Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KAE NYE DZIDZEDZEKPƆKPƆ VAVÃ?

Nu Kae Nèbua Dzidzedzekpɔkpɔ?

Nu Kae Nèbua Dzidzedzekpɔkpɔ?

De ŋugble tso kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ ɖa be aleke nàɖo nya sia ŋui mahã.

Ame siawo dometɔ kae nàbu dzidzedzekpɔlae?

  • ALEX

    Dɔwɔƒe le Alex si. Eɖia anukware, edoa vevie dɔ wɔna eye wòdea bubu ame ŋu. Dɔa tsɔ afɔ na Alex nyuie, eye esia wɔe be eya kple eƒe ƒomea ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le agbe me.

  • CAL

    Dɔwɔƒe ma tɔgbi kee le Cal hã si, eye ga si wòkpɔna sɔ gbɔ boo wu esi Alex kpɔna. Esi wònɔ ʋiʋlim sesĩe be yeƒe dɔwɔƒea nato dɔwɔƒe bubuwo ŋu ta la, dɔ dzi ko wònɔna atraɖii eye lãmesẽkuxi geɖewo va ɖe kpe nɛ.

  • JANET

    Janet dea kɔledzi, nusɔsrɔ̃ doa dzidzɔ nɛ eye wòsrɔ̃a nu veviedodotɔe. Esia wɔe be wòxɔa dzesi nyuiwo le suku.

  • ELLEN

    Ellen ya gawɔa dɔ nyuie wu Janet eye amewo kafunɛ be eƒe tagbɔ ɖa ŋutɔ, evɔ wònye ɖe wòfia dɔ kpɔna le dodokpɔwɔɣiwo eye metsɔ ɖeke le sukudede me boo o.

Ne ègblɔ be Cal kple Ellen, alo wo ame eneawo katã kpɔ dzidzedze la, ke afia be taɖodzinu si gbɔ woɖo ko yɔm nèle be dzidzedzekpɔkpɔ, eɖanye mɔ ka ke dzie woto ɖo egbɔ o.

Gake ne ègblɔ be Alex kple Janet ye kpɔ dzidzedze la, anɔ eme be amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo kple kutrikuku dzie nènɔa te ɖo gblɔna be wokpɔ dzidzedze. Susu le eme be nàbui nenema. Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ:

  • Ekae ava de Janet dzi wu le etsɔme, be wòaxɔ dzesi kɔkɔtɔ le suku loo alo be wòanye ame si lɔ̃a nusɔsrɔ̃a?

  • Ekae ade Alex ƒe viwo dzi wu, be nu sia nu si ga ate ŋu aƒle nanɔ wo si loo alo fofo si kpɔa vovo ɖe wo ŋu nanɔ wo sia?

Nya vevitɔ: Yeaɖidzidzedzekpɔkpɔ nɔa te ɖe gotagomedzedzeme dzi ko, gake dzidzedzekpɔkpɔ vavã ya nɔa te ɖe nɔnɔme nyuiwo dzi.