Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 6

Ŋutsuvi Nyui Kple Vɔ̃ɖitɔ

Ŋutsuvi Nyui Kple Vɔ̃ɖitɔ

AZƆ kpɔ Kain kple Habel ɖa. Wo katã wotsi. Kain zu agbledela. Eƒãna bli kple kutsetsewo kpakple amagbewo.

Habel zu lãnyila. Elɔ̃a beléle na alẽviwo. Wotsi va zu alẽ gãwo, eye kasia alẽha blibo aɖe ɖo Habel si be wòakplɔ.

Gbeɖeka Kain kple Habel wotsɔ nunana vɛ na Mawu. Kain tsɔ eƒe agblemenu, siwo wòdo la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel hã tsɔ eƒe alẽwo ƒe nyuitɔ kekeake, si le esi la vɛ. Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Habel kple eƒe nunana la ŋu. Gake mekpɔ dzidzɔ ɖe Kain kple eƒe nunana la ŋu o. Ènya nusitaea?

Menye esi Habel ƒe nunana la nyo wu Kain tɔ la tae o. Ke esi Habel nye ame nyui tae. Elɔ̃a Yehowa kple nɔviaŋutsuvia. Gake Kain ya vɔ̃ɖi, melɔ̃a nɔviaŋutsuvi la o.

Eyata Mawu gblɔ na Kain be ele be wòatrɔ nɔnɔme. Gake Kain meɖo to o. Edo dziku ŋutɔ, elabena Mawu lɔ̃ Habel wu. Ale Kain gblɔ na Habel bena, ‘Na míayi agble me.’ Esi woawo ɖeɖe wole afima la, Kain tsɔ nu xlã ɖe nɔvia Habel. Eƒoe sesĩe ale gbegbe hewui. Ðe nusi Kain wɔ la medzi ŋɔ ŋutɔ oa?

Togbɔ be Habel ku hã la, Mawu gaɖoa ŋku edzi. Habel nye ame ɖɔʋu, eye Yehowa meŋlɔa ame ma ƒomevi be gbeɖe o. Eyata Yehowa Mawu agbɔ agbe Habel gbaɖegbe. Ɣemaɣi la, Habel magaku azɔ o. Ate ŋu anɔ agbe le anyigba dzi tegbee. Manye dzidzɔ ŋutɔ be míava nya amesiwo le abe Habel ene oa?

Gake Mawu mekpɔa dzidzɔ ɖe amesiwo le abe Kain ene la ŋu o. Eyata esi Kain wu nɔvia megbe la, Mawu he to nɛ, be wònyãe tso eƒe ƒometɔ mamlɛawo gbɔ. Esime Kain dzo heyi anyigba la ƒe akpa bubu nɔ ge la, ekplɔ nɔvianyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖe asi, eye wòzu srɔ̃a.

Emegbe la, Kain kple srɔ̃a wote viwo dzidzi. Adam kple Xawa ƒe vi ŋutsu kple nyɔnu bubuwo hã ɖe wo nɔewo hedzi viwo. Eteƒe medidi o amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi. Na míasrɔ̃ nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu.