Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyɔŋɔnɔe Ƒomevi Aɖe

Anyɔŋɔnɔe Ƒomevi Aɖe

AME geɖe agblɔ be enya kpɔ ŋutɔ, ame bubuwo agblɔ be enana ame ƒe nu kuna. Eƒe afɔti le lɛe, eƒe fuwo bɔbɔ, eƒe ŋkuwo lolo hedo hɔ̃ɔ. Eƒe didime nye sentimeta 12 kple afã, eƒe kpekpeme anɔ abe gram 114 ene. Lã si woyɔna be anyɔŋɔnɔe la ƒomevi aɖee míewɔnɛ.

Mina míalé ŋku ɖe Filipinetɔwo ƒe anyɔŋɔnɔe ƒomevi sia ŋu vie. Eƒe ŋkuwo, towo, asiwo, afɔtiwo, afɔwo kple asike ƒe lolome mesɔ ɖe eƒe ametia ƒe lolome nu o. Gake ŋkuléle ɖe lã wɔnuku sia ŋu nyuie ana míade dzesi nu wɔdɔɖeamedzi aɖewo tso eŋu.

EƑE NUSESE: Lã sia si ƒe to le falɛfalɛe abe pepa ene la tea ŋu fɔa to dzi eye wòtea ŋu ŋea to hã. Etea ŋu sea gbeɖiɖi suetɔ kekeake gɔ̃ hã. Ale si eƒe to ɖa alea kpena ɖe eŋu wòƒoa asa na lã lénuwo abe dzatawo ene, eye wòkpena ɖe eŋu hã be wòtea ŋu sea eƒe nulélewo ƒe ŋkɔ. Le zã me la, lã sia ƒe towo trɔna ɖe bɔtriwo, babawo, adoŋgowo, xewo kple akpɔkplɔwo ƒe gbeɖiɖi ŋu. Eye wòtrɔa kɔ kpɔa nu si wòdi be yealé la kple eƒe ŋku hɔ̃ mawo.

EƑE LÉLE ÐE NU ŊU: Wowɔ lã sia ƒe asiwo ale gbegbe be etea ŋu léa ati lɛlɛwo. Nanewo le eƒe asibidɛwo nu siwo le abe ʋu ƒe taya gɔme ene siwo nana be wòtea ŋu léna ɖe nu ŋu sesĩe. Ne ele alɔ̃ dɔm gɔ̃ hã la, eléna ɖe nu si ŋu wòle la ŋu goŋgoŋ. Nu mawo ke le eƒe asike legbe la gɔme siwo nana be wòlina ɖi sesĩe va se ɖe esime wònyɔ.

EƑE NUKPƆKPƆ: Lã siwo naa no vi la dometɔ aɖeke ƒe ŋku melolo de etɔ nu ne wotsɔe sɔ kple eƒe ametia ƒe lolome o. Le nyateƒe me la, anyɔŋɔnɔe ƒomevi sia ƒe ŋku lolo wu eƒe ahɔhɔ̃! Lã sia metea ŋu troa eƒe ŋkuwo o; ɖeko wòkpɔa nu tẽe. Ðe esia doa kplamatsɛa? Kura o. Eƒe kɔ bɔbɔ ale gbegbe be etea ŋu trɔna ɖe megbe le go eveawo katã me.

EƑE NULÉLE: Ale si eƒe afɔwo didi nana wòtea ŋu dzona meta 6 si wu eƒe ametia ƒe didime ƒe teƒe 40! Ne lã sue sia di be yealé nu la, etia kpo le vivitia me, eƒe asiwo nɔa keke ɖi, eye wòyina ɖadzea nu si wòdi be yealé la dzi pɛpɛpɛ.

Lã sia metea ŋu nɔa agbe le gadza me o, elabena elɔ̃a nudzodzoeviwo ɖuɖu agbagbee eye melɔ̃na hã be woaka asi ye ŋu o. Ke hã, lã tɔxɛ sia ƒe nu gakpɔtɔ wɔa nuku na Filipinetɔwo. Avemelã ŋkuhɔ̃ sia si ƒe nu léa dzi na ame la ƒe akpa ɖe sia ɖe kloe wɔa dɔ ɖe ame dzi.