Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi Mele Suwòm Oa?

Ɣeyiɣi Mele Suwòm Oa?

Ɣeyiɣi Mele Suwòm Oa?

NE NYABIASE siwo le ɖusime la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋuɖoɖo evelia alo etɔ̃lia ye sɔ kple wò nɔnɔmewo la, ekema ɖewohĩ ɣeyiɣi mele suwòm o nyateƒe. Gake menye wò ɖekae koe o. Le afi sia afi kloe la, amewo tsi dzi ɖe nu si hiã wɔwɔ ŋu, eye ɣeaɖewoɣi hã, menye emae le vevie na wo hafi o. Ke boŋ esi wòhiã be woawɔe ta koe. Nu siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye be woadzra ʋu ɖo, awɔ nu si dɔtɔ di, akpɔ nya aɖe si hiã kpata gbɔ. Ne kuxiwo le vavam ɖe wo nɔewo yome wòhiã be nàkpɔ wo gbɔ la, ekema ava wɔ na wò be yemele ɣeyiɣia ŋu dɔ wɔm abe ale si yedii ene o. Àse le ɖokuiwò me be ɖeko wode ka ye le hehem.

Ðewohĩ àsusui be ɣeyiɣi aɖe ƒe nu koe. Nɔnɔmeawo ava ka ɖe eme, eye yeava kpɔ ɣeyiɣi awɔ nu siwo le vevie na ye ŋutɔŋutɔ, nu siwo ana mia kple wò ƒomea kpakple ame bubuwo miakpɔ dzidzɔ le agbe me. Gake va se ɖe ɣekaɣi? Èsusu be yele vovo ge vie egbea? Àvo le kwasiɖa sia mea? Alo le ɣleti si gbɔna me?

Eme kɔ be du dzi ko nɔ ge xexea ya le. Gake àte ŋu awɔ nane atsɔ akpɔ ɣeyiɣi awɔ nu si nèdi. Aleke?—g10-E 04.

[Aɖaka si le axa 3]

Zi nenie nèkpɔa ɣeyiɣi ɖe nu siwo koŋ le vevie na wò ŋu?

Gbe sia gbe

Memleɖa kple Kwasiɖa

Ƒãa hafi

Gbe sia gbe la,

Ètea ŋu wɔa nu si nèɖo be yeawɔa?

Ètea ŋu wɔa nu bubu siwo va kpe esiwo nèɖo be yeawɔ laa?

Ètsia dzi, elabena nu geɖe hiã wòle be nàwɔa?

Gbe sia gbe ɖe, èsena le ɖokuiwò be

Yete ŋu wɔ nuwo abe ale si yedi enea?

Yexaxa elabe wolɔa dɔ bubu siwo mehiã o la kɔna ɖe dziwòa?

Yemevo kura o; kaka dɔ ɖeka navɔ ko bubu vaa?

Kaka ŋkekea nawu enu la,

Ètea ŋu wɔa nu vevi siwo hiã?

Ètea ŋu wua dɔ si hiã la nu gake menye abe ale si nàdi be yeawɔe hafi ene oa?

Mèkpɔa ɣeyiɣi ɖe nu siwo hiã ŋutɔŋutɔ la ŋu oa?

Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne ŋkekea wu enu?

Dzi dzɔa wò, eye wò dzi dzea eme

Èsena le ɖokuiwò me be yemewɔ dɔ gbagbe aɖeke o, eye ɖeɖi tea ŋuwò

Ètɔtɔna