Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI BIBLIA GBLƆ

Nɔnɔmewɔwɔwo

Nɔnɔmewɔwɔwo

Ame miliɔn geɖe siwo doa vevie mawusubɔsubɔ zãa nɔnɔmewɔwɔwo le woƒe tadedeagu me. Gake ɖe Biblia da asi ɖe nuwɔna sia dzia? Ðe nuwɔna sia dzea Mawu ŋua?

Ðe Yudatɔ wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo zã nɔnɔmewɔwɔwo le tadedeagu mea?

“Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o.”2 Mose 20:4, 5.

Woƒo nu tsi tre ɖe nɔnɔmewɔwɔwo subɔsubɔ ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo, si wolɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Xoxo la me zi geɖe

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Le numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia ƒe nya ŋu la, nɔnɔmewɔwɔ gbogbo aɖewo le Yudatɔwo si wozãna le woƒe tadedeagu me, “eye wodea bubu wo ŋu, wovɔ̃na na wo eye wodea asixɔxɔ gã aɖe wo ŋu.” * Le kpɔɖeŋu me, numekugbalẽ ma gblɔ be woɖe atikutsetsewo, seƒoƒowo kple lãwo ƒe nɔnɔmewo ɖe gbedoxɔa ƒe gliwo ŋu tsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ.1 Fiawo 6:18; 7:36.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Togbɔ be numekugbalẽa gblɔ alea hã la, Yudatɔ wɔnuteƒewo ya mesubɔ nɔnɔme siwo woɖe ɖe gli ŋu alo nɔnɔmewɔwɔ bubu siwo wozãna le gbedoxɔa me o. Le nyateƒe me la, Biblia megblɔ le afi aɖeke be Israel-vi wɔnuteƒewo zã nɔnɔmewɔwɔwo le tadedeagu me o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu gblɔ to Yesaya dzi be: “Nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.”Yesaya 42:8.

 Ðe Kristotɔ gbãtɔwo zã nɔnɔmewɔwɔwo le woƒe tadedeagu mea?

“Ðekawɔwɔ kae le Mawu ƒe gbedoxɔ kple trɔ̃wo dome? . . . Midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu.”2 Korintotɔwo 6:16, 17.

“Nɔnɔmewɔwɔwo dada ɖe sɔlemexɔwo me ƒe susua dodo ɖa gɔ̃ hã anyɔ ŋu na Kristotɔ gbãtɔwo, eye woabu bɔbɔ ɖe wo ŋkume alo gbedodoɖa le wo ŋkume be enye trɔ̃subɔsubɔ.”Kristo Sɔlemeha Ƒe Ŋutinya

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu agblɔ egbea be Kristotɔ gbãtɔwo mezãa nɔnɔmewɔwɔwo le tadedeagu me susu nanɔ eƒe nyaa me o. Woke ɖe aɖaŋudɔ vovovowo ŋu le Kristotɔwo ƒe yɔdowo me. . . . Eye wotsɔa nɔnɔmewɔwɔ siwo ŋu nya wogblɔna le xotutuwo me la ɖoa atsyɔ̃ na woƒe gbedoxɔ kɔkɔewo kple woƒe yɔdowo.” *

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ƒe alafa etɔ̃lia me hafi wowɔ nɔnɔmewɔwɔ siwo wokpɔ le yɔdo mawo me. Yesu ku ƒe 200 aɖewo megbee nye ema. Eya ta nu si numekugbalẽa yɔ be “Kristotɔ gbãtɔwo ƒe subɔsubɔ” menye Kristotɔ gbãtɔ ŋutɔŋutɔwo ƒe subɔsubɔ o. Kristotɔ gbãtɔ ŋutɔŋutɔwoe nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, eye woƒo nu tso woƒe subɔsubɔ sia ŋu le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, si ame geɖe yɔna be Nubabla Yeye la me. Nɔnɔmewɔwɔ siwo wokpɔ le yɔdo mawo me ɖee fia be le ƒe alafa etɔ̃lia me la, yaɖikristotɔwo va dze nɔnɔmewɔwɔwo zazã le woƒe subɔsubɔ me abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔnɛ ene kple susu be yewoana trɔ̃subɔlawo natrɔ dzi me ava ɖo sɔlemehaa me. *

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Misi le trɔ̃subɔsubɔ nu.”1 Korintotɔwo 10:14.

Ðe wòle be woazã nɔnɔmewɔwɔwo be wòakpe ɖe ame ŋu le tadedeagu mea?

“Mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.”1 Yohanes 5:21.

Bubudede nɔnɔmewɔwɔwo ŋu nye subɔsubɔnuwɔna si dzi Biblia meda asi ɖo o. Esia ta Yehowa Ðasefowo mesubɔa nɔnɔmewɔwɔwo o, eye womedaa nɔnɔmewɔwɔ siwo wodea ta agu na la ɖe woƒe aƒewo me alo tadeaguƒewo o

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia gblɔ be: “Esi wònye be tadede agu na nɔnɔmewɔwɔwo nye tadede agu na ame siwo nɔnɔmewɔwɔ siawo le tsitre ɖi na ɖeɖe ko ta la, woate ŋu atsɔ tadedeagu si woatsɔ na amea ŋutɔ ana nɔnɔmewɔwɔ siwo le tsitre ɖi nɛ la.”

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Esi Yesu fia gbedodoɖa eyomedzelawo la, megblɔ na wo be woazã nɔnɔmewɔwɔwo o. Womegblɔ le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe afi aɖeke be woazã nɔnɔmewɔwɔwo atsɔ ade ta agu na Mawu vavã la o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.”Mateo 4:10.

^ mm. 7 New Catholic Encyclopedia ɖe nu me be asixɔxɔ gã aɖe dede nane ŋu “nye subɔsubɔnuwɔna, enye tadede agu.”

^ mm. 13 Nu siwo wowɔnɛ le afi sia be nɔnɔmewɔwɔwo la lɔ nutatawo, nɔnɔmetatawo, kpetatawo kple nu sia nu si wodea ta agu na ɖe eme.

^ mm. 14 Blemadukɔ geɖewo zã nɔnɔmewɔwɔwo le tadedeagu me. Wo dometɔ aɖewoe nye Egipte, Hela kple India.