Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Ale Si Nàzã Wò Ɣeyiɣiwo Nyuie

Ale Si Nàzã Wò Ɣeyiɣiwo Nyuie

“Ɣeyiɣia mele ame sum kura o!” Zi nenie nègblɔ nya sia kpɔ? Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme ɖekae le ame sia ame si. Ɣeyiɣi si le ŋusẽtɔwo kple kesinɔtɔwo si la mesɔ gbɔ wu esi le ame tsɛwo kple wɔamenɔwo si o. Gawu la, kesinɔtɔwo alo wɔamenɔwo mate ŋu alé ɣeyiɣi ɖi o. Ne ɣeyiɣi aɖe nu va yi ko la, enu yi tegbee. Eya ta nunya le eme be míawɔ ɣeyiɣi si le mía si la ŋu dɔ nyuie. Le mɔ ka nu? Kpɔ nu ene siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu wozã woƒe ɣeyiɣiwo le mɔ nyuitɔ nu la ɖa.

Nu Gbãtɔ: Wɔ Ðoɖo Ðe Wò Dɔwo Ŋu

Ðo nu siwo nàwɔ ɖe ɖoɖo nu, vevitɔwo nava gbã. Biblia xlɔ̃ nu be: “Miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii nyuie.” (Filipitɔwo 1:10) Ŋlɔ nu siwo le vevie alo hiã kpata la ɖi. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ mahiã kpata be nàƒle fiẽnuɖuɖu ada ɖi o. Ðewohĩ nu siwo míasusu be wohiã kpata be míawɔ la manye nu siwo le vevie boo o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be míasusui be ehiã kpata be míaɖo aƒe me hafi televisiondziwɔna si doa dzidzɔ na mí nadze egɔme hã la, mele vevie nenema gbegbe o. *

Bu nuwo ŋu do ŋgɔ. Nyagblɔla 10:10 gblɔ be: “Ne lãnu tsi kpo, eye womenyre enu o la, ele be, woahe alɔkame.” Egblɔ kpee be: “Ke nuwɔwɔ, ne wòadze edzi, enye nunya ƒe viɖe.” Nufiame kae le nya sia me? Ehiã be nànyre wò lãnu, si fia be nàwɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu do ŋgɔ be nàte ŋu azã wò ɣeyiɣiwo nyuie. Ðe asi le nu siwo mehiã tututu o, siwo bia ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe, evɔ womeɖea vi boo aɖeke o la wɔwɔ ŋu gbɔ alo ɖe asi le wo ŋu kura. Ne èkpɔe be ɣeyiɣi geɖe le ye si le esi nèɖe asi le nanewo wɔwɔ ŋu ta la, ɖe masɔ be nàzãe ɖe nu bubu si nèwɔ ɖoɖo be yeava wɔ emegbe la ŋu oa? Ne èwɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu do ŋgɔ alea la, àte ŋu awɔ dɔ geɖe abe ame si nyre eƒe lãnu ene.

Ðe agbemenuwɔna aɖewo dzi kpɔtɔ. Ƒo asa na nu siwo gblẽa ɣeyiɣi na ame dzodzro kple nu siwo mele vevie o la wɔwɔ. Ðoɖowɔwɔ ɖe dɔ kple nu bubu geɖewo ŋu ana nàtsi dzimaɖi eye mànɔ dzidzɔ kpɔm o.

 Nu Evelia: Ƒo Asa Na Nu Siwo Gblẽa Ɣeyiɣi Wɔwɔ

Megbelelehehe kple vedomesinɔnɔ. “Ame si le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye ame si le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.” (Nyagblɔla 11:4) Nufiame kae le nya sia me na mí? Megbelelehehe ɖe wògblẽa ɣeyiɣi dome eye menana wowɔa dɔ nyuie o. Agbledela si nɔa te be nɔnɔmeawo nasɔ bliboe hafi yeade agble la, maƒã nu alo aŋe nu gbeɖe o. Nenema kee, ne míenɔa nu siwo ate ŋu adzɔ alo mate ŋu adzɔ o ŋu bum fũu la, awɔe be míatsi vedomesi. Alo ate ŋu ana míasusui be ele be míalala va se ɖe esime míekpɔ kakaɖedzi na nu sia nu bliboe hafi míatso nya me. Enye nyateƒe be ehiã be míaku nu me ahabu nuwo ŋu nyuie hafi atso nya me le nya vevi aɖewo ŋu ya. Elabena Lododowo 14:15 gblɔ be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” Gake míate ŋu anya nu siwo katã ado tso nyametsotso geɖe siwo míewɔna la me do ŋgɔ o.Nyagblɔla 11:6.

