Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wògblẽ Be Ame Naɖo Subɔsubɔha Bubu Mea?

Ðe Wògblẽ Be Ame Naɖo Subɔsubɔha Bubu Mea?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wògblẽ Be Ame Naɖo Subɔsubɔha Bubu Mea?

Esime Avtar dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, eƒe ƒomea me tɔ siwo nye Sikh subɔsubɔha me tɔwo la do dziku. Egblɔ be: “Le mía de la, ne èdo le miaƒe subɔsubɔha me heɖo bubu me la, efia be etso kadodo ɖe sia ɖe kple nutoa me tɔwo. Ŋkɔ siwo míetsɔna gɔ̃ hã do ƒome kple subɔsubɔkɔnyinyiwo. Ne èɖo subɔsubɔha bubu me la, wobunɛ be ègbe miaƒe dekɔnuwo katã eye èdo vlo miaƒe ƒomea.”

GAKE Avtar va zu Yehowa Ðasefo mlɔeba. Ðe wògblẽ be wòado le woƒe subɔsubɔhaa me ahaɖo ha bubu mea? Ðewohĩ wò hã èle nɔnɔme ma tɔgbi me tom. Ðewohĩ àkpɔe be miaƒe ƒomea me tɔwo subɔna le mɔ aɖe koŋ nu tso blema ke, si do ƒome kplikplikpli kple miaƒe dekɔnuwo eye mele be ame aɖeke nado le eme o.

Bubudede ƒometɔwo ŋu le vevie. Biblia gblɔ be: “Ðo to fofowò, si dzi wò.” (Lododowo 23:22) Gake ele vevie wu be míadi be míanya nyateƒe si ku ɖe mía Wɔla la kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. (Yesaya 55:6) Ðe esia anya wɔa? Ne nenemae la, ekema aleke gbegbee Wɔwòla nyanya le vevie na wò?

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Ŋu Didi

Subɔsubɔha siwo le xexea me ƒe nufiafiawo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu. Eme kɔ be nufiafia mawo katã mate ŋu anye nyateƒe o. Esi wòle alea ta la, ame geɖewo anɔ anyi godoo, siwo ŋu Biblia gblɔ le be, “dzo le wo me ɖe Mawu ŋu; gake menye le sidzedze vavãtɔ nu o.” (Romatɔwo 10:2) Ke hã, abe ale si woŋlɔe ɖe 1 Timoteo 2:4 ene la, apostolo Paulo gblɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ‘nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu ame ƒomeviwo katã si.’ Aleke woawɔ ake ɖe sidzedze vavãtɔ sia ŋu?

Kpɔ susu siwo ta wòle be nàku Biblia me la ɖa. Paulo si hã gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Biblia la gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia.” (2 Timoteo 3:16) Le wò agbagbadzedze be nàke ɖe nyateƒea ŋu me la, àte ŋu aku Biblia me akpɔe ɖa be kpeɖodzi siwo ŋu woƒo nu tso le eme la nye nyateƒe hã. Wò ŋutɔ dze agbagba nàkpɔ kakaɖedzi le nunya si ɖeke mesɔ kpli o si le emenyawo me la ŋu abe, ale si ŋutinya siwo le eme la nye nyateƒee kple ale si emenyagblɔɖiwo va emee, ene.

Ne èxlẽ Biblia la, àkpɔe be megblɔ be subɔsubɔhawo katã nye mɔ ɖeka si kplɔa ame yia Mawu gbɔ o, ke boŋ egblɔ be míagaxɔ nya sia nya si míese la dzi se o, ke boŋ be “[míado] nya siwo tso gbɔgbɔ me la kpɔ, be Mawu gbɔe wotso hã.” (1 Yohanes 4:1) Le kpɔɖeŋu me, ele be nufiafia ɖe sia ɖe si tso Mawu gbɔ la nawɔ ɖeka kple amenyenye ƒe nɔnɔme si le esi, eye ele be wòawɔ ɖeka kple eƒe nɔnɔme vevitɔ si nye lɔlɔ̃ hã.—1 Yohanes 4:8.

Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu di be ‘míadze si ye nyuie.’ (Dɔwɔwɔwo 17:26, 27) Esi wònye be mía Wɔla la di be míadi nyateƒea ta la, mate ŋu anye nu gbegblẽ be míawɔ ɖe nyateƒenya siwo ŋu míeke ɖo la dzi o—ne esia abia be míaɖo subɔsubɔha bubu me gɔ̃ hã. Gake kuxi siwo esia ate ŋu ahe vɛ ya ɖe?

