eye ate ŋu agblẽ mɔmemi dome ŋutɔ.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 23]

❏ Nɔ ŋudzɔ

❏ Bla wò zikpuiŋukaa

❏ Ƒo asa nu geɖe wɔwɔ le ɣeyiɣi ɖeka me

❏ Ƒo asa na susuhenuwo

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 24]

❏ Nɔ ŋudzɔ ɖe do siwo menya kpɔna bɔbɔe o ŋu

❏ Brekawo (alo freins) nanɔ dɔ wɔm nyuie

❏ Ya nenɔ tayawo me nyuie

❏ Tayawo ŋu nenɔ glidzaglidza

❏ Na dometsotso nyui nenɔ mia dome

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 25]

❏ “Do ametakpɔnuwo”

❏ “Nɔ dzedzem woakpɔ”

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 25]

❏ Lé ŋku ɖe akaɖi sesẽawo ŋu