Blibodededidi. Yakobo 3:17 gblɔ be: “Nunya si tso dziƒo la . . . esea nu gɔme.” Nyateƒee, esɔ be ame nadi be yeawɔ nu wòanyo nyuie! Gake ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu aɖo taɖodzinu siwo kɔkɔ wu mí eye esia ate ŋu ana be dzi naɖe le mía ƒo eye míana ta gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ele be ame si le gbegbɔgblɔ aɖe srɔ̃m la nanyae be yeate ŋu ada vo eye wòalɔ̃ ɖe edzi be yeato esia me asrɔ̃e ɖe etsɔ ŋuti. Gake ne èbe biɖobiɖoa, ɖe enu klina eye wònana ame tsia megbe. Ðe nunya mele eme be míaɖo taɖodzinu siwo bɔbɔ ɖe anyi, siwo gbɔ anya ɖo na mí oa? Lododowo 11:2 gblɔ be: “Ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.” Gawu la, ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi metsɔa nya sia nya vevie o. Zi geɖe la, woawo ŋutɔ ƒe nuwɔnawo ɖia kokoe na wo wokona.

“Le nyateƒe me la, menye gae nètsɔ ƒlea nuwo o ke boŋ wò ɣeyiɣiwoe.”—What to Do Between Birth and Death

 Nu Etɔ̃lia: Da Sɔ

Da sɔ le dɔwɔɖui kple modzakaɖeɖe me. “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.” (Nyagblɔla 4:6) Zi geɖe la, ame siwo wɔa dɔ fũu akpa la mesea vivi na woƒe “dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve” me tsonuwo o. Ɣeyiɣi kple ŋusẽ menɔa wo si wowɔa wo ŋu dɔ o. Ke ame ɖɔe ya dina be yeagbɔ ɖe eme “asiʋlo eve” eye wògblẽa eƒe ɣeyiɣi xɔasiwo dome. Biblia de dzi ƒo na mí be míada asɔ: Wɔ dɔ sesĩe eye nàse vivi na emetsonuwo. Vivisese sia tɔgbi nye “Mawu ƒe nunana.”Nyagblɔla 5:18.

Alɔ̃ meganɔ ŋuwò tsim o. Biblia gblɔ be: “Mamlɔ anyi le ŋutifafa me adɔ alɔ̃ enumake.” (Psalmo 4:9) Ehiã be ame tsitsi akpa gãtɔ nadɔ alɔ̃ gaƒoƒo enyi ale be woate ŋu anɔ lãmesẽ me le ŋutilã me, seselelãme kple susu me. Le susumelãmesẽ gome la, alɔ̃dɔdɔ nyuie nye ɣeyiɣia ŋu dɔwɔwɔ nyuie elabe enana ame ƒe susu nɔa nu ŋu, eye wòɖoa ŋku nu dzi bɔbɔe hã. Esia wɔnɛ be ame tea ŋu srɔ̃a nu wòtsia susu me nɛ. Gake alɔ̃madɔmadɔ tea ŋu wɔnɛ be nu menya srɔ̃na na ame o, eye wònana hã be ame tea ŋu dzea afɔku, daa vo alo doa dziku kabakaba.

Ðo taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo na wò. “Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzodzro ƒe tsa glalã tsatsa.” (Nyagblɔla 6:9) Nufiame kae le nya sia me? Nunyala menana nudzodzrowo kpɔa ŋusẽ ɖe edzi o, vevietɔ nudzodzro siwo dzi eƒe asi mate ŋu asu o alo ava eme nɛ o. Ale wɔ boblodolawo kple agbanadzralawo ƒe amenublenyawo meflunɛ o. Ke boŋ, ekpɔa ŋudzedze ɖe nu si ‘wòkpɔ kple eƒe ŋku,’ si fia nu si dzi eƒe asi te ŋu su la ŋu.

