Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE BIBLIA SƆ NA MÍ EGBEA?

Ðe Biblia Sɔ Na Mí Egbea?—Nuteƒewɔwɔ

Ðe Biblia Sɔ Na Mí Egbea?—Nuteƒewɔwɔ

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome, eye woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o.”Hebritɔwo 13:4.

VIÐEAWO: Ame aɖewo bua nya siawo gbe aɖe gbe nyawoe. Ke hã, woda ƒu kura! Ale si nuteƒemawɔmawɔ doa vevesese na ame egbeae la, nenema ke ko wònɔ le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia hã me.Lododowo 6:34, 35.

Jessie, si nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo la, gblɔ be: “Nuteƒewɔwɔ na srɔ̃nye na nye kplii dome va le nyuie ŋutɔ, eye wònana míekpɔa dzidzɔ. Nyateƒee, kaka ɖe ame nɔewo dzi hiã vevie le srɔ̃ɖeɖe me. Nuteƒemawɔmawɔ nana be srɔ̃tɔwo megakana ɖe wo nɔewo dzi o” eye esia va gblẽa nu le ɖeviwo hã ŋu!

Ligaya * de eƒe srɔ̃ɖeɖe afɔku me. Egblɔ be: “Meva te hadede kple ame baɖawo. Esia nana be meyia zãmodzakaɖeƒewo, eye meva nɔ ŋutsu bubuwo gbɔ dem.” Ðe agbenɔnɔ sia na be wòkpɔa dzidzɔa? Eya kple srɔ̃a wowɔa dzre ɣesiaɣi, eye wòxaa nu. Egagblɔ be: “Esi mede ŋugble tso kuxi si gbegbe me meƒo ɖokuinye ɖo ŋu la, mekpɔe be dzinyelawo ƒe nya si wolɔ̃a gbɔgblɔ be, ‘Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo’ la nye nyateƒe.”1 Korintotɔwo 15:33.

Ligaya yi edzi be: “Hafi kuxiawo nava do gã ɖe edzi la, metso nya me heɖe asi le agbe baɖa siwo nɔm menɔ la ŋu, eye mete Biblia sɔsrɔ̃ hewɔna ɖe nu siwo mesrɔ̃ la dzi.” Aleke wòɖe vi nɛ? Ekpɔ eƒe srɔ̃ɖeɖea ta, eye srɔ̃a va léa be nɛ hedea bubu eŋu geɖe wu. Egblɔ be: “Biblia na metrɔ nye agbenɔnɔ eye mevem kpɔ be meɖe asi le tsãgbenɔnɔwo kple yaɖixɔlɔ̃ mawo ŋu o.”

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.