Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe wòle be míadɔ hafi alɔ̃ mía nɔewo wua?

Ðe wòle be míadɔ hafi alɔ̃ mía nɔewo wua?

Sɔhɛwo Biana Be

Ðe wòle be míadɔ hafi alɔ̃ mía nɔewo wua?

Ɣleti eve koe nye esia Heather dze si Mike, gake àsusu be edze sii xoxoxo. Woɖoa message ɖe wo nɔewo ɣesiaɣi, woyɔa wo nɔewo le fon dzi heɖoa dze gaƒoƒo geɖe, eye ne wo dometɔ ɖeka dze nya aɖe gɔme la, nɔvia nyana ale si wòle enu wu gee! Gbe ɖeka zã me, esi ɣleti le ɖiɖim la, wonɔ ʋu me va tɔ ɖi. Fifia ya, nu bubu aɖe le susu me na Mike.

Le ɣleti eve siwo va yi me la, ɖeko Mike kple Heather léa asi alo kplaa asi kɔ na wo nɔewo. Afi ma ko Heather di be lɔlɔ̃ɖeɖefia ma nase. Gake medi be ye kple Mike dome hã nagblẽ o. Ame aɖeke menana wòsena le eɖokui me be yedze tugbe hele etɔxɛ abe ale si Mike wɔna nɛ ene o. Egblɔ le eɖokui me be: ‘Mía kple Mike míelɔ̃ mía nɔewoe!’

ÐEWOHĨ ènya afi si nu sia ava wu enu ɖo. Gake ɖewohĩ nu si mènya o ye nye nu siwo gbegbe agblẽ le Mike kple Heather ŋu ne wodɔ. Bu nya sia ŋu kpɔ:

Ne èŋe aɖaba ƒu dzɔdzɔmesewo dzi la, agblẽ nu le ŋuwò. Le kpɔɖeŋu me, ènya be nu sia nu si nèda ɖe ya me la age ava dze anyigba. Eya ta ne èdzo tso teƒe kɔkɔ aɖe la, àge axɔ abi alo aku gɔ̃ hã. Nenema kee agbe nyui nɔnɔ sewo hã le. Se mawo dometɔ ɖeka gblɔ be: ‘Mitsri gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ.’ * (1 Tesalonikatɔwo 4:3) Ne míegbe wɔwɔ ɖe se sia dzi la, nu kae wòagblẽ le mía ŋu? Biblia gblɔ be: “Ame si nɔa agbe gbegblẽ la le nu vɔ̃ wɔm ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.” (1 Korintotɔwo 6:18) Nyateƒeea? Kpɔe ɖa be àte ŋu aŋlɔ nu etɔ̃ si agblẽ le ame siwo meɖe srɔ̃ o gake dɔ la ŋu ɖi hã.

1. ․․․․․

2. ․․․․․

3. ․․․․․

Azɔ lé ŋku ɖe nu siwo nèŋlɔ ŋu kpɔ. Èŋlɔ nulɔdɔwo, gbɔmeyafu alo ale si ame ƒe nu magadze Mawu ŋu oa? Nyateƒee, ne ame aɖe gbe Mawu ƒe se si ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu dzi wɔwɔ la, nu siawoe wòagblẽ le eŋu.

Gake ɖewohĩ ànɔ susum be: ‘Naneke mawɔ nye ya o.’ Àgblɔ be: ‘Mía tɔwo katã le ewɔm ɖe?’ Wò sukuhatiwo ƒoa adegbe be yewodɔ kple ame vovovowo, gake edze abe mele naneke gblẽm le wo ŋu o ene. Alo àse le ɖokuiwò me abe Heather si ƒe nya míegblɔ va yi ene be, ne ye kple yeƒe lɔlɔ̃tɔ yewodɔ la, ana yewoalɔ̃ yewo nɔewo wu. Eye ame kae dina be woaɖu fewu le ye ŋu be yemenya ŋutsu o alo be yemenya nyɔnu o? Ne nye hã mewɔe ko mevɔ oa?

