Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu 20 Siwo Nàwɔ Be Nàkpɔ Ɣeyiɣi Geɖe Wu

Nu 20 Siwo Nàwɔ Be Nàkpɔ Ɣeyiɣi Geɖe Wu

Lãe Dzra Ðo

Nu 20 Siwo Nàwɔ Be Nàkpɔ Ɣeyiɣi Geɖe Wu

“Miyi edzi miazɔ le nunya me . . . eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la na mia ɖokui.”—Kolosetɔwo 4:5.

NE ÈDE dzesi nu siwo nàdi be yeawɔ le ŋkeke kple ɣeyiɣi vovovowo me vɔ la, ke nu si dze ŋgɔ wò azɔe nye be nàtsɔ wo ade dɔwɔwɔ me ŋutɔŋutɔ. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.

1 ÐO NU SIWO NÀWƆ GBE SIA GBE. Ðo nu siwo nàdi be yeawɔ la tso esi le vevie wu dzi. De dzesi esiwo ŋu wòhiã be nàzã ɣeyiɣi ɖo wu. Ne èwɔ ɖe vɔ la, de dzesii. Ne mèwu ɖe nu o la, tsɔe kpe esiwo nàwɔ ŋkeke si akplɔe ɖo.

2 NE KALƐNDA VOVOVOWO LE ASIWÒ LA, NA ÐOÐOWƆÐI SIWO LE WO DZI LA NASƆ. Ne ède dzesi nane ɖe kalɛnda dzi le wò kɔmpiuta dzi la, anyo be nàgade dzesii ɖe wò fon hã dzi, ale be ne ehiã la, wòaɖo ŋku edzi na wò. Ne kalɛnda evee nèzãna, gake ɖeka dzi koe nèŋlɔ ɖoɖo aɖe si nèwɔ la ɖo la, ɖewohĩ àŋlɔe be.

3 ŊLƆ NU SIWO AKPE ÐE ŊUWÒ NÀWƆ DƆA LA ÐI. Ŋlɔ dɔa ƒe akpa vovovoawo ɖi ɖe ɖoɖo nu.

4 WƆ ÐOÐO ÐE DƆ SIWO LE VEVIE NA WÒ WU LA ŊU GBÃ. Esia ana nàkpɔ ɣeyiɣi ɖe esiwo mehiã boo o la ŋu.

5 ÐO TAÐODZINU SIWO GBƆ ÐOÐO LE BƆBƆE. Ne èɖoe be yeadze agbagba abi ɖe dɔ si yewɔna me nyuie la, anɔ bɔbɔe na wò wu be nàɖoe be yeadze agbagba ava zu dɔmemegã.

6 NYAE BE MÀTE ŊU AKPƆ ƔEYIƔI ÐE NU SIA NU ŊU O. Kpɔ dɔ siwo aɖe vi wu la gbɔ gbã. Ke dɔ bubu siwo hiã kpata, alo esiwo wòhiã be nàwɔ godoo ya ɖe? Ne màte ŋu aɖe asi le wo ŋu alo ade wo asi na ame bubu o la, ekema kpɔe ɖa be àte ŋu akpɔ ɣeyiɣi vi aɖe ɖe wo ŋu hã. Dɔ aɖewo ate ŋu anɔ anyi nàva wɔ le ɣleti aɖewo megbe ne womehiã kaba o, alo ɖewohĩ mahiã be nàwɔ wo gɔ̃ hã o. Zã ɣeyiɣi geɖe ɖe dɔ siwo nèsusu be wole vevie hafi nàɖo wò taɖodzinuwo gbɔ la ŋu.

7 MA ƔEYIƔIA ÐE DƆAWO ŊU. Be nànya ale si nèle ɣeyiɣia zãmee la, ma ɣeyiɣia ɖe dɔawo ŋu kwasiɖa ɖeka alo eve. Ðe nègblẽa ɣeyiɣi geɖe ɖe dɔ siwo mele vevie o la ŋua? Ame ɖeka alo eve aɖewo koŋ ye doa kplamatsɛ wòa? Ŋkekea alo kwasiɖa ƒe ɣeyiɣi aɖewo koŋue wòdzɔna be nanewo va gblẽa wò ɖoɖowo mea? Ðe dɔ siwo va doa kplamatsɛ wò hegblẽa ɣeyiɣi na wò la ɖa.

8 MÈGAWƆ ÐOÐO ÐE NU GEÐE FŨU AKPA ŊU O. Ne èwɔ ɖoɖo be yeayi asi me, yeadzra nanewo ɖo, yeaxɔ amedzro, yeakpɔ film, eye yeaxlẽ nu, eye nèɖoe be yeawɔ nu siawo katã gbe ɖeka la, ɖeko nàtsi dzi, eye màse vivi na wo dometɔ aɖeke o.

