Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 8

Ame Dzɔtsuwo Nɔ Anyigba Dzi

Ame Dzɔtsuwo Nɔ Anyigba Dzi

NENYE be ame aɖe gbɔna gbɔwò, eye eƒe kɔkɔme ɖatɔ wò xɔ tame ɖe, nukae nàsusu? Ame la anye ame dzɔtsu! Ɣeaɖeɣi, si va yi la, ame dzɔtsuwo nɔ anyigba dzi. Biblia la gblɔ be mawudɔla, siwo tso dziƒo lae nye wo fofo. Gake aleke ema ate ŋu adzɔe?

Ðo ŋku edzi be mawudɔla vɔ̃ɖi Satana nɔ nu baɖa wɔwɔ dzi ŋutɔ. Edze agbagba be yeana Mawu ƒe dɔlawo nawɔ nuvɔ̃. Emegbe la, mawudɔla siawo dometɔ aɖewo dze egɔme heɖo to Satana. Wodzudzɔ dɔ, si Mawu na wo be woawɔ le dziƒo la wɔwɔ. Eye woɖi va anyigba dzi hetrɔ wo ɖokuiwo wɔ amegbetɔwoe. Ènya nusita wowɔ nenema?

Biblia la gblɔ be esi Mawu ƒe vi siawo kpɔ nyɔnu dzetugbeewo le anyigba dzi hedi be woanɔ anyi kpli wo la tae. Eyata wova anyigba dzi heɖe nyɔnu siawo. Biblia la gblɔ be esia nye nuvɔ̃, elabena Mawu wɔ mawudɔlawo be woanɔ dziƒo.

Esi mawudɔlaawo kple wo srɔ̃ nyɔnuawo dzi viwo la, ɖevi siawo to vovo. Ðewohĩ vovototoa medze tututu le gɔmedzedzea me o. Gake wova le tsitsim ɖe edzi, eye woƒe lãme va le sesẽm ɖe edzi vaseɖe esime wotrɔ zu ame dzɔtsuwo.

Ame dzɔtsu siawo vɔ̃ɖi. Eye esi wònye wotri akɔ hesesẽ ŋutɔ ta la, wowɔa nuvevi amewo. Wote kpɔ be woazi amewo dzi woawɔ nu vlo abe woa ŋutɔwo ene.

Henox va ku, gake ame aɖe nɔ anyigba dzi, si nye ame nyui. Ŋutsu sia ŋkɔe nye Noa. Ɣesiaɣi la, ewɔa nusi Mawu di tso esi be wòawɔ.

Gbeɖeka Mawu gblɔ na Noa be, ɣeyiɣi de na Ye be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã. Gake Mawu le Noa, eƒe ƒomea, kple lã geɖewo xɔ ge ɖe agbe. Na míakpɔ alesi Mawu wɔ esiae la ɖa.