Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Belize

Tsaɖiɖi Yi Belize

BELIZE nye du sue aɖe, gake nu vovovowo bɔ ɖe eme, abe avetsu dodowo kple atsiaƒu blɔ siwo ƒo xlã eƒe ƒukpowo kple eƒe ƒutawo ene. Gake nu mawo nye nu wɔnuku siwo le Belize la ƒe ʋɛ aɖewo ko.

Xeviwo kple gbemelã ƒomevi alafa geɖewoe le du sia me. Xevi siawo dometɔ aɖee nye xevi dɔlɔbɔ, eye gbeha ƒomevi aɖe si ƒe nu le lɔbɔɔ si tea ŋu ƒua du sesĩe le gota kple tɔ gɔme siaa hã li! Lãkle siwo melɔ̃a hamenɔnɔ o hã li. Le nyateƒe me la, Belize ye wotu lãkle ƒe kpɔ gbãtɔ ɖo le xexea me.

Belize ye wotu lãkle ƒe kpɔ gbãtɔ ɖo le xexea me

Mayawo ƒe dekɔnuwo xɔ aƒe ɖe Belize tsã. Spaintɔ anyigba yeye xɔlawo va le ƒe 1500-awo me, gake womete ŋu ɖu Mayawo dzi keŋkeŋ o. Emegbe la, Britaintɔwo va wɔ aʋa xɔ dua eye le ƒe 1862 me la, ezu Britaintɔwo ƒe dutanyigba eye wona ŋkɔe be Britaintɔwo ƒe Honduras. Gake le ƒe 1981 me la, Belize zu dukɔ nɔɖokusi.

 Belizetɔwo nya kpɔna abe ale si ko woƒe dua me nya kpɔ ene. To siwo me tɔwo sɔ gbɔ wu la dometɔ aɖewoe nye Kreolewo, Ɣedzeƒe Indiatɔwo, Garifunawo, Mayawo kple Mestizowo. Dua me tɔwo doa vivi ɖe ame ŋu eye wobua ame hã. Ne ɖeviwo le nu ƒom na ame tsitsiwo la, wozãa nya siwo fia “Davi” alo “Efo” zi geɖe, eye wozãa nya siwo fia “Ɛ̃, dada” alo “Ao, papa” tsɔ ɖoa nya ŋui.

Asi aɖe me le Belize City

Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le Belize dometɔ aɖewo doa Amerika Tokunɔgbe, Belize Kriol, Eŋlisigbe, Dziehe Germanygbe, Chinatɔwo ƒe Mandarin, Maya (Mopán) kple Spaingbe. Le ƒe 2013 me la, Belizetɔ 1 le 40 me wɔ ɖeka kple Ðasefowo wode Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia.

ÈNYAA? Belize ƒe adzakpo ƒe didime nye kilometa 290. Enye xexea me ƒe adzakpo gãtɔ evelia ƒe akpa aɖe. Adzakpo gãtɔ kekeakee lae nye Australiatɔwo ƒe Adzagbabali Gã la.

Belize ƒe adzakpo nye xexea me ƒe adzakpo gãtɔ evelia ƒe akpa aɖe