Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Metia Dɔ Si Nyo Wu

Metia Dɔ Si Nyo Wu

Metia Dɔ Si Nyo Wu

ABE ALE SI PLAMEN KOSTADINOV GBLƆE ENE

ESUSƆ vie ŋdɔ ga wuieve naƒo hafi menyɔ. Atukpa ƒuƒluwo le afi sia afi le anyigba, eye atamafi yɔ nugoewo taŋ hena teƒea katã le ʋeʋẽm kũu. Dzidzɔ si mekpɔ le zã si va yi me la bú. Metɔtɔ ŋutɔ, eye mese le ɖokuinye me be metsi akogo. Mɔkpɔkpɔ bú ɖem keŋkeŋ! Na magblɔ ale si mewɔ va ɖo nɔnɔme wɔnublanui sia me la na wò.

Kaka maxɔ ƒe 14 la, menye nutala xoxo. Ƒe 1980 ƒe kele mee. Ðeko fofonye gblɔ nam be woxɔm ɖe suku kɔkɔ aɖe si me wofiaa nutata le la me, le Troyan le Bulgaria koe nye ema. Dzi dzɔm ale gbegbe. Kaka ƒe ma nawu enu la, meʋu le mía de Lovech yi Troyan.

Evivi nam be medzo le dzinyelawo gbɔ, eye mate ŋu awɔ nu sia nu si medi. Meva te atamanono, eye ɣeaɖewoɣi la, mía kple xɔ̃ siwo medze le suku la míenoa aha muna. Womeɖe mɔ ɖe atama kple aha nono ŋu le sukua o. Gake se siawo dzi dada koŋue doa dzidzɔ nam.

Megava lɔ̃ nutata ɖe edzi. Megava bi ɖe nutata me, eye medi vevie be maxɔ ŋkɔ. Esi mede suku ƒe atɔ̃ le Troyan vɔ la, meɖoe be mayi sukua dzi le Nutasuku si le Bulgaria ƒe fiadu si nye Sofia me. Suku sia nye nutasuku si xɔ ŋkɔ wu le Bulgaria. Le ƒe 1988 me la, menɔ sukuvi enyi siwo ko wotia le dukɔ bliboa me be woade suku sia la dome. Mekpɔe be medze agbagba ŋutɔ! Gbe ɖeka mekpɔ ahuhɔ̃e me hegblɔ na ɖokuinye dadatɔe be: ‘Plamen, èzu nutala xɔŋkɔ vɔ!’

Ale Si Nye Nɔnɔme Wɔ Va Gblẽ

Fifia medze awu yibɔ dodo, meɖe asi le nye ɖa ŋu wòto legbee, eye nye ge hã to ʋluyaa. Aleae amewo kpɔa mɔ be nutala ƒe dzedzeme nanɔ. Eya ta mena nye dzedzeme va to vovo na amewo katã tɔ, abe ale si mesusu be ele be nutala nanɔ ene. Meva haya xɔ ɖe nutalawo nɔƒe, eye mekaka nuwo ɖe xɔa me nyamaa. Eye meƒle dadi kple via etɔ̃ kpakple avuvi aɖe va da ɖe xɔa me. Mezãa ga hã yakayaka.

Gake megalɔ̃ nutata kokoko. Mesusua nu siwo meli ŋutɔŋutɔ o, siwo awɔ dɔ ɖe ame dzi la ŋu hetaa wo. Meta nu ɖe nye xɔa me ƒe gliwo gɔ̃ hã ŋu. Mebu esia be enye nye agbemedɔ nyui sia ƒe gɔmedzedze.

Nu si melɔ̃a wɔwɔ koŋ ye nye be mía kple xɔ̃nye sukuvi bubuwo míaɖu nu ano nu ahakpɔ dzidzɔ. Zi geɖe la, míekpena le nye xɔ me ƒoa ha henoa aha tsu, eye míewɔa esia ne míeyina dodokpɔwo ŋlɔ ge gɔ̃ hã. Nu siwo ŋu míelɔ̃a dzeɖoɖo tsoe nye hadzidzi, nutata kple tameɖoɖo si le agbe ŋu. Zi geɖe la, míeƒoa nu tso ŋusẽ siwo kɔ wu amegbetɔwo tɔ, kple nu siwo míesusu be woyia edzi le yamenutowo me la ŋu. Dzeɖoɖo siawo wɔnɛ be megabua nu yeyewo ŋu, ale be megakpɔa nu bubu siwo magata la le susu me. Medina be makpɔ dzidzɔ alea eteƒe nadidi, gake ne memu aha koe mesea vivi alea. Edzɔna zi geɖe be kaka ŋu nake la, nyemenyana be mekpɔ dzidzɔ aɖeke va yi o.

