Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènya Nu Si Nana Nèfaa Aɖatsia?

Ènya Nu Si Nana Nèfaa Aɖatsia?

ÐE WODZI mí kple avifafa. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be abe ale si ko vi nɔdɔmewo kpɔa woƒe nuhiahiãwo to “ƒoƒolika” dzi ene la, vidzĩwo faa avi be woakpɔ yewoƒe ŋutilã me kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ na yewo. Gake nu ka tae ne míele tsitsim la míegafaa avi evɔ míate ŋu ato mɔ bubuwo dzi aɖe míaƒe seselelãmewo agblɔ hafi?

Susu geɖewo tae aɖatsi yɔa míaƒe ŋkuwo dzi ɖo. Míetea ŋu faa avi ne míele nu xam, ne míetɔtɔ alo ne míele ŋutilã me alo susu me kuxi aɖe me tom. Gake dzidzɔkpɔkpɔ, gbɔdzɔe kple dzidzedze kpɔkpɔ hã ate ŋu ana míafa avi. Esiae woyɔna be dzidzɔvi. Ame aɖe ƒe avifafa ate ŋu ana ame bubuwo hã nawó avi. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye María gblɔ be: “Ne mekpɔ ame aɖe wòle aɖatsi fam la, eɖanye nu kae le ewɔm o, nye hã mefaa avi.” Ðewohĩ film me nudzɔdzɔ alo agbalẽmeŋutinya aɖe na nèfa avi kpɔ.

Eɖanye nu ka kee naa ame faa avi o, avifafa nye nyagblɔmɔnu sẽŋu aɖe. Agbalẽ aɖe (Adult Crying) gblɔ be “enye mɔ ʋɛ siwo dzi míetona gblɔa nya geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la dometɔ ɖeka.” Avifafa wɔa dɔ ɖe ame dzi. Le kpɔɖeŋu me, esesẽna na mía dometɔ geɖe be míaŋe aɖaba aƒu edzi ne míekpɔ ame aɖe wòle avi fam nublanuitɔe elabena esia nana míekpɔnɛ be amea le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom. Eya ta míedzea agbagba be míafa akɔ nɛ alo akpe ɖe eŋu.

Numekula aɖewo xɔe se be avifafa nye mɔ nyui aɖe si dzi míetona ɖea míaƒe seselelãmewo ɖe go, eya ta ne míezia mía ɖokuiwo dzi be míafa avi o la ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. Ame bubuwo ya gblɔ be kpeɖodzi aɖeke meli be avifafa ɖea vi na ame le ŋutilã me kple seselelãme gome o. Ke hã le gbebiame aɖe me la, nyɔnu 85 le alafa me kple ŋutsu 73 le alafa me gblɔ be yewoƒe dzi dze eme esi yewofa avi vɔ megbe. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Noemí gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la mefaa avi. Eyome megbɔna fuu, esia wɔnɛ be metea ŋu bua nuwo ŋu nyuie hesea wo gɔme nyuie wu tsã.”

Le gbebiame aɖe me la, nyɔnu 85 le alafa me kple ŋutsu 73 le alafa me gblɔ be yewoƒe dzi dze eme esi yewofa avi vɔ megbe

Menye avifafa koe nana wokpɔa gbɔdzɔe sia o. Ale si amewo wɔa nu ɖe mía ŋu ne míele avi fam hã wɔa akpa vevi aɖe. Le kpɔɖeŋu me, ne míele avi fam eye wofa akɔ na mí alo kpe ɖe mía ŋu la, míaƒe dzi dzea eme. Gake ne womede nu eme na mí o la, ŋu kpea mí alo míesena le mía ɖokui me be wometsɔ ɖeke le eme na mí o.

Gake ale si wòdzɔnae be míefaa avi la mekpɔ le nyanya o. Nu si míenya koe nye be avifafa nye mɔ wɔnuku siwo dzi míetona ɖea míaƒe seselelãmewo fiana, siwo Mawu na mí la dometɔ ɖeka.