Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Alhazen

Alhazen

ÐEWOHĨ mèse ame si woyɔna be Abū ‘Alī al-Ḥasan ibn al-Haytham ŋkɔ kpɔ o. Woyɔnɛ le Europa kple Amerika be Alhazen, si nye eƒe Arabgbe me ŋkɔ al-Ḥasan si woŋlɔ ɖe Latingbe me. Ke hã dɔ siwo wòwɔ le eƒe agbe me la ƒe ɖe anya ɖe vi na wò. Wogblɔ tso eŋu be enye “ame vevi siwo xɔ ŋkɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me la dometɔ ɖeka.”

Wodzi Alhazen le Basra, si le Iraq fifia le ƒe 965 Kristotɔwo Ŋɔli. Nu siwo doa dzidzɔ nɛ vevie siwo ŋu wòsrɔ̃ nu tsoe ƒe ɖewoe nye ɣletiviŋutinunya, atikewo dodo kpɔ, akɔntabubu, atikewɔwɔ, hadzidzi, kekeliŋutinunya, dzɔdzɔmeŋusẽŋununya kple hakpanyawo. Nu ka koŋ mee wòle be míada akpe nɛ le?

WOÐE TSITA NA NIL-TƆSISIA

Alhazen ŋu nya aɖe kaka ɣeyiɣi didi aɖe. Eku ɖe ale si wòɖoe be yeana Nil-tɔsisia me tsia nasi le mɔ si wòdi nu la ŋu. Anɔ abe ƒe 1,000 megbe hafi wova wɔ dɔ ma le Aswân le ƒe 1902 me.

Wogblɔ be, esi tsi ɖɔna eye ku ɖina le Egypt enuenu ta la, Alhazen di vevie be woaɖe tsita na Nil-tɔsisia ale be woate ŋu alé kuxi sia nu. Esi Cairo dzi ɖula, Caliph al-Hakim, se nu si Alhazen di be yeawɔ la, emia asii wòva Egypt ne wòava ɖe tsitaa. Gake esi Alhazen kpɔ tɔsisia kple ŋku la, ekpɔe be dɔa lolo wu ye. Alhazen vɔ̃ be dziɖula vɔ̃ɖi sia si ƒe susu trɔna kabakaba ate ŋu ahe to na ye, eya ta edo tsu eɖokui va se ɖe esime dziɖula sia ku le ƒe 11 megbe, le ƒe 1021 me. Le ɣeyiɣi siwo me wosika Alhazen le esi wòdo tsu eɖokui ta la, ekpɔ vovo nɔ nu bubu siwo do dzidzɔ nɛ la wɔm.

KEKELIŊUTINUNYAGBALẼ

Kaka woaɖe asi le Alhazen ŋu la, eŋlɔ Kekeliŋutinunyagbalẽ si le akpa vovovo adre me si wobu be enye “agbalẽ vevitɔ kekeake siwo ku ɖe dzɔdzɔmeŋusẽŋununya ŋu dometɔ ɖeka” la, ƒe akpa gãtɔ. Eƒo nu tso ale si kekeli wɔa dɔ, ale si kekeli nana míekpɔa amadede vovovowo, ale si ahuhɔ̃e klẽna ne kekeli klẽ ɖe edzi kple ale si kekeli klẽna to nane si ŋu do le me ŋuti le agbalẽa me. Esrɔ̃ nu tso ale si míewɔna kpɔa nu, ale si wowɔ ŋkua kple eƒe dɔwɔwɔ hã ŋu.

Hafi ƒe alafa 13 lia naɖo la, woɖe Alhazen ƒe agbalẽwo gɔme tso Arabgbe me yi Latingbe me eye le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo mea, Europa agbalẽnyalawo yɔa nya tso wo me, elabe kakaɖedzi le wo ŋu. Alhazen ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ahuhɔ̃e si me wokpɔa nu to, lae kpe ɖe Europa gaŋkuiwɔlawo ŋu wote ŋu wɔ didiƒekpɔmɔ̃ kple nusuekpɔmɔ̃wo to ale si wotsɔ ahuhɔ̃e eve siwo me wokpɔa nu tona dze ŋgɔ wo nɔewo dzi.

BLEMATƆWO ƑE FOTOÐEMƆ̃

Alhazen ye to nu si dzi woate ŋu anɔ te ɖo aɖe foto nane la vɛ zi gbãtɔ. Nutovɛa ƒe ɖee nye “xɔvi aɖe si me do viviti” si me kekeli gena ɖo to do sue aɖe ko me, si nana be nu si le gota la dzena le xɔvia me le gli ŋu wònyea nu si le gota ƒe nɔnɔme si trɔ ta tu.

Anɔ eme be Alhazen ye to blematɔwo ƒe fotoɖemɔ̃ gbãtɔ vɛ

Le ƒe alafa 18-awo me la, wowɔ agbawo kpe ɖe blemafotoɖemɔ̃a ŋu si ana be nu siwo woaɖe fotoe la natsi agbawo dzi. Nu kae do tso eme? Esia na wote ŋu wɔ fotoɖemɔ̃ siwo li fifia. Ale si blematɔwo ƒe fotoɖemɔ̃a wɔa dɔe la, nenema kee fotoɖemɔ̃ siwo li egbea kple míaƒe ŋku gɔ̃ hã wɔa dɔe. *

EDOA NUWO KPƆ

Nu si ɖe dzesi le Alhazen ƒe dɔwo ŋue nye ale si wòkua nu me tso dzɔdzɔmenuwo ŋu tsitotsito le ɖoɖo nu. Mɔnu siwo wòzãna mebɔ ɣemaɣi o. Eyae nye numekula gbãtɔwo dometɔ ɖeka si te nu siwo wòŋlɔ la wɔwɔ kpɔ, eye mevɔ̃ be yeabia be woaɖe nu siwo dzi ame akpa gãtɔ da asi ɖo evɔ kpeɖodzi mele wo ŋu o la me na ye o.

Nu siwo dzi wotu dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo fifia la dze le nyagbɔgblɔ sia me be: “Ðo kpe nu si nèxɔ se la dzi!” Ame aɖewo bua Alhazen be “eyae to dzɔdzɔmeŋutinunyamɔnu siwo wozãna tsɔ doa nuwo kpɔ fifia la vɛ.” Le esia ta, edze be míada akpe nɛ.

^ mm. 13 Womese ale si blematɔwo ƒe fotoɖemɔ̃a kple ŋku ƒe dɔwɔwɔ ɖi wo nɔewo la gɔme le Europa kple Amerika o, va se ɖe esime Johannes Kepler ɖe eme le ƒe alafa 17 lia me hafi.