Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo—Ame Kawoe Wonye?

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo—Ame Kawoe Wonye?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo—Ame Kawoe Wonye?

ŊƆLI, gbɔgbɔ vɔ̃, aziza, nukpekpe, nu siawoe subɔsubɔha vovovowo me tɔwo xɔ se be wonye gbɔgbɔ siwo wɔa nyui alo vɔ̃, alo evea siaa. Ame aɖewo hã mexɔ edzi se be gbɔgbɔ mawo li o, eye wobunɛ ko be enye nya kpakpa alo aʋatsodzixɔse. Nu ka tututue Biblia fia ku ɖe wo ŋu?

Biblia fia nu be Gbɔgbɔe Wɔla la ŋutɔ nye, eye gbɔgbɔe nu gbãtɔ siwo wòwɔ la hã nye. (Yohanes 4:24; Hebritɔwo 1:13, 14) Azɔ hã, Biblia ƒo nu tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. (1 Korintotɔwo 10:20, 21; Yakobo 2:19) Gake mefia nu be Mawue wɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Ekema ame kawoe wonye, eye aleke wowɔ va dzɔ?

“Mawudɔla Siwo Wɔ Nu Vɔ̃”

Esi Mawu wɔ gbɔgbɔmemewo la, ena ablɔɖe wo be woawo ŋutɔwo natiae be yewoawɔ nyui alo vɔ̃. Nublanuitɔe, esi wowɔ amegbetɔwo megbe la, mawudɔla aɖewo tiae be yewoawɔ vɔ̃ esi wodze aglã ɖe Mawu ŋu.

Gbɔgbɔmeme gbãtɔ kple vɔ̃ɖitɔ si dze aglã la va zu Satana. Yesu Kristo gblɔ be: “Meli ke ɖe nyateƒe la me o.” (Yohanes 8:44) Nu kae na Satana tsi tsitre ɖe Mawu ŋu? Edi be woade ta agu na ye, evɔ Wɔla la ɖeka koe dze nɛ, eye wòwɔ didi ma dzi hetsɔ eɖokui wɔ mawui. Eto esia me wɔ eɖokui “Satana,” si gɔmee nye “tsitretsiɖeŋula.” Ƒe alafa aɖewo megbe hafi tsi naɖɔ le Noa ŋɔli la, mawudɔla bubuwo hã dze aglã kpe ɖe Satana ŋu, eye wogblẽ woƒe nɔƒe ɖi le dziƒo va trɔ zu amegbetɔwo le anyigba dzi. (1 Mose 6:1-4; Yakobo 1:13-15) Le Tsiɖɔɖɔa me la, “mawudɔla [mawo,] siwo wɔ nu vɔ̃,” eye wotrɔ zu amegbetɔwo la, gatrɔ yi gbɔgbɔmenuto me. (2 Petro 2:4; 1 Mose 7:17-24) Wova yɔ wo emegbe be gbɔgbɔ vɔ̃wo.—5 Mose 32:17; Marko 1:34.

Ale si nuwo va yi na mawudɔla dzeaglã mawo emegbe la to vovo kura na ale si wònɔ na wo hafi wova dze aglã. Míexlẽ le Yuda 6 be: “Mawudɔla siwo meyi edzi nɔ afi si woda wo ɖo le gɔmedzedzea me o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, [Mawu] tsɔ babla mavɔwo dzra wo ɖo ɖi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.” Ɛ̃, Mawu megana mɔnukpɔkpɔ siwo nɔ gbɔgbɔ vɔ̃ mawo si le dziƒo la gasu wo si o, ke boŋ edzra wo ɖo ɖe kpɔɖeŋu “blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe dowo” me, eye wòxe mɔ na wo be woagase gbɔgbɔmenuwo gɔme azɔ o.

“Ame Si Le Anyigba Dzi Nɔlawo Katã Blem”

Togbɔ be edze ƒãa be womegana mɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo be woatrɔ azu amegbetɔwo o hã la, wogagblẽa susu na amegbetɔwo henana wowɔa nu gbegblẽwo kokoko. Le nyateƒe me la, Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃ gbogboawo le “anyigba dzi nɔlawo katã blem.” (Nyaɖeɖefia 12:9; 16:14) Aleke wòwɔa esiae? Zi geɖe la, ezãa “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo.” (1 Timoteo 4:1) Subɔsubɔhawo koŋ ye fiaa alakpanu siawo, eye wogbã ŋku na ame miliɔn geɖe, ale be womenya ame si tututu Mawu nye o. (2 Korintotɔwo 4:4) De ŋugble tso kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Nufiafia si nye be ame kukuwo gale agbe. Gbɔgbɔ vɔ̃wo toa nukpɔkpɔwo, gbeɖiɖiwo, kple ayemenuwɔna bubuwo dzi blea amewo be woaxɔe ase be agbagbeawo ate ŋu aƒo nu kple kukuawo. Alakpanya siawo na ame aɖewo xɔe se be ne ame ku la, eƒe akpa aɖe ganɔa agbe. Gake Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: “Kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5, 6) Esi wole “aʋli me” ta la, womate ŋu akafu Mawu le afi ma o.—Psalmo 115:17. *

Wɔ nu si dze ŋuwò. Yohanes Gbãtɔ 5:19 gblɔ be: “Míenyae be Mawu me míetso, gake xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo toa nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kple mɔnu bubuwo dzi ƒãa susu gbegblẽ ɖe amewo me be ele be woaɖe mɔ ame sia ame nawɔ nu si dzro eƒe ŋutilã. (Efesotɔwo 2:1-3) Ale agbe gbegblẽ nɔnɔ ɖe sia ɖe ƒomevi va bɔ egbea. Wobua agbe nɔnɔ mawo ƒomevi be wosɔ hebua Biblia ƒe dzidzenuwo ya be wonye tsigãdzinu alo nu si me nunya mele o.

Gbɔgbɔyɔyɔ. Apostolo Paulo do go nyɔnuvi aɖe si me “afakaka ƒe gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe” nɔ, si nana wòtea ŋu “wɔa ga geɖe na eƒe aƒetɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 16:16) Esi Paulo nya afi si nyɔnuvia kpɔ ŋusẽ triakɔ ma tsoe ta la, melɔ̃ be yeaɖo to eƒe nyawo o. Eye medi be yeawɔ nu adze agɔ le Mawu dzi hã o, elabena Mawu bua gbɔgbɔyɔyɔ ɖe sia ɖe ƒomevi, si ƒe ɖewoe nye ɣletivimefakaka kple ŋɔliyɔyɔ, be wonye ŋunyɔnuwo.—5 Mose 18:10-12.

Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Si Me

Aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me? Biblia ɖo eŋu be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; gake mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.” (Yakobo 4:7) Biblia ye nye agbalẽ kɔkɔe ɖeka pɛ si na míenya ame si tututu Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo nye, kpakple woƒe “aɖaŋu vɔ̃wo.” Eya ta ne míenɔa agbe ɖe nu siwo Biblia fia nu la, efia be míele sedede ma dzi wɔm. (Efesotɔwo 6:11; 2 Korintotɔwo 2:11) Biblia gblɔ na mí hã be, gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ame siwo katã mewɔa Mawu ƒe se dzi o la manɔ anyi tegbee o. (Romatɔwo 16:20) Lododowo 2:21 gblɔ be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi.”—g10-E 08.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Ne èdi be yeanya nɔnɔme si me tututu ame kukuwo le kple ŋugbe si Biblia do le tsitretsitsi ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 6 kple 7 lia.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Mawue wɔ gbɔgbɔ vɔ̃woa?—2 Petro 2:4.

● Ðe nàte ŋu aƒo nu kple kukuawoa?—Nyagblɔla 9:5, 6.

● Aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me?—Yakobo 4:7.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Gbɔgbɔ vɔ̃wo toa mɔ vovovowo dzi dina be yewoable amewo