Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋu ka ɖom nèle ɖi na viwòwo be woasrɔ̃?

NA DZILAWO

8: Kpɔɖeŋu

8: Kpɔɖeŋu

NU SI WÒFIA

Dzila siwo ɖoa kpɔɖeŋu nɔa agbe ɖe nu si wofiana la nu. Le kpɔɖeŋu me, asesẽ na viwò be wòato nyateƒe ne esenɛ nègblɔna be, “Gblɔ nɛ be nyemeli o,” ne mèdi be yeaƒo nu kple ame aɖe si va aƒea me o.

“Nya si dzilawo lɔ̃a gbɔgblɔ ye nye be, ‘Wɔ nu si megblɔ na wò, menye nu si mewɔna o.’ Gake nya sia mewɔa dɔ le ɖeviwo gbɔ o. Ðeviwo srɔ̃a nu sia nu si míewɔna kple nya sia nya si míegblɔna abe ale si papahũ lɔa tsii ene, eya ta ne nu si míewɔna mesɔ kple nya siwo míegblɔna o la, woagblɔe na mí.”—David.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Wò, ame si le gbeƒã ɖem be, ‘Mègafi fi o’ la, wòe fia fia?”—Romatɔwo 2:21.

NU SI TA WÒLE VEVIE

Nu siwo dzilawo wɔna kpɔa ŋusẽ ɖe ɖeviwo kple sɔhɛwo dzi wu wo hatiwo kple ame bubuwo. Esia fia be wòe nye ame si ate ŋu afia mɔ viwòwo nyuie wu—nenye be wò ŋutɔ nèwɔa nu siwo nègblɔna.

“Míate ŋu anɔ nya ɖeka ma ke gblɔm zi geɖe eye wòawɔ na mí be ɖevia gbe tonusese, gake ne míewɔ míaƒe nya dzi zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã o la, ɖevia ade dzesii. Ðeviwo léa ŋku ɖe nu sia nu si míewɔna ŋu, ne míesusu be womele ekpɔm o gɔ̃ hã.”—Nicole.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Nunya si tso dziƒo la, . . . alakpanuwɔwɔ mele eme o.”—Yakobo 3:17.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Lé ŋku ɖe wò nuwɔnawo ŋu. Modzakaɖeɖe kawo ŋue nèdoa vivi ɖo? Aleke nèwɔa nu ɖe srɔ̃wò kple viwòwo ŋu? Ame kawoe nye xɔ̃wòwo? Ðe nèbua ame bubuwo ŋua? Kpuie koa, ɖe nènɔa agbe abe ale si nèdi be viwòwo nanɔe enea?

“Nye kple srɔ̃nye míenana mía viwo wɔa nu siwo míawo ŋutɔwo míewɔna o.”—Christine.

Ðe kuku ɖe wò vodadawo ta. Viwòwo nyae be mède blibo o. Ne ègblɔna be “Tɔnye medzɔ o” na srɔ̃wò kple viwòwo ne ehiã la, ke èle anukwareɖiɖi kple ɖokuibɔbɔ fiam wo.

“Ele be mía viwo nakpɔe be míelɔ̃na ɖe míaƒe vodadawo dzi heɖea kuku. Ne míewɔnɛ alea o la, ɖeko woawo hã woanɔ nu tsyɔm woƒe vodadawo dzi.”—Robin.

“Mí dzilawo ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe mía viwo dzi ŋutɔ, eye kpɔɖeŋu si míeɖonae nye nu vevi si ŋu woléa ŋku ɖo ɣeawokatãɣi. Ale si dzilawo nɔa agbee fiaa nu wo viwo ɣesiaɣi.”—Wendell.