Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

  BIBLIA ƑE NUKPƆSUSU

Yesu

Yesu

Yesue nye Mawua?

“Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” —Yohanes 1:18.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be menye Yesue nye Mawu o. Ke hã, ame bubuwo hea susu yia mawunyakpukpui aɖewo siwo wosusuna be woɖo kpe edzi be Yesu sɔ kple Mawu la dzi.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia ƒe afi aɖeke mefia be Yesu nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ alo be Yesu sɔ kple Mawu o. Ke boŋ Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be Mawu kɔ wu Yesu. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ŋutɔ gblɔ le Biblia me be: “Fofo la lolo wum.” (Yohanes 14:28) Biblia gblɔ hã be: “Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” (Yohanes 1:18) Yesu mate ŋu anye Mawu o elabena ame geɖe kpɔ Yesu kpɔ.

Yesu yomedzela gbãtɔawo megblɔ be Yesu nye Mawu o. Le kpɔɖeŋu me, Nya Nyui ŋlɔla Yohanes gblɔ tso nu siwo wòŋlɔ ɖi la ŋu be: “Woŋlɔ esiawo ɖi, ne miaxɔe ase be Yesue nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la.”—Yohanes 20:31. *

 Ɣekaɣie wodzi Yesu?

“Alẽkplɔlawo . . . le gbedadaƒo, nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me.”—Luka 2:8.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo ɖua Kristmas le December 25 lia dzi, elabena wosusuna be ŋkeke ma dzie wodzi Yesu. Ame bubuwo hã ɖua Yesu ƒe dzigbezã le January ƒe gɔmedzedze.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia meyɔ ŋkeke si dzi wodzi Yesu o. Ke hã egblɔ be esime wodzi Yesu la, “alẽkplɔlawo . . . le gbedadaƒo, nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me.” (Luka 2:8) Mate ŋu anya wɔ be alẽkplɔlawo nana woƒe alẽwo nanɔ gbedadaƒo le zã me le December kple January me o. Nu ka tae?

Le nuto si me wodzi Yesu le la, ya me fana miamiamia le December kple January me. Biblia gblɔ tso ƒea ƒe ɣeyiɣi ma ŋu be amewo nɔ “dzodzom nyanyanya le . . . tsidzadza ta.” (Ezra 10:9, 13; Yeremiya 36:22) Alẽkplɔlawo mate ŋu anɔ “gbedadaƒo” kple woƒe alẽwo le ƒea ƒe ɣeyiɣi mawo me o.

Ðe wofɔ Yesu ɖe tsitre nyateƒea?

“Mawu [fɔ Yesu] ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”—Dɔwɔwɔwo 3:15.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo buna be amegbetɔ aɖeke mate ŋu aku agafɔ ɖe tsitre o. Eye nenema kee wosusu le Yesu hã ŋu.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Yesu gblɔ na eyomedzelawo be “yeakpe fu geɖe . . . eye woawu ye, eye woafɔ ye ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe.” (Mateo 16:21) Biblia gblɔ be esi wowu Yesu eye wòfɔ ɖe tsitre la, eɖe eɖokui fia ame siwo wu 500. (1 Korintotɔwo 15:6) Ame siawo siwo kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la meke ɖi kura be wofɔe tso ku me o. Wonɔ klalo be yewoaku ɖe dzixɔse ma ta gɔ̃ hã!—Dɔwɔwɔwo 7:51-60; 12:1, 2.

NU KA TA WÒLE BE NÀTSƆ ÐE LE NYA SIA ME?

Biblia fia be Yesu ƒe ku kple eƒe tsitretsitsia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na amegbetɔwo katã be woava nɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi abe ale si Biblia do ŋugbee ene. (Psalmo 37:11, 29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Le lɔlɔ̃ si le Yesu kple Fofoa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ Yehowa si na mí ta la, míate ŋu ava nɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le Paradiso me le anyigba dzi.—Yohanes 3:16; Romatɔwo 6:23.

^ mm. 7 Biblia mefia nu be srɔ̃nyɔnu ŋutɔŋutɔ le Mawu si si dzi viwo nɛ o. Ke boŋ Biblia yɔ Yesu be “Mawu ƒe Vi” elabena Mawu ŋutɔe wɔ Yesu tẽe eye nɔnɔme siwo le Fofoa si la kee le eya hã si.