Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzila Wɔnuteƒe Siwo Wɔa Nu Aduadu

Dzila Wɔnuteƒe Siwo Wɔa Nu Aduadu

Dzila Wɔnuteƒe Siwo Wɔa Nu Aduadu

▪ Yame fana miamiamia le South Africa ƒe kponyigba gbadza la dzi abe tsifamɔ me ene. Esi menɔ nye ɔfis si me wode dzoxɔxɔe le xɔdzisasrã etɔ̃lia dzi la, melé ŋku ɖe ati lũxe aɖe si vuvɔŋɔlimeya nɔ ƒoƒom nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm la ŋu nyuie. Eye mekpɔ ahɔne siwo xlɔ̃na abe nu kom wole ene la ƒe ɖe wònɔ dzo lém ɖe ŋkeke etɔ̃ ƒe ahɔnevi eve ŋu le atilɔ dzevee aɖe to me le anyi me ɖaa.

Hafi ahɔnea naɖa azi gbãtɔa la, woa kple ahɔnetsua wowɔ dɔ aduadui hewɔ atɔ la—atsua tsɔa atilɔ kple gbe wuwluiwo vanae, eye nɔa tsɔa wo lɔ̃a atɔ lae. Wowɔ dɔa nyuie ŋutɔ, elabena vuvɔŋɔlimeya sesẽ la mete ŋu kaka atɔ, si va zu azi eve siwo ahɔnea ɖa la nɔƒe fifia o. Ahɔnenɔa dɔa aziawo dzi le zã me; ahɔnetsua hã dɔa wo dzi le ŋkeke me. Le kwasiɖa eve aɖewo megbe la, aziawo ƒo vi. Hafi kwasiɖa eve bubu nawu enu la, ahɔneviawo atsi nyuie eye ŋusẽ hã aɖo wo ŋu woate ŋu adzo.

Kpɔe ɖa le susu me! Ðe nàte ŋu ase xɔxlɔ̃ nyuie ma, si le ɖiɖim abe nukoko enea? Ahɔnenɔ la lɔ nuɖuɖu ɖe eƒe vetome vae na via siwo dɔ le wuwum vevie la heva dze ɖe atilɔ aɖe dzi le atɔa xa, eye wòxlɔ̃ tsɔ ɖee fia be yeva ɖo hele klalo axɔ ɖe atsua teƒe. Ne ahɔneviawo va tsi hedo le atɔa me hã la, dzila evea siaa ayi edzi anɔ wo nyim va se ɖe esime woawo ŋutɔwo asu te anyi wo ɖokuiwo.

Ale si xe siawo wɔa nu aduadui kple ale si woléa be na wo viwoe la wɔa nuku nam ŋutɔ, eye xeawo ƒe dzɔdzɔmenunya sia tsoa woƒe dzidzime aɖe dzi yia bubu dzi. Nyateƒenya sia na meɖo ŋku Psalmo 86:8 me nyawo dzi, si gblɔ be: “[Oo Yehowa,] ame aɖeke mede nuwò . . . o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o.”

Yehowa Mawu na mɔfiamewo dzila amegbetɔwo le eƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la, me, siwo medoa kpo nu gbeɖe o abe ale si ko wòna nunya ahɔnewo ene. Le kpɔɖeŋu me, Biblia de dzi ƒo na vidadawo be “woalɔ̃ wo viwo.” (Tito 2:4) Egblɔ na vifofowo hã be: “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Efesotɔwo 6:4; 1 Timoteo 5:8) Dzila siwo wɔna ɖe mɔfiame siawo dzi la ƒe nu dzea Mawu ŋu godoo.—g09 08-E.