Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Susuhehe Yi Ƒomedodowo Dzi

Susuhehe Yi Ƒomedodowo Dzi

Ne èdi be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple amewo dome la, Biblia ŋue nàtrɔ ɖo gbã hena aɖaŋuɖoɖo loo alo eyae anye nu mamlɛtɔ si ŋu nàtrɔ ɖoa? De ŋugble tso ale si nunya si tso blemagbalẽ sia me wɔ ɖeka kple nu siwo ŋu numekulawo ke ɖo nyitsɔ laa ŋu kpɔ.

India

Le numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 2014 me ƒe nya nu la, sɔhɛ 51 le alafa me siwo xɔ tso ƒe 18-25 gblɔ tso gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu be, “meganye nya gã aɖeke le India o.” Ðɔkta aɖe si le dugã si nye Mumbai me gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Hindustan Times) me be le yeƒe susu nu la, “togbɔ be sɔhɛwo zɔna kple wo nɔewo hã la, menye susuae nye be yewoava ɖe srɔ̃ o. Eɖanye gbɔdɔdɔ zã ɖeka aɖe alo zɔzɔ hena ɣeyiɣi kpui aɖe alo wo nɔewo gbɔ nɔnɔ o, menye srɔ̃ɖeɖee nye woƒe taɖodzinu o.”

BU NYA SIAWO ŊU: Ame hatsotso eve siawo dometɔ kawoe xɔa nulɔdɔwo eye woƒe dzitsinya bua fɔ wo wu—ame siwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me loo alo srɔ̃tɔwo?—1 Korintotɔwo 6:18.

Denmark

Wova de dzesii be ame siwo lɔ̃a dzrewɔwɔ kple woƒe ƒomea me tɔwo kuna kaba le woƒe ƒe 35 va ɖo 50-awo xɔxɔ me. Esi numekula siwo le yunivɛsiti si le Copenhagen ku nu me hena ƒe 11 kple edzivɔ tso ame siwo ade 10,000 siwo le woƒe ƒe 35 va ɖo 50-awo me ŋu la, wokpɔe be wo dometɔ siwo lɔ̃a dzrewɔwɔ kple woƒe ƒometɔwo tea ŋu kua kukpo wu ame siwo melɔ̃a dzrewɔwɔ kple woƒe ƒometɔwo o. Numekulaawo ƒe nuŋlɔla gblɔ be ale si wokpɔa kuxiwo, agbanɔamedziwo kple nyaʋiʋliwo gbɔ la “ate ŋu anye mɔ vevi si dzi woato aɖe kukpokuku dzi akpɔtɔ.”

BIBLIA GBLƆ BE: “Nunyala kpɔa eƒe nuƒoƒo dzi, eye nugɔmesela gbɔa dzi ɖi blewu.”—Lododowo 17:27.

United States (États-Unis)

Le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa tso srɔ̃tɔ yeye 564 ŋu le Louisiana me la, wode dzesii be ame siwo dome klãna le woƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me, gake wogava wɔa ɖeka heɖea wo nɔewo gome la, enɔa bɔbɔe be woaklã ɖa le wo nɔewo gbɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe atɔ̃ gbãtɔawo me. Srɔ̃tɔ siawo wɔa dzre zi geɖe hã eye womekpɔa dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me o.

BIBLIA GBLƆ BE: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.”—Mateo 19:6.