Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunya Si Ana Míakpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me

Nunya Si Ana Míakpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me

“Togbɔ be meléa blanui ne mekpɔ ale si aʋawɔwɔ, ahedada, dɔléle, kple ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu bɔ ɖe xexea me hã, mɔkpɔkpɔ le asinye azɔ.”—RANI. *

Rani ƒe dzi dze eme esi wòva nya mía Wɔlaa, Mawu ŋusẽkatãtɔ, Ame si gbɔ nunya vavãtɔ dzɔ tso. Ne èle nyati siwo gbɔna xlẽma, kpɔ ale si Mawu ƒe nufiafiawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. . . .

  • nàkpɔ dzidzɔ le wò ƒomea me

  • nànɔ ŋutifafa me kple amewo

  • nàkpɔ dzidzeme vavã

  • nàse nu si ta míekpea fu eye míekuna gɔme

  • nànɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe

  • nàva nya mía Wɔlaa nyuie ahadze xɔ̃e

Àva kpɔe hã be menye ame tɔxɛ aɖewo koe mía Wɔlaa naa eƒe nunya o, ke boŋ enaa ame sia ame si dinɛa faa.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le magazine sia me.