Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 1

Xexemewɔwɔ Va Se Ðe Tsiɖɔɖɔ Dzi

Xexemewɔwɔ Va Se Ðe Tsiɖɔɖɔ Dzi

Afikae dziƒo kple anyigba dzɔ tso? Aleke ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo, kpakple nu geɖe, siwo le anyigba dzi la wɔ va dzɔ? Biblia la na ŋuɖoɖo vavãtɔ esime wògblɔ be Mawue wɔ wo. Eyata míaƒe agbalẽa dze egɔme kple Biblia ƒe ŋutinya, siwo tso nuwo wɔwɔ ŋuti.

Míese be Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔwo nye gbɔgbɔmemewo; wole abe eya ŋutɔ ene. Wonye mawudɔlawo. Gake wowɔ anyigba la na amesiwo le abe míawo ene. Eyata Mawue wɔ ŋutsu kple nyɔnu, siwo ƒe ŋkɔwoe nye Adam kple Xawa, eye wòda wo ɖe abɔ nyui aɖe me. Gake womeɖo to Mawu o eye wobu agbe, si woayi edzi anɔ la ƒe gomekpɔkpɔ.

Le yi katã me la, tso Adam wɔwɔ dzi vaseɖe Tsiɖɔɖɔ gã la dzi la nye ƒe 1,656. Ame gblẽku geɖewo nɔ anyi le ɣeyiɣi sia me. Gbɔgbɔmeme, siwo womekpɔna kple ŋku o, Satana kple eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo, nɔ dziƒo. Kain kple ame gblẽku bubu geɖewo nɔ anyigba la dzi, kple ŋutsu sesẽ tɔxɛ aɖewo hã. Gake ame nyuiwo hã nɔ anyigba la dzi—Habel, Henox kple Noa. Le Akpa GBÃTƆ sia me la, míaxlẽ nu tso amesiawo kple nudzɔdzɔ siawo katã ŋuti.

 

LE AKPA SIA

ŊUTINYA 1

Mawu Dze Nuwo Wɔwɔ Gɔme

Nuwo wɔwɔ ƒe ŋutinya si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la gɔmesese le bɔbɔe eye wòdoa dzidzɔ na ame—edoa dzidzɔ na ɖeviwo gɔ̃ hã.

ŊUTINYA 2 LIA

Abɔ Nyui Aɖe

Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ na míenya be Mawu trɔ asi le Eden-bɔa ŋu etɔxɛe. Mawu di be anyigba bliboa nanɔ ko abe abɔ nyui ma ene.

ŊUTINYA 3 LIA

Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ

Mawu wɔ Adam kple Xawa eye wòda wo ɖe Eden-bɔa me. Woawoe nye atsu kple asi gbãtɔ.

ŊUTINYA 4 LIA

Nu Si Tae Wobu Woƒe Aƒea

Biblia-gbalẽ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ na míenya ale si wòdzɔe be Paradiso gbãtɔ megava li o.

ŊUTINYA 5 LIA

Agbenɔnɔ Sesẽ Dze Egɔme

Adam kple Xawa to nɔnɔme sesẽ geɖewo me le Eden-bɔa godo. Ne ɖe woɖo to Mawu la, anye ne woawo ŋutɔwo kple wo viwo akpɔ dzidzɔ le agbe me.

ŊUTINYA 6 LIA

Ŋutsuvi Nyui Kple Vɔ̃ɖitɔ

Kain kple Abel ƒe ŋutinya si woŋlɔ ɖe 1 Mose me la, fia mí ame si tɔgbi wòle be míanye—kple agbenɔnɔ si ŋu wòle be míatrɔ asi le hafi wòatsi megbe akpa.

ŊUTINYA 7 LIA

Ŋutsu Kalẽtɔ Aɖe

Enok ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be àte ŋu awɔ nuteƒe nenye be ame siwo dome nèle la wɔa nu gbegblẽwo gɔ̃ hã.

ŊUTINYA 8 LIA

Ame Dzɔtsuwo Nɔ Anyigba Dzi

Woƒo nu tso ame dzɔtsu siwo wɔa nu vevi amewo la ŋu le 1 Mose 6 lia me. Ame dzɔtsu mawo siwo woyɔna be Nefilimwo la nye mawudɔla dzeaglã siwo dzo le dziƒo va zu amegbetɔwo le anyigba dzi la ƒe viwo.

ŊUTINYA 9 LIA

Noa Kpa Aɖakaʋu Aɖe

Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me elabena woɖo to Mawu le esime ame bubuwo ya sẽ to.

ŊUTINYA 10 LIA

Tsiɖɔɖɔ Gã La

Noa ƒe gbedeasia ɖi kokoe na amewo. Gake womenɔ nu kom esime tsi si ɖe anyigba la te dzadza o! Xlẽ nu tso ale si aɖakaʋua na Noa, eƒe ƒomea kple lã gbogbo aɖewo tsi agbee ŋu.