Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yayrae Loo Alo Fiƒodee?

Yayrae Loo Alo Fiƒodee?

Yayrae Loo Alo Fiƒodee?

Ʋukula aɖe ɖe ŋu ɖi ale be ʋua yi ɖalɔ elɛktrikkaɖiti aɖe, eye nuvevi wɔ ʋua me nɔla aɖe ŋutɔ. Enumake ezã eƒe asitelefon tsɔ yɔ amewo be woava kpe ɖe yewo ŋu. Gake aleke wòdzɔe be ʋua yi ɖalɔ nu? Eƒe ŋku dzo le mɔa dzi vie esi ame aɖe yɔe le telefon dzi wònɔ nu ƒom kplii.

ABE ale si kpɔɖeŋu sia ɖee fia ene la, mɔɖaŋunu siwo woto vae egbea ate ŋu aɖe vi na mí alo agblẽ nu le mía ŋu—enɔ te ɖe ale si míezãa woe la dzi. Ke hã, ame akpa gãtɔ malɔ̃ be yewoagatrɔ ɖe mɔɖaŋunu siwo wobu be wozu tsigãdzinuwo la zazã ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, kɔmpiuta kpena ɖe mía ŋu míewɔa dɔ geɖe evɔ ɖeɖi metea mía ŋu o, míezãa Internet tsɔna dea ga gadzraɖoƒe, eye míetea ŋu ɖoa e-mail ɖe amewo, gblẽa nya ɖe telefon dzi na wo, alo míate ŋu akpɔ wo le míaƒe asitelefon dzi ne míele nu ƒom kpli wo.

Nyitsɔ laa la, ne ƒomea me tɔwo dzo le aƒe me le ŋdi yi woƒe dɔ vovovowo gbe la, womegasea wo nɔewo ŋkɔ o va se ɖe fiẽ hafi. Gake USA Today ka nya ta be fifia ya la, “atsu kple asi siwo si asitelefon le la dometɔ 70 le alafa me yɔa wo nɔewo gbe sia gbe hebiana ko be woli nyuie hã, wo dometɔ 64 le alafa me yɔa wo nɔewo tsɔ wɔa ɖoɖo ɖe nu siwo wòle be woawɔ la ŋu, eye dzila 42 le alafa me zãa asitelefon tsɔ yɔa wo viwo gbe sia gbe.”

Mègana Nu Si Ate Ŋu Aɖe Vi La Nagblẽ Nu Le Ŋuwò O

Ðe mɔɖaŋunuwo zazã fũu akpa alo wo mazãmazã nyuie ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le susu kple ŋutilã mea? Bu srɔ̃tɔ yeye eve siwo le dukɔ deŋgɔ aɖe me ŋu kpɔ. Le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒe nya nu la, “telefon dzi koe woƒoa nu kple wo nɔewo le ɣesiaɣi—woɖale ʋu me o, woɖale ka me dem o, eye wonɔa xɔ vovovowo me le woawo ŋutɔ ƒe aƒe me gɔ̃ hã nɔa wo nɔewo yɔm.” Ɣeaɖewoɣi la, wozãa miniti 4,000—si wu gaƒoƒo 66 sɔŋ—ɣleti sia ɣleti, eye wogblɔ be yewomate ŋu anɔ anyi telefon manɔmee o. Agbalẽnyalagã Harris Stratyner, si nye susuŋutinunyala, gblɔ be esia nye “dzesi be nane zu numame gbegblẽ na ame.” Egblɔ kpee be: “Ðeko wòle abe wole ƒomedodo me kple wo nɔewo to [asitelefon] dzi ene.”