Gake tɔ gbɔ! Gbãa, nyae be menye ame sia amee le ewɔm o. Nyateƒee, ɖewohĩ èxlẽe le afi aɖe kpɔ be ahiãvi le sɔhɛ geɖewo si fifia. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ le Amerika ɖee fia be sɔhɛ eve le etɔ̃ ɖe sia ɖe dome dzea ahiã hedɔna hafi wua sekɛndrisuku (lycée) nu. Gake esia fia hã be ame ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me ya medzea ahiã o; ne èbu eŋu kpɔ la, ame gbogbo aɖee ma. Ke ame siwo dzea ahiã ya ɖe? Numekukuwo ɖee fia be nu siwo gbɔna la dometɔ aɖe ɖea fu na sɔhɛ siwo dze ahiã hedɔ la godoo.

Nu #1: WOXAA NU. Sɔhɛ siwo meɖe wo nɔewo o gake dɔ la dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be nu si yewowɔ la va ve yewo ŋutɔ emegbe.

Nu #2: WOMEGAKANA ÐE WO NƆEWO DZI O. Ne wodɔ vɔ la, ame eveawo dometɔ ɖe sia ɖe va nɔa eɖokui biam be: ‘Ame sia megadɔ kple ame bubu aɖeke oa?’

Nu #3: WOÐEA ASI LE WOƑE AHIÃVIAWO ŊU. Zi geɖe la, ne ɖekakpuiwo dɔ kple woƒe ahiãvi aɖe vɔ ko la, woɖea kɔ ɖa le eŋu yi ɖadia bubu.

Nu #4: WOTƆTƆNA. Zi geɖe la, ɖe nyɔnuviwo dina be yewoadze ahiã ŋutsu si alé be na yewo, ke menye esi azã yewo vɔ ko aɖe asi le yewo ŋu o hafi.

Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, bu esia hã ŋu kpɔ: Ðekakpui geɖe gblɔ be yewomaɖe nyɔnuvi si yewodɔ kplii la akpɔ gbeɖe o. Nu ka tae? Elabena wogblɔna be yewomele nyɔnuvi ahasitɔ dim aɖe o!

Ðe nya sia wɔ nuku na wò, alo ve dɔ me gɔ̃ hã na wòa? Ne nenemae la, ekema èɖanye ɖekakpui alo ɖetugbui o, nya sia nenɔ susu me na wò: Ale si nuwo va yina ŋutɔŋutɔ na ame siwo meɖe wo nɔewo hafi dɔ o la to vovo sãsãsã na esiwo woɖena nèkpɔna le television dzi kple filmwo me. Wonana wòdzena le filmwo me be sɔhɛ siwo kɔ ŋkumee dzea ahiã, eye wòdzena abe wolɔ̃ wo nɔewo ŋutɔ ene. Gake mègawɔ nu woayɔ wò be asotɔ o! Ðeko ŋutsuviwo adi be yewoable nuwò adɔ kpli wò ko aɖe asi le ŋuwò. (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Eye ne ame aɖe be yelɔ̃ wò ŋutɔŋutɔ la, ɖe wòana nàwɔ nu si ana nàxɔ dɔ alo nàwɔ nu si ava nɔ fu ɖem na wò susu emegbea? (Lododowo 5:3, 4) Eye ne ame aɖe lɔ̃ wò ŋutɔŋutɔ la, ɖe wòadi be nàwɔ nu si ana mia kple Mawu dome nagblẽa?—Hebritɔwo 13:4.

Nyae be ne èɖe asi le ɖokuiwò ŋu na ame aɖe wòdɔ gbɔwò la, ekema èɖi gbɔ ɖokuiwò, elabena nu xɔasi aɖee ma nètsɔ ƒu gbe. (Romatɔwo 1:24) Esia tae mewɔ nuku o be ame geɖe va sena le wo ɖokui me be yewomegaɖi naneke o, abe ɖe woɖe asi le wo ɖokuiwo ŋu wofi woƒe akpa vevi aɖe ene! Mègaɖe mɔ nu sia nadzɔ ɖe dziwò gbeɖe o. Ne ame aɖe di be yeable nuwò adɔ kpli wò hegblɔ be: “Ne èlɔ̃m vavã la, àlɔ̃ nam” la, wò hã do dzi nàgblɔ nɛ be: “Ne wò hã èlɔ̃m vavã la, màdi be míawɔ nu sia o!”

