Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 22

Wode Yosef Gaxɔ Me

Wode Yosef Gaxɔ Me

YOSEF xɔ ƒe 17 pɛ ko esime wokplɔe yi Egipte. Wodzrae na ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Potifar le afima. Potifar wɔ dɔ na Egipte-fia, si woyɔna be Farao.

Yosef wɔ dɔ vevie na eƒe aƒetɔ, Potifar. Eyata esi Yosef tsi la, Potifar tsɔe ɖo eƒe aƒe blibo la nu. Ke nukatae Yosef le gaxɔ me le afisia? Potifar srɔ̃ tae.

Yosef tsi zu ŋutsu dzeɖekɛ aɖe, eye Potifar srɔ̃ di be wòadɔ ye gbɔ. Gake Yosef nya be esia nye nu gbegblẽ, eyata mewɔe o. Potifar srɔ̃ do dziku vevie. Eyata esi srɔ̃ŋutsua gbɔ va aƒea me la, eka aʋatso nɛ gblɔ bena: ‘Yosef gbegblẽe ma di be yeadɔ gbɔnye!’ Potifar xɔ srɔ̃a dzi se, eye dɔme vee ŋutɔ ɖe Yosef ŋu. Eyata wòna wodee gaxɔ me.

Eteƒe medidi o ŋutsu, si kpɔa gaxɔa dzi la dze sii be Yosef nye ame nyui. Eyata etsɔe ɖo amegãe ɖe gamenɔla bubuawo katã nu. Emegbe Farao va do dziku ɖe eƒe ahakula kple aboloƒola ŋu, eye wòde wo gaxɔ me. Gbeɖeka ƒe zã me la, wo dometɔ ɖesiaɖe ku drɔ̃e tɔxɛ aɖe; gake womese drɔ̃eawo gɔme o. Esi ŋu ke la, Yosef gblɔ bena: ‘Milĩ miaƒe drɔ̃eawo nam.’ Eye esi wolĩ nɛ la, le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, Yosef ɖe drɔ̃eawo gɔme na wo.

Yosef gblɔ na ahakula la bena: ‘Le ŋkeke etɔ̃agbe la, woaɖe wò le gaxɔ me, eye nàgazu Farao ƒe ahakula.’ Eye Yosef gagblɔ bena: ‘Ne èdo go la, gblɔ nye nya na Farao, eye nàkpe ɖe ŋunye be mado go le teƒe sia.’ Ke aboloƒola ya la, Yosef gblɔ nɛ bena: ‘Le ŋkeke etɔ̃agbe la, Farao atso ta le nuwò.’

Le ŋkeke etɔ̃agbe la, eva me pɛpɛpɛ abe alesi Yosef gblɔe ene. Farao na wotso ta le aboloƒola la nu. Ke ahakula ya la, woɖee le gaxɔa me, eye wòdze egɔme gasubɔ fia la. Gake ahakula la ŋlɔ Yosef be keŋkeŋ! Megblɔ eƒe nya na Farao o, eye Yosef tsi gaxɔ la me.