Dadasɔ Le Nuteƒewɔwɔ Na Ƒometɔwo Me

Ne amewo ɖe asi le woƒe dzixɔse xoxowo ŋu la, woate ŋu atso nya me be yewomagakpɔ gome le subɔsubɔkɔnuwo alo ŋkekenyui aɖewo ɖuɖu me o. Eme kɔ ƒãa be, esia ate ŋu ana ƒometɔwo nado dziku vevie. Yesu hã kpɔ esia dze sii. Egblɔ na eyomedzelawo be: “Meva be made mama amewo dome: ŋutsu ɖe fofoa ŋu, vinyɔnu ɖe dadaa ŋu, eye srɔ̃nyɔnu ɖe lɔ̃xoa ŋu.” (Mateo 10:35) Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm be taɖodzinu si le Biblia ƒe nufiafiawo ŋue nye be wòahe masɔmasɔ si womate ŋu aƒo asa na o ade ƒometɔwo domea? Ao. Ðeko wòkpɔe do ŋgɔ gblɔ nu si ate ŋu adzɔ le dzɔdzɔme nu ne ƒometɔwo tsi tsitre ɖe wo dometɔ aɖe si tiae be yeaɖo subɔsubɔha bubu si to vovo na wo tɔ la me la ɖi.

Ðe wòle be woato mɔ sia mɔ dzi aƒo asa na masɔmasɔ si esia ate ŋu ahe va ƒomea mea? Biblia fia nu be ele be viwo naɖo to wo dzilawo eye srɔ̃nyɔnuwo nabɔbɔ ɖe wo srɔ̃ŋutsuwo te. (Efesotɔwo 5:22; 6:1) Ke hã, exlɔ̃ nu ame siwo lɔ̃ Mawu la be “[woaɖo] to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Eya ta ɣeaɖewoɣi la, nuteƒewɔwɔ na Mawu abia be nàwɔ nyametsotso aɖewo siwo mado dzidzɔ na ƒometɔ aɖewo o.

Togbɔ be Biblia na vovototo si le nyateƒenufiafiawo kple aʋatsonufiafiawo dome dze ƒãa hã la, Mawu ɖe mɔ na ame sia ame be eya ŋutɔ natia akpa si dzi wòanɔ. (5 Mose 30:19, 20) Mele be woazi ame aɖeke dzi be wòasubɔ le mɔ aɖe si eya ŋutɔ kpɔ be mesɔ o la nu o, alo woazi edzi be wòawɔ tiatia le subɔsubɔha si me wòanɔ kpakple eƒe ƒomea dome o. Ðe Biblia sɔsrɔ̃ dea mama ƒometɔwo domea? Ao. Le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo le subɔsubɔha vovovo me la be woayi edzi anɔ wo nɔewo gbɔ eye woagaklã o.—1 Korintotɔwo 7:12, 13.

Vɔvɔ̃dziɖuɖu

Ðewohĩ ànɔ vɔvɔ̃m na ale si miaƒe nutoa me tɔwo awɔ nui ne Yehowa Ðasefowo va le Biblia srɔ̃m kpli wò. Mariamma gblɔ be: “Nye ƒometɔwo tsi dzi vevie be nyemava kpɔ ŋutsu nyui si ate ŋu akpɔ dzinye aɖe o. Eya ta wotsi tsitre ɖe nye Biblia sɔsrɔ̃ ŋu.” Mariamma ɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu heyi nusɔsrɔ̃a dzi. (Psalmo 37:3, 4) Wò hã àte ŋu awɔ nenema. Le esi nànɔ vɔvɔ̃m na nu si ava dzɔ teƒe la, nɔ yayra siwo nàkpɔ la ŋu bum boŋ. Biblia me gbedeasia trɔa amewo ƒe agbenɔnɔ eye wònana woƒe nɔnɔmewo ganyona ɖe edzi. Amewo va srɔ̃a ale si woaɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ afia woƒe ƒomea me tɔwo. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu nɔnɔme gbegblẽwo, abe dzugbewo zazã kple ŋutasesẽ le ame ŋu kpakple aha muamewo kple atike sesẽwo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ene, dzi. (2 Korintotɔwo 7:1) Biblia dea nuwɔna nyuiwo, abe nuteƒewɔwɔ, anukwareɖiɖi kple dɔ sesẽ wɔwɔ ene, hã ƒe dzi ƒo. (Lododowo 31:10-31; Efesotɔwo 4:24, 28) Ðe manyo be nàgbɔ dzi ɖi asrɔ̃ Biblia ahakpɔ ale si wɔwɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi aɖe vi na wòe oa?—g09 07-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

 

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Nu ka tae wòle be wò ŋutɔ nàku subɔsubɔha si me nèle ƒe dzixɔsewo me ɖo?—Lododowo 23:23; 1 Timoteo 2:3, 4.

▪ Aleke nàwɔ ake ɖe nyateƒenufiafiawo ŋu?—2 Timoteo 3:16; 1 Yohanes 4:1.

▪ Ðe wòle be nàdzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ ne wò ƒometɔwo tsi tsitre ɖe ŋuwòa?—Dɔwɔwɔwo 5:29.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Biblia me gbedeasia trɔa amewo ƒe agbenɔnɔ wònyona ɖe edzi

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mariamma kple srɔ̃a