Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 4

Nu Si Tae Wobu Woƒe Aƒea

Nu Si Tae Wobu Woƒe Aƒea

KPƆ nusi le dzɔdzɔm azɔ la ɖa. Wonyã Adam kple Xawa tso Eden-bɔ nyui la me. Ènya nusitaea?

Esi wowɔ nu gbegblẽ aɖe tae. Eyata Yehowa le to hem na wo. Ènya nu gbegblẽ, si Adam kple Xawa wɔa?

Wowɔ nane, si Mawu gblɔ be womegawɔ o. Mawu gblɔ be woate ŋu aɖu abɔmetiawo ƒe tsetse. Ke Mawu gblɔ be womegaɖu ati ɖeka aɖe ƒe tsetse o; ne woɖui la, woaku. Mawu ɖo ati ma ɖi wònye eya ŋutɔ tɔ. Ðe míenyae be ne ame tsɔ nane, si nye ame bubu tɔ la enye nuvɔ̃ oa? Ke nukae va dzɔ?

Gbeɖeka esi Xawa le abɔa me la, da aɖe ƒo nu nɛ. Bu ema ŋu kpɔ! Egblɔ na Xawa be wòaɖu ati, si Mawu gblɔ na wo be womegaɖu eƒe tsetse o la. Evɔ la, esi Yehowa wɔ dawo la, mewɔ wo be woate ŋu aƒo nu o. Eyata esia fia ko be ame aɖee na da la le nu ƒom. Amekae?

Menye Adam ye o. Eyata anye amesiwo Yehowa wɔ gbaɖegbe ʋĩ ke hafi wɔ anyigba la dometɔ ɖekae. Ame mawo nye mawudɔlawo, eye míate ŋu akpɔ wo o. Mawudɔla sia va zu dadala aɖe. Ede asi tamebubu me be ele be yeanye dziɖula abe Mawu ene. Eye edi be amewo naɖo to ye wu Yehowa. Eyae nye mawudɔla, si na da la ƒo nu.

Mawudɔla sia te ŋu flu Xawa. Esi wògblɔ nɛ be ne eɖu atia ƒe tsetse la azu abe Mawu ene la, nyɔnua xɔe se. Eyata eɖui eye Adam hã ɖui. Adam kple Xawa wogbe toɖoɖo Mawu; ema tae wobu woƒe aƒe, si nye abɔ nyui ma.

Gake gbaɖegbe la, Mawu akpɔ egbɔ be woawɔ anyigba bliboa katã wòanya kpɔ abe Eden-bɔ la ene. Emegbe míasrɔ̃ alesi nàte ŋu akpe asi ɖe ewɔwɔ alea ŋui. Gake fifia na míakpɔ nusi dzɔ ɖe Adam kple Xawa dzi la ɖa.