Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya

ESIAE nye agbalẽ, si ƒe ŋutinyawo nye nyateƒe. Woɖe wo tso agbalẽ, si ƒo ɖesiaɖe ta le xexeame, si nye Biblia la me. Ŋutinyaawo gblɔ xexeame ƒe ŋutinya tso esime Mawu dze nuwo wɔwɔ gɔme va de asi na míaƒe egbeŋkekeawo. Wogblɔ nusi Mawu do ŋugbe be yeava wɔ le ɣeyiɣi si gbɔna me la kura gɔ̃ hã.

Agbalẽ sia ana nànya nusi tututu Biblia la gblɔ. Eƒo nu le amesiwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Biblia me kple nusiwo wowɔ la ŋuti. Eɖe agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi, si Mawu ana amewo la ƒe mɔkpɔkpɔ nyui la hã fia.

Ŋutinya 116 ye le eme. Woƒo esiawo katã nu ƒu ɖe hatsotso enyi me. Hatsotso ɖesiaɖe ƒo nu kpuie le nusi le akpa ma me la ŋuti. Woɖo ŋutinyaawo ɖe ɖoɖo siwo nu nuawo dzɔ ɖo la nu. Esia akpe ɖe ŋuwò be nànya ɣeyiɣi si me nuawo dzɔ le ŋutinya me, le kadodo me kple nudzɔdzɔ bubuawo.

Wogblɔ ŋutinyaawo ɖe gbegbɔgblɔ bɔbɔe me. Mi ɖevi sue geɖewo miate ŋu axlẽ wo na mia ɖokui. Mi dzilawo miava dze sii be mia vi sueawo akpɔ dzidzɔ be woaxlẽ ŋutinya siawo na yewo edziedzi. Miakpɔe be nusiwo adzɔ dzi na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa la le agbalẽ sia me.

Wofia Biblia ƒe akpa siwo woɖe wo tsoe la ɖe ŋutinya ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. Míede dzi ƒo na wò be nàxlẽ Biblia ƒe akpa siawo, siwo dzi ŋutinyawo nɔ te ɖo la.