Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 21

Yosef Nɔviŋutsuwo Lé Fui

Yosef Nɔviŋutsuwo Lé Fui

KPƆ alesi gbegbe ŋutsuvi ma lé blanui, eye mɔkpɔkpɔ bu ɖee la ɖa. Yosef ye nye sia. Fifi laa nɔviaŋutsuwo dzrae na ŋutsu siawo, siwo yina ɖe Egipte la. Woawɔ Yosef kluvii le afima. Nukatae fofoviawo wɔ nu vlo sia? Elabena woʋã ŋu Yosef.

Wo fofo Yakob lɔ̃ Yosef vevie ŋutɔ. Edoa vivi ɖe eŋu ŋutɔ, eyata ena wotɔ awu ʋlaya nyui aɖe nɛ. Esi nɔviaŋutsu tsitsi 10 la kpɔ alesi gbegbe Yakob lɔ̃nɛ la, wode asi ŋuʋaʋã me helé fu Yosef. Gake susu bubu aɖe hã tae wolé fui ɖo.

Yosef ku drɔ̃e eve. Le Yosef ƒe drɔ̃e eveawo katã me la, nɔviawo bɔbɔ de ta agu nɛ. Esi Yosef lĩ drɔ̃e siawo na nɔviawo la, woƒe fulélea nu sẽ ɖe edzi wu tsã.

Gbeɖeka esi Yosef nɔvi tsitsiawo nɔ wo fofo ƒe alẽwo kplɔm la, Yakob dɔ Yosef be wòayi aɖakpɔ alesi wolii. Esi Yosef nɔviwo kpɔe wògbɔna la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be: ‘Mina míawui!’ Ke Ruben, woƒe tsitsitɔ kekeake gblɔ be: ‘Ao, migawɔ nu ma o!’ Ðe eteƒe la, wolé Yosef hetsɔe ƒu gbe ɖe do ƒuƒlu aɖe, si me tsi mele o la me. Emegbe wobɔbɔ nɔ anyi be yewoade adaŋu tso alesi yewoawɔe la ŋu.

Gaƒoƒo sia mee ŋutsu aɖewo, siwo nye Ismaeltɔwo la va ɖo afima. Yuda gblɔ na fofoviawo bena: ‘Mina míatsɔe dzra na Ismaeltɔwo.’ Eye wowɔ nenema. Wotsɔ Yosef dzra hexɔ klosalo 20. Vlodoame kple ŋutasesẽ ka gbegbee nye esi!

Nya ka gblɔ ge nɔviaŋutsuawo ala na wo fofo? Wowu gbɔ̃ hetsɔ Yosef ƒe awu ʋlaya nyui la bliba ɖe ʋu la me. Wotsɔ awu ʋlaya la yi aƒemee hetsɔ na wo fofo Yakob gblɔ bena: ‘Míefɔ nusia. Lé ŋku ɖe eŋu kpɔ be menye Yosef ƒe awu ʋlayae o hã.’

Yakob kpɔe be awu lae. Edo ɣli bena: ‘Lã wɔadã aɖe anya wu Yosef.’ Nenema tututu dim Yosef nɔviŋutsuawo le be yewo fofoa nasusu. Yakob lé blanui vevie ŋutɔ. Efa avi ŋkeke geɖe. Gake Yosef meku hafi o. Na míakpɔ nusi dzɔ ɖe eyama dzi le afisi wokplɔe yii la ɖa.