Esi menɔ agbe alea ƒe ewo sɔŋ megbe la, meva kpɔe be nyemele vivi aɖeke sem le agbe me o. Togbɔ be nu siwo metana nya kpɔna hã la, nye ŋutɔ ya nyemekpɔa dzidzɔ le ememe o, eye mesena le ɖokuinye me be metsi akogo. Didi sẽŋu si nɔ menye be mava zu nutala xɔŋkɔ la nu va le tsitsim. Dzi ɖe le ƒonye, eye nyemeganya ale si manɔ agbee o. Ɣeyiɣi sia ŋu nyae megblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze.

Nyateƒea Va Tsom Xɔ

Le ƒe 1990 me la, meɖoe be maɖe nye nutatawo afia le Lovech. Mekpe Yanita si medze si le suku le Sofia, eye eya hã tso Lovech la, be wòava. Esi wɔnaa wu enu la, mía kple Yanita míeyi ɖe nuɖuɖudzraƒe aɖe be míakpɔ dzidzɔ vi aɖe. Esi míenɔ dze ɖom la, eƒo nu tso nu siwo Yehowa Ðasefowo fiae le Biblia me la ŋu. Egblɔ nam be wodo xexe yeye aɖe ƒe ŋugbe le Biblia me. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Yanita yi Biblia sɔsrɔ̃a dzi le Sofia, eye ɣeaɖewoɣi la, etsɔa Biblia srɔ̃gbalẽwo vanɛ nam. Nyemaŋlɔ ale si mexlẽ agbalẽ siwo nye “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye” kple Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi * la dzidzɔtɔe le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko me la akpɔ o. Mesesẽ nam be maxɔe ase be Mawu li o, eye medi enumake be manya ale si mado gbe ɖa nɛ. Megaɖoa ŋku ale si medo gbe ɖa zi gbãtɔe dzi. Medze klo hegblɔ nye dzimedidiwo na Yehowa. Meka ɖe edzi bliboe be enɔ to ɖom. Dzidzɔ kple dzidzeme va xɔ ɖe akogotsitsia teƒe.

Yanita ɖem fia Yehowa Ðasefo atsu kple asi aɖe le Sofia. Wodoe ɖa be yewoasrɔ̃ Biblia kplim, eye wokpem be made yewoƒe kpekpewo. Megaɖoa ŋku kpekpe gbãtɔ si mede le June 1991 me la dzi. Meɖo afi ma gaƒoƒo eve do ŋgɔ, eye menɔ lalam le teƒe aɖe si te ɖe afi ma ŋu. Nyemebui kura be woaxɔm nyuie o, eya ta menɔ vɔvɔ̃m, eye nyemevo le ɖokuinye me o. Gake ewɔ nuku nam ŋutɔ be ame sia ame do vivi ɖe ŋunye togbɔ be nye dzedzeme to vovo na ame sia ame tɔ hã. Tso ema dzi la, medea kpekpeawo edziedzi, eye wosrɔ̃a Biblia kplim zi eve kwasiɖa sia kwasiɖa.

Dzi dzɔm ŋutɔ esime wona Bibliam. Nyemexlẽ naneke le nye agbe me kpɔ, si me nunya le, eye wòwɔ dɔ ɖe dzinye hedo dzidzɔ nam nenema gbegbe abe Yesu ƒe Todzimawunya la ene o. Esi menɔ nua srɔ̃m la, meva de dzesii be Mawu ƒe Nya la na metrɔ nye agbenɔnɔ abe ale si Efesotɔwo 4:23 gblɔe ene be: “Ele be woawɔ mi yeyee le ŋusẽ si ʋãa miaƒe tamesusu la me.” Medzudzɔ atamanono, eye meva trɔ asi le ale si medoa awu hedzrana ɖoe la ŋu. Metrɔ ale gbegbe be gbe ɖeka esi fofonye va tso ye ge le ketekedzeƒe le Lovech la, eto ŋunye elabena mekpɔm dze sii o.

Meva léa be na nɔnyeƒe hã. Ale si megblẽa nye xɔ me ɖi nyamaa, ale si meta nu ɖe gliawo ŋu, kple atama ƒe ʋeʋẽ megaʋãm be mata nu bubuwo azɔ o. Meva kpɔe be ele be maɖɔ nu sia nu ɖo. Mesi akalo ɖe xɔa me katã, si wɔe be nu ɖivɔvɔ̃ aɖe si meta ɖe glia ŋu wòto ŋku etɔ̃ la bú.

Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, xɔ̃nyewo gbem, gake medze xɔ̃ yeyewo le Kristotɔwo ƒe kpekpeawo me, eye wokpɔtɔ nye xɔ̃nye vavãwo va se ɖe egbe. Hadede kple ame nyui siawo wɔe be meyi ŋgɔ kabakaba le nu si srɔ̃m mele la me. Le March 22, 1992 la, mena wonyrɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gbãtɔ si wowɔ le Bulgaria ƒe dugã si nye Plovdiv me.

Metrɔ Gbɔ Va Lovech

Togbɔ be duvi me nɔnɔ made nutala dzi o hã la, meɖoe be ne mewu sukua nu la, matrɔ agbɔ va Lovech. Meva de dzesii be manɔ bɔbɔe nam be matsɔ nutata awɔ nye agbemedɔ agatsɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe nuwo hã aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me o. Eya ta metia be maɖe asi le nutata ŋu ahazã nye ɣeyiɣi atsɔ afia Biblia me nyawo amewo. Yanita wu suku nu ƒe etɔ̃ do ŋgɔ nam, eye esime mekpɔtɔ le nutasukua la, eya nɔ Biblia me nyateƒea fiam amewo veviedodotɔe xoxo le Lovech. Eya ɖeka koe nye Ðasefo le dua me.

Hafi matrɔ agbɔ va Lovech la, Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple ame ʋɛ aɖewo. Edoa dzidzɔ nam be mayi amewo gbɔ le woƒe aƒewo me ahagblɔ yayra siwo ava le etsɔme la ŋu nya si mesrɔ̃ la na wo. Meɖoe be mazã nye ɣeyiɣiwo ƒe akpa gãtɔ atsɔ awɔ dɔ sia.

Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, kuxiwo va do mo ɖa. Togbɔ be dziɖuɖua da asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le se nu be wonye subɔsubɔha hã la, le ƒe 1994 me la, woɖo asi wo dzi, eye wozã nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo tsɔ ƒo nu tsi tsitre ɖe wo ŋu. * Zi geɖe wotsoa Ðasefowo nu le kpovitɔwo gbɔ, eye wozi míaƒe agbalẽwo dzi. Ɣemaɣi la, womeɖe mɔ na mí be míaƒo ƒu le dutoƒo o. Togbɔ be nɔnɔmeawo nɔ alea hã la, míekpena le xɔnugoe aɖe si tsiã ɖe Yanita fofo ƒe xɔ ŋu la me. Gbe ɖeka mí ame 42 ye nɔ xɔ sue sia me. Esi míedina be míaɖe toɣli aƒelikawo o ta la, míetua fesreawo ne míele ha dzim. Ɣeaɖewoɣi ne xexea me xɔ dzo la, fifia tea mí le xɔa me, gake edzɔa dzi na mí be míeƒo ƒu.

Yehowa Yram

Mekpɔ dzidzɔ ɖe ale si Yanita doa vevie subɔsubɔdɔae ŋu, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míaƒe nu va lé dzi na mía nɔewo vevie. Míeɖe mía nɔewo le May 11, 1996. Togbɔ be míaƒe nɔnɔmewo to vovo hã la, míesɔ na mía nɔewo ŋutɔ. Xɔlɔ̃ kple kpeɖeŋutɔ nyui aɖee wònye nam. Medaa akpe na Yehowa be ena kpeɖeŋutɔ si ƒe “asime sẽ wu adzagba tɔ” lam.—Lododowo 31:10.

Ame siwo nye xɔ̃nyewo tsã la dometɔ aɖewo na nutata zu woƒe agbemedɔ, abe ale si nye hã medii tsã ene. Gake edzɔa dzi nam be metia dɔ si mesusuna be eyae nye dɔ si xɔ asi wu. Mekpe ɖe ame geɖe ŋu wona taɖodzinu va le woƒe agbe ŋu, eye fifia wonye nɔvinyeŋutsu kple nyɔnu siwo mía kpli wo míesubɔa Mawu. Ne ɖe metsɔ nutata wɔ nye agbemedɔe la, anye ne maxɔ ŋkɔ hafi, gake ema made yayra geɖe siwo mekpɔ le Yehowa subɔsubɔ me la nu gbeɖe o. Edzɔa dzi nam ŋutɔ be meva dze si Yehowa Mawu, ame si nye Nutala gãtɔ la.—g10-E 04.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ eve siawo. Womegale wo tam fifia o.

^ mm. 22 Le ƒe 1998 me, esi míetsɔ nya la yi Europatɔwo ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Strasbourg la, wogbugbɔ ɖe mɔ na mí Yehowa Ðasefowo le se nu le Bulgaria.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mía kple srɔ̃nye, Yanita