Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUWO TƆ ZI LE XEXEA ME

3 | Ku Ðe Wò Ame Veviwo Ŋu

3 | Ku Ðe Wò Ame Veviwo Ŋu

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ale si nuwo tɔ zi le xexea mea na amewo tsi dzimaɖi, eye esia wɔnɛ be ame geɖe megava nɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple woƒe ame veviwo o.

  • Amewo ɖea wo ɖokui ɖe aga tso wo xɔlɔ̃wo gbɔ.

  • Srɔ̃tɔwo megava nɔa nu wɔm ɖe wo nɔewo ŋu nyuie o.

  • Dzilawo megava tsɔa ɖeke le nu siwo me tom wo viwo lea me o.

Nu Si Wòle Be Nànya

  • Xɔlɔ̃wo kpena ɖe mía ŋu míekpɔa dzidzeme ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom, eye esia dea míaƒe lãmesẽ dzi.

  • Ale si nuwo le sesẽm le xexea me ate ŋu ahe kuxi siwo mèle mɔ kpɔm na oa ava wò ƒomea dzi.

  • Nyadzɔdzɔ ɖefuname siwo viwòwo sena alo kpɔna ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu wu ale si nèsusu.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Fifia

Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

Xɔlɔ̃wo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu eye woaɖo aɖaŋu nyuiwo na mí. Nyanya be mía xɔlɔ̃wo tsɔ ɖe le eme na mí teti ate ŋu ado ŋusẽ mí be míanɔ te ɖe ŋkekea ƒe kuxiwo nu.