Togbɔ be kpɔɖeŋu ma masɔ kple ale si ame akpa gãtɔ wɔa nui o hã la, eɖee fia be nɔnɔme wɔnublanui aɖe le edzi yim egbea. Le ame geɖewo gome la, womate ŋu anɔ anyi gaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã mɔɖaŋunu siawo mazãmazãe o. Ðetugbui aɖe si le eƒe ƒe 20-awo me la gblɔ be: “Ehiãna ɣesiaɣi be míakpɔ ɖa be ame aɖe ɖo e-mail ɖe mí hã, be míanɔ Internet zãm ɣesiaɣi, eye be mía kple mía xɔlɔ̃wo míanɔ e-mail ŋlɔm na mía nɔewo ahanɔ eŋu ɖom enumake.”

Ðɔkta Brian Yeo gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me be: “Ne mɔɖaŋunuwo zazã va le ɣeyiɣi geɖe wu xɔm le asiwò, eye wo zazã doa dzidzɔ na wò wu nu sia nu la, esia nye nuxlɔ̃amedzesi si ŋu kakaɖedzi le be nane mele edzi yim nyuie o.” (The Business Times of Singapore) Gawu la, zi geɖe la, ame siwo ɖea wo ɖokui ɖe vovo hevuna ɖe mɔɖaŋunuwo zazã ŋu gaƒoƒo geɖe tre ɖe enu la medea ka me o, eye esia ate ŋu ana woaxɔ dzi kple ʋuka me dɔ, suklidɔ, alo dɔ siwo vɔ̃ɖi wu emawo.

Mɔɖaŋunuwo zazã akpa me tsonu aɖewo ya vana enumake. Le kpɔɖeŋu me, le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ku ɖe asitelefonzazã ŋu nu la, ʋukula siwo léa asitelefon ɖe asi alo denɛ to me nɔa dze ɖom la ƒe susu menɔa nu siwo le edzi yim le mɔa dzi ŋu tututu o, abe ale si ko wònɔna le ʋukula siwo mu aha gome ene! Ne ame le ʋu kum hafi gale nu ŋlɔm na amewo to asitelefon dzi la, ate ŋu ana wòadze afɔku, eye numekuku aɖe ɖee fia be ʋukula siwo xɔ ƒe 16 va se ɖe ƒe 27 dometɔ siwo ade 40 le alafa me nɔa nu ŋlɔm na amewo to asitelefon dzi ne wole ʋu kum. Gawu la, nenɔ susu me na wò be ne èle nu ƒom kple ame aɖe le wò asitelefon dzi alo le nu ŋlɔm nɛ esime nèle ʋu kum, eye afɔku aɖe dzɔ la, kpovitɔwo kple nugblẽfexeha si kpɔa wò nyawo gbɔ la awɔ numekuku nenye be èzã wò asitelefon le ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na afɔkua teti. Nuƒoƒo na ame alo nuŋɔŋlɔ na ame le asitelefon dzi ɖeɖe dzaa ate ŋu agblẽ nu geɖe! * Esi wowɔ numekuku le ketekefɔku aɖe si dzɔ le ƒe 2008 me le California si le Amerika, si me ame 25 ku le ŋu la, wokpɔe be ketekea kula nɔ nu ŋlɔ na ame aɖe to eƒe asitelefon dzi sɛkɛnd ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na afɔkua. Medze agbagba gɔ̃ hã be yeatɔ ʋua o.

Esi wònye be ɖevi geɖewo va le asitelefon, kɔmpiuta, kple mɔɖaŋunu siwo dzi modzakaɖenuwo nɔna zãm geɖe wu ta la, ehiã be woakpe ɖe wo ŋu woanya ale si woazã nu siawo nunyatɔe. Aleke woawɔ akpe ɖe wo ŋu? Taflatsɛ, xlẽ nyati si kplɔe ɖo.—g09-E 11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Ele be ame siwo katã dzea agbagba vevie be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu la nanɔ ŋudzɔ ɖe nu sia nu si ate ŋu ahe woƒe susu le nɔnɔme ɖe sia ɖe si me afɔku ate ŋu adzɔ le me la ŋu vevie.—1 Mose 9:5, 6; Romatɔwo 13:1.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ðe mɔɖaŋunuwo zazã le ɣeyiɣi geɖe xɔm le asiwòa?