9 DZE AGBAGBA BE NU GEÐE NAGADO KPLAMATSƐ WÒ O. Ðo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi gbe sia gbe, si me màdi be ame aɖeke alo naneke nado kplamatsɛ ye le o, negbe ɖe wòhiã vevie ko. Ne anya wɔ la, tsi wò fon ɣemaɣi. Tsi mɔɖaŋunu bubu ɖe sia ɖe si nèkpɔ be aɖe fu na ye la hã.

10 DA DƆ SESẼWO ÐE ƔEYIƔI SI NÈKPƆ BE ŊUSẼ LE YE ŊU NA EWƆWƆ LA DZI.

11 KPƆ DƆ SIWO MEVIVIA NUWÒ O LA GBƆ KABA. Ne ènya wɔ wo vɔ ko la, àkpɔe be esiwo mesesẽ o la wɔwɔ le bɔbɔe.

12 BU NU SIWO MÈLE MƆ KPƆM NA O HÃ ŊU. Ne èkpɔe be yeate ŋu ava ɖo teƒe aɖe le miniti 15 me la, gblɔ be yeava le miniti 25 me. Ne èsusu be ɖoɖo aɖe axɔ gaƒoƒo ɖeka la, ɖo gaƒoƒo ɖeka kple miniti 20 ɖe eŋu. Gblẽ ɣeyiɣi aɖe ɖi le ŋkekea me, si ŋu mèwɔ ɖoɖo aɖeke ɖo o.

13 ZÃ ƔEYIƔI SIWO ŊU MÈWƆ ÐOÐO AÐEKE ÐO O LA NYUIE. Àte ŋu anɔ nyadzɔdzɔwo sem esime nèle dzadzram ɖo. Àte ŋu anɔ agbalẽ xlẽm esime nèle ʋu lalam alo le ʋu me. Àte ŋu azã ɣeyiɣi mawo atsɔ aɖi ɖe eme hã. Gake mègagblẽ wo dome wòava ve wò emegbe o.

14 KPƆE ÐA BE YEATE ŊU AÐE DƆA DZI AKPƆTƆ HÃ. Ðewohĩ nu 2 koe le vevie wu le nu 10 siwo nèdi be yeawɔ la dome. Ðewohĩ àkpɔe be ne èwɔ dɔ aɖe ƒe akpa vevi aɖe ko la, dɔa katã kloe koe nye ema nèwɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne aŋgbawo dudu tso atiwo dzi ɖe aƒewò me la, àkpɔe be ne èkplɔ afi si aŋgbawo dudu ɖo wu ko la, ke èkplɔ aƒea me katã kloe vɔ koe nye ma.

15 NE EWƆ NA WÒ BE DƆAWO SƆ GBƆ AKPA LA, ŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe agbalẽ kakɛ aɖe dzi. Emegbe nàma dɔawo ɖe akpa eve: esiwo nàwɔ egbe kple esiwo nàwɔ etsɔ. Wɔe nenema ke le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi.

16 ÐI ÐE EME VIE BE ŊUSẼ NAGAÐO ŊUWÒ. Ne èɖi ɖe eme vie, eye ŋusẽ yeye ɖo ŋuwò la, àkpɔe be àwɔ dɔ geɖe wu esi ɖeɖi nate ŋuwò gake nàganɔ dɔa gbɔ.

17 ŊLƆ ALE SI NÈBU TSO DƆA ŊU LA ÐI. Ŋlɔ nu si nèkpɔ be enye kuxi le dɔa ŋu, nu si ta wòle fu ɖem na wò, kple mɔ vovovo siwo dzi nàto akpɔ egbɔ la ɖi.

18 MÈGANƆ MƆ KPƆM BE NU SIA NU NADE BLIBO O. Ne èkpɔ be yemate ŋu akpɔ ta na dɔ aɖe o la, ekema ɖe asi le eŋu nàtrɔ ɖe bubu si hiã ŋu.

19 BIÃ ŊKU ÐE DƆA ŊU NÀWƆ. Mègalala be dɔa nadzro wò hafi nàwɔe o. Wò ya dze egɔme ko.

20 TRƆ ÐOÐOAWO FAA. Susu koe nu siawo nye míedo ɖa le nyati sia me; menye se kpaɖii wonye o. Te wo kpɔ, kpɔe ɖa be kawoe sɔ na wò hã, eye nàtrɔ asi le bubuwo ŋu ɖe wò nɔnɔme kple hiahiãwo nu.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]