Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Ðe Mawu Li Ŋutɔŋutɔa? Vi Kae Ŋuɖoɖoa Kpɔkpɔ Aɖe Na Wò?

Ðe Mawu Li Ŋutɔŋutɔa? Vi Kae Ŋuɖoɖoa Kpɔkpɔ Aɖe Na Wò?

Ame geɖewo susui be womate ŋu anya ne Mawu li loo alo meli o, alo be mehiã be woatsi dzi ɖe nya ma ŋu o. Hervé si tsi le France gblɔ be: “Togbɔ be nyemenye ame si xɔe se be Mawu meli o alo be womate ŋu anya ne eli o hã la, nyemexɔ Mawu dzi se o. Nu si nye ya mekpɔ koe nye be ame nawɔ eƒe susu ŋu dɔ nyuie le agbe me. Esia mebia be woaxɔ Mawu dzi ase o.”

Ame geɖewo ƒe susu anya sɔ kple John, si le United States tɔ. Egblɔ be: “Dzinyelawo nye mawudzimaxɔselawo. Esi menye ɖekakpui la, nyemenya ne Mawu li loo alo meli o. Gake ɣeaɖewoɣi la, mebua eŋu.”

Ènya ne Mawu li loo alo meli oa? Eye ne èxɔe se be Mawu li la, èsusui be taɖodzinu vavã aɖe le agbe ŋua? Ðewohĩ èdo go nane siwo gɔme sese asesẽ na wò ne èxɔe se be Mawu meli o. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe nyatakaka aɖe si ɖe ale si anyigbadzinuwo sɔ nyuie si wɔe be agbe nya nɔna le edzi la fia kple kpeɖodzi siwo ɖee fia be nu gbagbe mate ŋu adzɔ tso nu si me agbe mele o la me o.—Kpɔ aɖaka si nye “ Dzro Kpeɖodziawo Me.”

De ŋugble tso ale si kpeɖodzi siwo ŋu míeƒo nu tsoe le vevie la ŋu kpɔ. Wole abe mɔfiadzesi si le asi fiam nu xɔasi aɖe ene. Ne èkpɔ kpeɖodzi siwo ɖee fia be Mawu li eye nèse nya siwo ŋu kakaɖedzi le tso eŋu la, aɖe vi geɖe na wò. Eƒe kpɔɖeŋu ene aɖewoe nye esiwo gbɔna.

1. TAÐODZINU SI LE AGBE ŊU

Ne taɖodzinu vavã aɖe le agbe ŋu la, ekema míadi be míanya taɖodzinu ma kple ale si wòka míi. Nya lae nye be ne Mawu li gake míenya o la, ke nyateƒenya vevitɔ si le xexe sia me la le mía ŋu tom.

Biblia gblɔ be Mawue wɔ nu gbagbewo katã. (Nyaɖeɖefia 4:11) Aleke esia nyanya ana taɖodzinu nanɔ míaƒe agbe ŋu? Bu nu si Biblia fia tso nya sia ŋu la ŋu kpɔ.

Le anyigbadzinuwɔwɔwo katã dome la, amegbetɔwo le etɔxɛe. Biblia gblɔ be Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ale be míaɖe eƒe nɔnɔmewo afia. (1 Mose 1:27) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia fiaa nu be amegbetɔ ate ŋu ava nye Mawu xɔlɔ̃. (Yakobo 2:23) Taɖodzinu vavã aɖeke mate ŋu anɔ míaƒe agbe ŋu ne mímele ƒomedodo ma me kple mía Wɔla la o.

Nu kae wòfia be woanye Mawu xɔlɔ̃? Mawu xɔlɔ̃wo ate ŋu aɖe woƒe dzimenyawo agblɔ nɛ tẽe. Edo ŋugbe be yeaɖo to wo ahaxɔ na wo. (Psalmo 91:15) Ne míenye Mawu xɔlɔ̃wo la, míanya eƒe susuwo le nu vovovowo ŋu. Esia ate ŋu ana míakpɔ ŋuɖoɖo na míaƒe agbemebiabia vevitɔwo.

Nya lae nye be ne Mawu li gake míenya o la, ke nyateƒenya vevitɔ si le xexe sia me la le mía ŋu tom

2. DZIDZEME

Le kpɔɖeŋu me, fukpekpe gbogbo siwo le xexea me na wòsesẽ na ame aɖewo be woaxɔ Mawu dzi ase. Wobiana be, ‘Nu ka tae Wɔla ŋusẽkatãtɔ la naɖe mɔ ɖe fukpekpe kple vɔ̃ɖinyenye sia gbegbe ŋu?’

Biblia ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamee nye be Mawu meɖoe gbeɖe be amegbetɔwo nakpe fu o. Esi Mawu wɔ amegbetɔ gbãtɔ la, fukpekpe menɔ anyi o. Eye Mawu meɖoe le gɔmedzedzea me gɔ̃ hã be amegbetɔwo naku o. (1 Mose 2:7-9, 15-17) Ðe wòsesẽ na wò be nàxɔ nya sia dzi asea? Numevivinya aɖe koea? Gbeɖe. Elabena ne Mawu nye Wɔla ŋusẽkatãtɔ eye lɔlɔ̃e nye eƒe nɔnɔme vevitɔ la, ke tame sia tututu koe míakpɔ mɔ be wòaɖo ɖe míaƒe agbe ŋu.

