Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 17

Venɔvi Siwo To Vovo

Venɔvi Siwo To Vovo

ŊUTSUVI eve, siwo le afisia la meto vovo ŋutɔ oa? Ènya woƒe ŋkɔa? Adela lae nye Esau, eye ŋutsuvi, si le alẽawo dzi kpɔm lae nye Yakob.

Esau kple Yakob wonye Isak kple Rebeka ƒe viŋutsu, siwo nye venɔviwo. Wo fofo Isak lɔ̃ Esau vevie ŋutɔ, elabena enye adela nyui aɖe, eye wòtsɔa nuɖuɖu vaa aƒemee na ƒomea. Gake Rebeka ya lɔ̃ Yakob vevie, elabena enye ŋutsuvi kpoo aɖe, si nye ame fafa.

Tɔgbui Abraham gale agbe, eye míate ŋu akpɔ alesi Yakob lɔ̃na be yealé to ɖe eŋu ne ele nu ƒom tso Yehowa ŋu la le susu me. Abraham ku mlɔeba esime wòxɔ ƒe 175, eye venɔviawo ya tsi xɔ ƒe 15.

Esi Esau tsi xɔ ƒe 40 la, eɖe nyɔnu eve tso Kanaan-nyigba dzi. Esia zu nuxaxa gã aɖe na Isak kple Rebeka, elabena nyɔnu siawo mesubɔa Yehowa o.

Nane va dzɔ gbeɖeka, esi na be Esau do dziku vevie ɖe nɔvia Yakob ŋu. Ɣeyiɣi aɖe va ɖo esime wòle be Isak nayra viaŋutsu xoxoetɔ. Esi wònye Esau nye xoxo na Yakob ta la, enɔ mɔ kpɔm be yeaxɔ yayra sia. Gake do ŋgɔ la, Esau tsɔ yayra, si wòaxɔ la ƒe gome dzra na Yakob. Hekpe ɖe eŋu la, esime wodzi ŋutsuvi eveawo la, Mawu gblɔ be Yakob ye le yayra la xɔ ge. Eye alea wòva dzɔe. Isak tsɔ yayra la na viaŋutsu Yakob.

Emegbe esi Esau se esia la, edo dziku ɖe Yakob ŋu. Edo dziku vevie ale gbegbe be wògblɔ be yele Yakob wu ge. Esi Rebeka se nya sia la, eɖe fu nɛ ŋutɔ. Eyata egblɔ na srɔ̃a Isak bena: ‘Anye nublanuinya ŋutɔ be Yakob hã naɖe Kanaan-nyɔnu siawo dometɔ aɖe.’

Tete Isak yɔ via Yakob hegblɔ nɛ bena: ‘Mègaɖe Kanaan-nyɔnu o. Yi ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒeme le Xaran boŋ. Nàɖe viaŋutsu Laban vinyɔnuwo dometɔ ɖeka.’

Yakob ɖo to fofoa, eye enumake edze eƒe mɔ didi la zɔzɔ gɔme heyi ɖe afisi eƒe ƒometɔwo le le Xaran.