Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Nàde Bubu Srɔ̃wò Ŋu

Ale Si Nàde Bubu Srɔ̃wò Ŋu

KUXIA

Srɔ̃ŋutsua be: “Esi míeɖe mía nɔewo la, nye kple nye aƒenɔ ƒe nu mesɔ le ale si míade bubu mía nɔewo ŋu me o. Menye ɖe wòfia be míaƒe susuawo dometɔ aɖe gblẽ o, ɖeko woto vovo. Mebunɛ zi geɖe be ele be srɔ̃nye nade bubu geɖe ŋunye to ale si wòƒoa nu nam me.”

Srɔ̃nyɔnua be: “Afi si wonyim le la, woƒoa nu sesĩe, ɖoa mo ɖe nyawo dzi eye woxɔa nya le ame nu. Míebua nuwɔna siawo be wonye amemabumabu o. Gake nɔnɔmea to vovo kura le nuto si me wonyi srɔ̃nye le me.”

Bubudede ame nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me menye nu si adzro ame hafi wòawɔe o ke boŋ enye nu si wòle be woawɔ. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ŋutsuwo dina vevie be woade bubu yewo ŋu. Biblia ɖo aɖaŋu na srɔ̃ŋutsuwo be: “Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene.” Gake egblɔ kpee be: “Srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.” (Efesotɔwo 5:33) Togbɔ be ele be srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo nase le wo ɖokuiwo me be wolɔ̃ yewo eye wodea bubu yewo ŋu hã la, le srɔ̃ŋutsuwo gome la ne wode bubu wo ŋu la, enana woƒe dzi dzea eme. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Carlos * gblɔ be: “Ŋutsuwo dina be woaka ɖe yewo dzi be yewoate ŋu akpɔ nya sesẽwo kple kuxiwo gbɔ, eye be yewoate ŋu alé be na yewoƒe ƒomea.” Ne srɔ̃nyɔnu dea bubu srɔ̃a ŋu ɖe ŋutete siawo ta la, eɖea vi na eya ŋutɔ kple srɔ̃a siaa. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Corrine gblɔ be: “Ne mede bubu srɔ̃nye ŋu la egaɖea lɔlɔ̃ geɖe wu fiam.”

Ele be woade bubu srɔ̃nyɔnuwo hã ŋu. Susu le nya sia me elabena srɔ̃ŋutsu mate ŋu alɔ̃ srɔ̃a ne medea bubu eŋu o. Daniel gblɔ be: “Ele be made bubu srɔ̃nye ƒe susuwo kple ale si wòbua nuwo ŋui la ŋu. Ele hã be made bubu eƒe seselelãmewo ŋu. Ne nyemese ale si wòle sesem le eɖokui me tso nane ŋu gɔme o la, mefia be maŋe aɖaba aƒu esia dzi o.”

Ame sia ame kple ale si wòbua amebubui. Menye ale si nèsusu be yedea bubu ye srɔ̃ ŋue nye nyaa o, ke boŋ ɖe srɔ̃wò kpɔnɛ be èdea bubu ye ŋua? Nu siae srɔ̃nyɔnu si ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me le tanya si nye “Kuxia” te la va srɔ̃. Egblɔ be:“Ne nyemede dzesii be nu si mewɔ nye amemabumabu o, gake srɔ̃nye ya kpɔe be enye amemabumabu la, ke nyee wòle be mawɔ tɔtrɔ.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

  • Ŋlɔ nu etɔ̃ siwo dzɔa dzi na wò le srɔ̃wò ŋu la ɖi. Nu nyui siwo nèva de dzesii la ate ŋu ava nye nu si dzi nànɔ te ɖo ade bubu srɔ̃wòa ŋu.

  • Zã nu siwo gbɔna nàtsɔ alé ŋku ɖe nuwɔnawo (ke menye srɔ̃wò tɔwo o) ŋu le kwasiɖa ɖeka me.

Wò nyawo. Numekuku aɖe si wowɔ le srɔ̃tɔwo ŋu ɖee fia be “ne srɔ̃tɔ siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔ le eye wokpɔ dzidzedze la le kuxi aɖe me dzrom zi geɖe la, wogblɔa nya atɔ̃ siwo nye nu nyuiwo tso kuxia ŋu. To vovo na esia la, srɔ̃tɔ siwo di be yewoagbe yewo nɔewo ya megblɔa nu nyui afã gɔ̃ hã le kuxi si me dzrom wole la ŋu o.” *Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 12:18.

Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe meƒoa nu na srɔ̃nye bubutɔea? Ðe nye nyatoƒoetoto sɔ gbɔ wu ale si mekafua srɔ̃nyea? Aleke nye gbe ƒe sesẽme nɔna ne mede dzesi nane si ŋu wòhiã be maƒo nu tso alo aɖɔ srɔ̃nye ɖo?’ Ðe srɔ̃wò alɔ̃ ɖe ale si nàɖo nya siawo ŋu la dzia?—Biblia ƒe mɔfiame: Kolosetɔwo 3:13.

Te esia kpɔ: Ðoe wò taɖodzinu nàkafu srɔ̃wò zi ɖeka ya teti gbe sia gbe. Aɖaŋuɖoɖo: De ŋugble le nɔnɔme nyui siwo nède dzesii le srɔ̃wò ŋu va yi la ŋu. Na wòanye numame na wò be nànɔ nɔnɔme nyui siwo doa dzidzɔ na wò le srɔ̃wò ŋu la gblɔm nɛ edziedzi.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 8:1.

Wò nuwɔnawo. Srɔ̃nyɔnu si ŋkɔe nye Alicia gblɔ be: “Aƒemedɔwo xɔa ɣeyiɣi geɖe le asinye, eya ta ne srɔ̃nye de asixɔxɔ nye agbagbadzedzewo ŋu eye wòda eƒe nuwo ɖe wo nɔƒe, klɔ agba siwo me wòɖu nu le la, enana nye dzi dzea eme, mekpɔnɛ be nye agbagbadzedzewo menye dzodzro o eye mele vevie nɛ.”

Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe ale si mewɔa nu ɖe srɔ̃nye ŋu ɖenɛ fiana be medea bubu eŋua? Ðe mekpɔa vovo ɖe srɔ̃nye ŋu heléa to ɖe eƒe nyawo ŋua?’ Ðe srɔ̃wò alɔ̃ ɖe ale si nàɖo nya siawo ŋu la dzia?

Te esia kpɔ: Ŋlɔ nu etɔ̃ siwo me nàdi be woade bubu ŋuwò le la ɖi. Na srɔ̃wò hã nawɔe. Mitsɔ miaƒe nuŋlɔɖiwo na mia nɔewo ne miakpɔ nu si wòle be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ atsɔ ade bubu nɔvia ŋu. Wò susu nanɔ nu si wòle be nàwɔ atsɔ ade bubu srɔ̃wòa ŋu la ŋu. Ne èdze egɔme la, ekema srɔ̃wò hã asrɔ̃ wò kpɔɖeŋua.

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 14 Etso agbalẽ si nye Ten Lessons to Transform Your Marriage me.