Ke nu kae na amegbetɔwo va le nɔnɔme wɔnublanui sia me egbea? Biblia gblɔ be Mawu wɔ amegbetɔwo hena ŋutete wo be woate ŋu atiae be yewoawɔ nyui loo alo vɔ̃. Mawu mewɔ mí abe robotwo ene si awɔe be míaɖo toe dzizizitɔe o. Atsu kple asi gbãtɔ siwo me amegbetɔwo katã dzɔ tso la, tiae be yewomaɖo to Mawu o. Woawo ŋutɔwo ƒe didi boŋ dzie wowɔ. (1 Mose 3:1-6, 22-24) Woƒe nuwɔnawo me tsonuwoe nye fukpekpe gbogbo siwo li egbea.

Míaƒe dzi ate ŋu adze eme ne míenyae be Mawu meɖoe be amegbetɔwo nakpe fu hafi o. Gake míedina hã be míakpɔ gbɔdzɔe. Míehiã mɔkpɔkpɔ.

3. MƆKPƆKPƆ

Esi amegbetɔ dze aglã ɖe Mawu ŋu megbe teti ko la, Mawu do ŋugbe be yeana tame si yeɖo ɖe anyigba ŋu le gɔmedzedzea me la nava eme. Esi wònye ŋusẽkatãtɔ ta la, naneke mate ŋu axe mɔ nɛ o. (Yesaya 55:11) Eteƒe madidi o, Mawu aɖe aglã si wodze ɖe eŋu la me tsonuwo katã ɖa, anyigba kple amegbetɔwo agava ɖo nɔnɔme si me Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea me be woanɔ la me.

Vi kae esia aɖe na wò? Bu Mawu ƒe ŋugbedodo gbogbo siwo le Biblia me ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu la dometɔ eve aɖewo ŋu kpɔ.

  • WOAÐE VƆ̃ÐINYENYE ÐA EYE ŊUTIFAFA AXƆ ANYIGBA LA DZI. “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.

  • DƆLÉLE KPLE KU MAGANƆ ANYI O. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me la dzi? Eƒe nyagblɔɖi gbogbo aɖewo va eme eye kpeɖodziwo hã le wo ŋu. Gake etsɔmemɔkpɔkpɔ siawo mena míevo tso agbemekuxiwo si me fifia o. Kpekpeɖeŋu kae Mawu naa mí egbea?

4. KPEKPEÐEŊU LE KUXIWO KPLE NYAMETSOTSOWO ME

Mawu naa mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ ahatso nya me le mɔ nyuitɔ nu la mí. Nyametsotso aɖewo le sue, gake ɖewo ya kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi le míaƒe agbemeŋkekewo katã me. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu aɖo aɖaŋu nunya nanɔ eme wòade mía Wɔlaa tɔ nu o. Enya nu sia nu eye Eyae wɔ amegbetɔwo. Eya ta enya nu siwo anyo na mí.

Yehowa Mawu ƒe susuwoe le Biblia me, elabe eyae na eƒe gbɔgbɔ ʋã amegbetɔwo woŋlɔ emenyawo ɖi. Egblɔ le Biblia me be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye ame si fia nu si nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.”—Yesaya 48:17, 18.

Ŋusẽ si seɖoƒe meli na o ye le Mawu si eye wòdi vevie be yeazã yeƒe ŋusẽa atsɔ akpe ɖe mía ŋu. Biblia ɖɔ Mawu be enye fofo lɔ̃ame si dina be yeakpe ɖe mía ŋu. Egblɔ be: ‘Fofo si le dziƒo la ana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu.’ (Luka 11:13) Mawu ate ŋu azã eƒe ŋusẽ sia atsɔ afia mɔ mí ahado ŋusẽ mí.

Aleke nàwɔ Mawu nakpe ɖe ŋuwò? Biblia gblɔ be: “Ele be ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye be ezua teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie la.” (Hebritɔwo 11:6) Be nàxɔe ase be Mawu li la, ele be wò ŋutɔ nàdzro kpeɖodziawo me.

ÀKU NU ME TSO EŊUA?

Nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la didi xɔa ɣeyiɣi, gake ne èdii la, aɖe vi geɖe na wò godoo. Bu Xiujin Xiao, si wodzi le China si va le United States fifia la ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Togbɔ be mexɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi se hã la, medi vevie be manya nu si tututu le Biblia me. Eya ta mena Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Esi menɔ ƒe mamlɛtɔ me le suku kɔkɔ la, vovo meganɔ ŋunye kura o, eye esia wɔe be nyemegakpɔa ɣeyiɣi boo ɖe Biblia-sɔsrɔ̃ ŋu o. Gake nyemegakpɔa dzidzɔ tututu o. Esi megatsɔ Biblia-sɔsrɔ̃ ɖo dɔe ake la, nye dzi dze eme.”

Àdi be yeanya nu geɖe tso mía Wɔla, Yehowa Mawu ŋua? Ke anyo be nàdi ɣeyiɣi aku nu me tso eŋu.