Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ALE SI NÀWƆ AVO TSO NUTEÐEAMEDZI ME

Ðe Nu Te Ðe Dziwòa?

Ðe Nu Te Ðe Dziwòa?

“Nu tena ɖe ame sia ame dzi va ɖo afi aɖe, gake tɔnye ya wu gbɔgblɔ. Menye nu gã ɖeka aɖe gbɔ koe wòtso o, ke boŋ etso nu vovovo siwo nye hloluitsotsowo kple ƒe gbogbo siwo metsɔ le srɔ̃nye ŋutsu si dze dɔ le ŋutilãme kple susume dzi kpɔm la gbɔ.”—Jill. a

“Srɔ̃nye dzo le gbɔnye, eye eva hiã be nye ɖeka mahe mía vi eve. Mele bɔbɔe be woanye dzilaɖekɛ o. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, dɔ ge le asinye, eye ga menɔ asinye matsɔ adzra nye ʋu si gblẽ la ɖo o. Nyemenya nu si tututu mawɔ o. Nuteɖeamedzia wu tsɔtsɔ nam. Menya nyuie be mesɔ be mawu ɖokuinye o, eya ta meɖe kuku na Mawu be wòaɖe nye agbe ɖa.”—Barry.

Ðe nu tena ɖe wò hã dziwò ɣeaɖewoɣi abe Jill kple Barry enea? Ne nenemae la, ke nyati siwo kplɔ esia ɖo afa akɔ na wò eye woakpe ɖe ŋuwò. Nyatiawo ƒo nu tso nu siwo gbɔ nuteɖeamedzi tsona, ale si wòate ŋu agblẽ nu le mía ŋu kple ale si míawɔ ate ŋu anɔ te ɖe enu fifia la ŋu.

a Míetrɔ ŋkɔawo.