 Nu Enelia: Zɔ Ðe Agbenɔnɔ Ƒe Mɔfiame Nyuiwo Nu

Bu mɔfiame siwo nu nènɔa agbe ɖo la ŋu. Mɔfiame siwo nu nènɔa agbe ɖo ana nànya nu si le vevie kple nu si ŋu viɖe le. Ne míetsɔ wò agbenɔnɔ sɔ kple aŋutrɔ la, ke ele be wò agbenɔnɔ nasɔ ɖe mɔfiame siwo nu nènɔa agbe ɖo nu. Eya ta mɔfiame nyuiwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo taɖodzinu nyuiwo le agbe me eye nàzã wò ɣeyiɣiwo le mɔ nyuitɔ nu le gaƒoƒo ɖe sia ɖe kple ŋkeke ɖe sia ɖe me. Afi kae nàkpɔ mɔfiame siawo le? Ame geɖewo dia mɔfiame siawo le Biblia me eye wova kpɔnɛ be nunya si le Biblia me la ƒo ɖe sia ɖe ta sãsãsã.Lododowo 2:6, 7.

Na lɔlɔ̃ nanye wò nɔnɔme nyuitɔ kekeake. Kolosetɔwo 3:14 gblɔ be lɔlɔ̃ nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” Míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ ahase le mía ɖokui me be míele dedie lɔlɔ̃manɔmee o, vevietɔ le ƒomea me. Ame siwo melɔ̃ ɖe nya sia dzi o, eye woti kesinɔnuwo yome alo vu ɖe dɔ ŋuti, mekpɔa dzidzɔ vavã o. Eya ta mewɔ nuku o be Biblia de asixɔxɔ gã aɖe lɔlɔ̃ ŋu, eye lɔlɔ̃ dze le Biblia me zi alafa geɖewo.1 Korintotɔwo 13:1-3; 1 Yohanes 4:8.

Ðo ɣeyiɣi ɖi nàtsɔ anɔ nu siwo ana nànya Mawu nyuie la wɔm. Geoff nye ŋutsu aɖe si si srɔ̃nyɔnu lɔ̃ame kple vi eve siwo kpɔa dzidzɔ ŋutɔ la le eye xɔlɔ̃ nyuiwo hã le esi. Enye dɔnɔdzikpɔla si woxea fe na nyuie. Ke hã, eƒe dɔwɔɖuia na be wòkpɔa amewo ƒe fukpekpe kple ku teƒe zi geɖe. Ebia be: “Alea ko wòle be agbea nanɔa?” Gbe ɖeka la, exlẽ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe si Yehowa Ðasefowo ta eye emenyawo fa akɔ nɛ ŋutɔ.

Geoff gblɔ nu siwo srɔ̃m wòle la na srɔ̃a kple viawo eye woawo hã va tsɔ ɖe le nu si srɔ̃m wòle la me. Ƒomea te Biblia-sɔsrɔ̃ eye esia na woƒe agbe va ɖɔ ʋu wu eye wova le woƒe ɣeyiɣiwo zãm nyuie wu tsã. Biblia-sɔsrɔ̃ hã na mɔkpɔkpɔ nyui aɖe va su wo si be yewoava nɔ agbe tegbee le xexe si me dagbadagba ɖe ya me kple fukpekpe manɔ o la me.Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Geoff ƒe nuteƒekpɔkpɔa na míeɖo ŋku Yesu Kristo ƒe nya siawo dzi be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mateo 5:3) Àdi be yeaɖo ɣeyiɣi vi aɖe koŋ ɖi atsɔ anɔ nu srɔ̃m tso Mawu ŋua? Le nyateƒe me la, ɣeyiɣizazã ɖe mawusubɔsubɔ ŋu koe ate ŋu ana nunya si akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋkeke ɖe sia ɖe kple wò agbemeŋkekewo katã ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu la nasu asiwò.

^ mm. 5 Kpɔ “Nu 20 Siwo Nàwɔ Be Nàkpɔ Ɣeyiɣi Geɖe Wu” le April-June ƒe 2010 ƒe Nyɔ! me.