Nu xɔasi ŋutɔe wò ŋutilã nye; eya ta mègagblẽ edome yakatsyɔ o. Ðee fia be yeate ŋu awɔ ɖe se si Mawu de be míatsri agbe gbegblẽ nɔnɔ la dzi. Eye ne èva ɖe srɔ̃ gbe ɖeka la, ekema mia kple srɔ̃wò miekpɔ mɔ adɔ. Ɣemaɣi la, àse vivi nɛ bliboe, eye nuxaxa, fɔbuameɖokui, kple vɔvɔ̃ siwo nyea kuxi na ame siwo meɖe srɔ̃ hafi dɔ o la maɖe fu na wò o.—Lododowo 7:22, 23; 1 Korintotɔwo 7:3.—g10-E 04.

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Menye dɔdɔ kple ame ŋutɔŋutɔ koe Biblia yɔ be “agbe gbegblẽ nɔnɔ” o, ke boŋ nu bubu siwo ame siwo meɖe wo nɔewo o wɔna, siwo dometɔ aɖewoe nye ame ƒe no léle kple asilili vidzinuwo ŋu, alo vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me alo meƒi me, hã le eme. Kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent—Réponses pratiques), Babla 2 lia, axa 42-47, hena nyatakaka bubuwo.

BU NYA SIAWO ŊU

● Togbɔ be blibomademade ana wòadzro wò be nàdɔ kple ame aɖe evɔ menye srɔ̃wò o hã la, nu ka tae menyo be nàwɔe o?

● Ne ame aɖe gblɔ na wò be yewoadɔ ɖe, nu kae nàwɔ?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Gbɔgblɔ na amea be yegbe ɖeɖe mana wòadzudzɔ o. Ale si nègbee nye nya. Ne èbe yegbe gake medze le gbe si nètsɔ gblɔe me be ègbe ŋutɔŋutɔ o la, amea ate ŋu abui be àva lɔ̃. Eya ta ɖo mo vevi!”

“Gbɔgblɔ na amea be yegbe mewɔa dɔ ɣesiaɣi o. Ðewohĩ gbɔgblɔ be Ðasefoe yenye gɔ̃ hã mawɔ dɔ o. Medze si ame aɖewo, siwo ƒo adegbe be yewote ŋu ble Kristotɔwo gɔ̃ hã nu. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wòle be nàdzo le teƒea. Mele bɔbɔe ya o, gake mɔnu sia wɔa dɔ.”

“Esi nènye Kristotɔ ta la, nɔnɔme nyuiwo le asiwò, siwo ta amewo adi be yewoate ɖe ŋuwò. Eya ta nɔ ŋudzɔ, eye ne ame aɖe gblɔ na wò be nànɔ agbe gbegblẽ la, gbe. Lé be na nɔnɔme nyui mawo. Mègagblẽ wo dome o!”

[Nɔnɔmetatawo]

Diana

James

Joshua

[Aɖaka si le axa 16]

NA WÒAKPƆE BE ÈNYE AME SI DZI WOAKA ÐO!

Ne èdi be yeado ŋugbe na ame aɖe la, ɖe nètsɔ ɖe le eme nɛ ŋutɔŋutɔa? Ne ɛ̃ la, ekema na wòkpɔe be . . .

yenye ame si ate ŋu alé Mawu ƒe sewo me ɖe asi

yedze nunya ate ŋu aƒo asa na tetekpɔwo

yelɔ̃e, eye yeawɔ nu siwo aɖe vi nɛ

Ne ekpɔe alea la, ekema agblɔ abe ale si ɖetugbui Sulamit gblɔ ene be: “Tɔnyee nye nye lɔlɔ̃tɔ la, eye nye hã menye etɔ.” (Hawo ƒe Ha 2:16) Kpuie ko la, aka ɖe dziwò!

Kpɔ Lododowo 22:3; 1 Korintotɔwo 6:18; 13:4-8.

[Aɖaka si le axa 16]

AÐAŊUÐOÐO

Ne mia kple ŋutsuvi alo nyɔnuvi aɖe mieli la, nu si wòle be wòafia mɔ mie nye esi: Ne màdi be dziwòlawo nakpɔ nu si wɔm mi ame evea miele o la, ekema migawɔe o.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ne mia kple ame aɖe mieɖe mia nɔewo o, gake miedɔ la, efia be miede bubu Mawu ƒe nunana sia ŋu o. Ele ko abe nutata nyui aɖe si wotsɔ vae na wò, gake nètsɔe wɔ afɔɖodzinui ene