Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 2

Abɔ Nyui Aɖe

Abɔ Nyui Aɖe

KPƆ anyigba la ɖa! Nusianu nya kpɔ loo! Kpɔ gbeawo kple atiawo, seƒoƒowo kple gbemelãwo katã ɖa ko! Àte ŋu atɔ asi atiglinyi kple dzatawo dzia?

Aleke abɔ nyui sia wɔ va dzɔ? Na míakpɔ alesi Mawu trɔ asi le anyigba la ŋue na mí la ɖa.

Gbã la, Mawu wɔ sɔgbewo woxɔ anyigba la dzi. Eye wòwɔ numiemie sue ƒomeviwo katã kple gbewo kpakple atiwo. Numiemie siawo na anyigba la nya kpɔ. Menye dɔ ma ɖeɖeko wowɔna o. Wo dometɔ geɖe hã nana nuɖuɖu, siwo vivina ŋutɔ la mí.

Mawu wɔ tɔmelãwo emegbe be woaʋã le tsia me, kple dziƒoxewo be woadzo le ya me. Ewɔ avuwo kple dadiwo kpakple sɔwo, gbemelã gãwo kple sueawo. Gbemelã kawoe te ɖe wò aƒe ŋu? Ðe mele be míakpɔ dzidzɔ be Mawu wɔ nenem nusiawo katã na mí oa?

Mlɔeba la, Mawu wɔ anyigba la ƒe akpa aɖe wònye teƒe tɔxɛ aɖe. Eyɔ teƒe sia be Eden-bɔ. Ede blibo ale gbegbe. Nusianu, si le eme la dze ani. Eye Mawu di be anyigba blibo la katã nazu abe abɔ nyui sia, si wòwɔ la ene pɛpɛpɛ.

Gake gakpɔ abɔ sia ƒe nɔnɔmetata ɖa. Ènya nusi Mawu kpɔ be esusɔa? Na míakpɔe ɖa.