Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

United States

Kpovitɔ aɖewo le mɔ̃ɖaŋunuwo ŋu dɔ wɔm ale be woaɖe afɔku siwo dzɔna ne wole ʋuwo nyam ɖe enu la dzi akpɔtɔ. Nu siawo dometɔ ɖekae nye nane si wowɔna ɖe gaɖɔ si nɔa kpovitɔwo ƒe ʋuwo ŋgɔ la me eye wodea GPS-mɔfianu wo me hedana abe tu ene. Ne kpovitɔwo nya ʋu aɖe ɖe enu la, wodaa mɔfianu sia wòɖaléna ɖe ʋua ŋu. Esia wɔnɛ be wotea ŋu kplɔa ʋu si wodi be yewoalé la ɖo bɔbɔe eye mahiã be woanɔ du dzi kakaka adze afɔku o.

India

Wobu akɔnta be wowua nyɔnu ɖeka le gaƒoƒo ɖe sia ɖe me ɖe ŋutsutabianuwo ta. Togbɔ be dziɖuɖua de se be womegana ŋutsutabianu alo axɔe azɔ o hã la, wowu nyɔnu 8,200 kple edzivɔwo le ƒe 2012 me le esi wo srɔ̃wo alo wo srɔ̃wo ƒe ƒometɔwo bui be ŋutsutabianuawo mekɔ mo dzi o la ta.

Switzerland

Nyatakakaxɔmɔ̃ nyaŋui siwo wode sagbadre siwo nɔa towo dzi dometɔ etɔ̃ ŋu le teƒe si woƒo woƒe aziwo le la ɖee fia be xevi siawo dzo ŋkeke 200 kple edzivɔ tematɔmatɔe va ɖo Afrika. Tsã la, tɔmelãwo ŋu koe wode dzesii le be wotea ŋu ʋuna yia didiƒe ʋĩ ma gbegbe tematɔmatɔe.

Afrika Ƒe Dzo

Ƒudzidzodalawo fi meli 179 le teƒe si woyɔna be Afrika Ƒe Dzo ƒe ƒuta le April ƒe 2005 kple December ƒe 2012 dome. Xexea Me Ƒe Gadzraɖoƒegã bu akɔnta be ga si woxe na melifila siawo hafi woɖe asi le meliawo ŋu la ade Amerika dɔlar miliɔn 413.