Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 26

Hiob Wɔ Nuteƒe Na Mawu

Hiob Wɔ Nuteƒe Na Mawu

DƆNƆ sia ƒe nu mewɔ nublanui na wòa? Eŋkɔe nye Hiob, eye srɔ̃a enye nyɔnu ma. Ènya nya, si gblɔm wòle na Hiob mahã? ‘Ƒo fi de Mawu, ne nàku.’ Na míakpɔ nusitae nyɔnua gblɔ nya ma kple nusitae Hiob kpe fu alea gbegbe ɖo la ɖa.

Hiob nye nuteƒewɔla aɖe, si ɖo to Yehowa. Enɔ Uz-nyigba dzi, afisi medidi boo tso Kanaan o. Yehowa lɔ̃ Hiob ŋutɔ, gake ame aɖe li si lé fui. Ènya amesi wònyea?

Eyae nye Satana Abosam. Ðo ŋku edzi be Satana ye nye mawudɔla vɔ̃ɖi, si lé fu Yehowa. Ete ŋu ble Adam kple Xawa be wogbe toɖoɖo Yehowa, eye wòsusu be yeate ŋu able amesiame hã woagbe toɖoɖo Yehowa. Gake ɖe wòte ŋu wɔea? Ao. Wò ya bu ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla geɖe, siwo ŋu míesrɔ̃ nu le la ŋu kpɔ. Wo dometɔ neni ŋkɔe nàte ŋu ayɔ?

Esime Yakob kple Yosef woku le Egipte megbe la, Hiob ye nye nuteƒewɔla vevitɔ na Yehowa le anyigba blibo la katã dzi. Yehowa di be yeana Satana nanya bena mate ŋu ana amesiame nazu ame vɔ̃ɖi o, eyata egblɔ bena: ‘Kpɔ Hiob ɖa. Kpɔ alesi wòwɔa nuteƒee nam ɖa.’

Satana ke ɖi be: ‘Ewɔa nuteƒe, gake esi nèyrae, eye nu nyui geɖe le esi la tae. Gake ne èxɔ nusiawo le esi la, aƒo fi ade wò.’

Eyata Yehowa gblɔ bena: ‘Heyi. Xɔ wo le esi. Sẽ ŋuta, siwo katã nèdi la le Hiob ŋu. Míakpɔe ɖa be aƒo fi adem hã. Ðeko nàkpɔ nyuie be nàgawui o.’

Gbã la, Satana na be fiafiwo va fi Hiob ƒe nyiwo kple kposɔwo, eye wowu eƒe alẽwo. Emegbe ewu viaŋutsu kple vianyɔnu 10 le ahomya aɖe me. Ema yome la, Satana kplɔ dɔléle dziŋɔ sia ƒu Hiob. Hiob kpe fu vevie ŋutɔ. Ema tae Hiob srɔ̃ gblɔ nɛ be: ‘Ƒo fi de Mawu, ne nàku.’ Gake Hiob mewɔe o. Hekpe ɖe eŋu la, aʋatsoxɔlɔ̃ aɖewo va egbɔ hegblɔ nɛ bena agbe baɖa aɖee wònɔ. Gake Hiob yi nuteƒewɔwɔ dzi.

Esia na Yehowa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye wòyra Hiob emegbe abe alesi nàte ŋu akpɔe le nɔnɔmetata la mee ene. Eda eƒe dɔlélea nɛ wòvɔ. Egadzi vi 10, siwo nya kpɔ wu tsãtɔwo; eye eƒe nyiwo, alẽwo kple kposɔwo dzi ɖe edzi zi eve wu esiwo nɔ esi tsã.

Ðe nànye nuteƒewɔla na Yehowa ɖaa abe Hiob enea? Ne ète ŋui la, Mawu ayra wò hã. Àte ŋu ava nɔ agbe tegbee ne wowɔ anyigba blibo la katã wònya kpɔ abe Eden-bɔ ene.