Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Míeɖe Asi Le Ŋuwò”

“Míeɖe Asi Le Ŋuwò”

“Míeɖe Asi Le Ŋuwò”

DƆDZIKPƆLAWO yɔnɛ be Dɔnyo Dovevienu. * Aɖaŋu siwo wòto vae la he ga gbogbo aɖe vae na dɔwɔƒea le ƒe ade siwo me wònɔ afi ma. Eya ta esi woyɔ Dɔnyo va dɔmemegã aɖe ƒe ɔfis la, esusu be ga da ge wole ɖe fetu dzi na ye alo be ɖe wole ye do ge ɖe ŋgɔ. Gake nya si dɔmemegãa gblɔ nɛ wòdzee kpoe nye: “Míeɖe asi le ŋuwò.”

Dɔnyo ƒe mo koe ke dzo mia. Egblɔ be: “Fetu si mexɔna la lolo, eye dɔa vivia nunye, gake kasia ko nu sia nu trɔ kpata.” Emegbe esi Dɔnyo gblɔ nu si dzɔ la na srɔ̃a Ðelali la, eɖi ɖe eya hã. Egblɔ be: “Ðeko nye ame bliboa ƒe lã me srẽ. Mebiaa ɖokuinye be: ‘Ke aleke míele wɔwɔ ge fifia?’”

Nu si dzɔ ɖe Dɔnyo dzi la tɔgbi dzɔ ɖe ame miliɔn geɖe dzi, abe ale si akɔntabubu si dze le nyati sia ƒe nuwuwu ɖee fia ene. Gake ne míaɖe akɔntabubuwo tɔ ɖe aga la, ale si gbegbe dɔ ƒe gege le ame si nana wotɔtɔna la mele gbɔgblɔ me o. Bu Raúl, si ʋu tso Peru va le dɔ wɔm le amedzrodzeƒe gã aɖe le New York City ƒe 18 ye nye ema, gake wova ɖe asi le eŋu kpata ŋu kpɔ. Raúl di dɔ, gake afi ka wòakpɔe le? Egblɔ be: “Ƒe 30 kloe nye esia mekpɔ nye ƒomea dzi. Gake fifia mese le ɖokuinye me be mezu ŋutsu si do kpo nu.”

Nu si me Raúl to la ɖe nane fia le ame siwo mekpɔ dɔ awɔ o la ŋu: eyae nye be, menye gakuxiwo koe dɔ ƒe gege le ame si hena vanɛ o. Zi geɖe la, àse veve le ememe ke. Dɔ ge le Akɔfa srɔ̃ Agbaglo si ƒe etɔ̃ kple edzivɔ sɔŋ; eya hã gblɔ be: “Meva se le ɖokuinye me be viɖe aɖeke megale ŋunye o. Ne naneke mele asiwò o la, amewo hã abu wò be mènye naneke o, eye eteƒe madidi o, wò ŋutɔ hã àva nɔ ɖokuiwò bum nenema ke.”

Menye ɖeko ame siwo ge ɖe dɔmakpɔwɔlawo ƒe fli me la tɔtɔna le wo ɖokui me o, ke boŋ kuxi bubu si me wotonae nye ale si woanɔ agbe ɖe ga vi si le wo si la nu. Dɔnyo gblɔ be: “Esi ga nɔ mía si la, meva susu me na mí gbeɖe kpɔ be míanɔ agbe tsɛ o. Gake esi zazã mawo ke wɔwɔ hiã, gake míekpɔ dɔ le wɔwɔm o la, eva zu dzizizi na mí.”

Esi nèle dɔ dim la, ehiã be nànɔ te ɖe ale si nètɔtɔ le susu me hetsi dzimaɖi le dɔmakpɔwɔe ta la hã nu. Ahiã hã be nànɔ agbe ɖe ga vi si nèkpɔna azɔ nu. Gbã la, na míadzro mɔ eve siwo dzi nàte ŋu ato anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu la me.—g10-E 07.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple esiwo kplɔe ɖo me.

[Akɔntabubu si le axa 3]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Ame siwo mekpɔ dɔ awɔ o le dukɔ etɔ̃ pɛ ko me le ƒe 2008 me

Japan 2,650,000

Spain 2,590,000

Amerika 8,924,000