Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 29

Nu Si Tae Mose Si Dzo

Nu Si Tae Mose Si Dzo

LKPƆ Mose ɖa, ele sisim tso Egipte. Èkpɔ ŋutsu, siwo nyae ɖe nu la? Ènya nusitae wodi be yewoawu Mose ɖoa? Na míakpɔ ɖa be míate ŋu anya hã.

Mose tsi le Farao, Egipte-dziɖula la ƒe aƒeme. Eva zu nunyala gã kple ame deŋgɔ aɖe. Mose nya be menye Egiptetɔe yenye o, ke boŋ ye dzila ŋutɔŋutɔwo nye Israel-vi kluviwo.

Gbeɖeka esi Mose tsi xɔ ƒe 40 la, eɖo tame be yeayi yeƒe amewo gbɔ aɖakpɔ alesi wole la ɖa. Alesi wole fu wɔm woe la wɔ nublanui. Ekpɔ Egiptetɔ aɖe wònɔ Israeltɔ kluvi aɖe ƒom. Mose tsa ŋku mlamlamla, eye esi wòkpɔ be ame aɖeke mele yewo kpɔm o la, eƒo Egiptetɔ la, eye Egiptetɔ la ku. Tete Mose ɣla eƒe kukua ɖe ke me.

Esi ŋu ke la, Mose gayi eƒe amewo kpɔ ge ɖa. Esusu be yeate ŋu akpe ɖe wo ŋuti be womaganye kluviwo azɔ o. Gake ekpɔ Israel-ŋutsu eve wole dzre wɔm, tete wògblɔ na amesi tɔ medzɔ o la bena: ‘Nukatae nèle nɔviwò ƒom?’

Ŋutsua ɖo ŋu bena: ‘Ameka ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ðe nèbe yeawu nye hã abe alesi nèwu Egiptetɔ ma enea?’

Vɔvɔ̃ ɖo Mose azɔ. Enya be amewo dze si nusi yewɔ Egiptetɔ la. Farao ŋutɔ hã se nya la, eye wòdɔ amewo be woawu Mose. Ema tae wòle na Mose be wòasi adzo le Egipte.

Esi Mose dzo le Egipte la, eyi ɖe Midian-nyigba dzi. Afimae wòkpɔ Yetro ƒe ƒomea le, eye wòɖe vianyɔnuawo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Zipora. Mose trɔ zu alẽkplɔla, eye wòkplɔ Yetro ƒe alẽwo. Enɔ Midian-nyigba dzi ƒe 40 sɔŋ. Fifia etsi xɔ ƒe 80. Azɔ gbeɖeka esi Mose le Yetro ƒe alẽwo kplɔm la, nukunu aɖe dzɔ, esi trɔ Mose ƒe agbenɔnɔ blibo la katã. Ʋu axa kemɛ ne míakpɔ nusi nukunu sia nye la ɖa