Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 30

Ave Bidzo La

Ave Bidzo La

MOSE zɔ yi keke Xoreb-to la gbɔ be yeakpɔ gbe na yeƒe alẽawo. Le afisia la, ekpɔ ave aɖe le dzo bim, gake mele fiafiãm o!

Mose gblɔ le eƒe susu me be: ‘Nusia wɔ nuku. Mate ɖe eŋu ne makpɔe nyuie.’ Esi wòte ɖe eŋu la, gbeɖiɖi aɖe tso ave la me bena: ‘Mègate va afisia o. Ðe wò afɔkpawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle tsitre ɖo la, teƒe kɔkɔe.’ Mawue le nua ƒom to mawudɔla aɖe dzi; ale Mose tsyɔ nu eƒe mo.

Tete Mawu gblɔ bena: ‘Mekpɔ nye dukɔ la ƒe fukpekpe le Egipte. Eyata meyina wo ɖe ge, eye wòe nye amesi dɔm mele be nàkplɔ nye dukɔ la ado goe le Egipte.’ Yehowa le eƒe dukɔ la kplɔ ge va Kanaan-nyigba nyui la dzie.

Gake Mose gblɔ bena: ‘Ame tsɛ aɖe ko menye. Aleke mate ŋu awɔ esiae? Gake ne meyi, eye Israel-viwo biam be, “Amekae dɔ wò?” hã la, ekema aleke gblɔ ge mala?’

Mawu ɖo ŋu be: ‘Ale nàgblɔ na wo enye si, “YEHOWA, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu ye dɔm ɖo ɖe mia gbɔ.”’ Eye Yehowa gagblɔ bena: ‘Esiae nye nye ŋkɔ tegbee.’

Mose ɖo ŋu bena: ‘Ke ne megblɔ be wòe dɔm ɖa, gake womexɔ dzinye se o ɖe.’

Mawu biae bena: ‘Nukae ma le asiwò?’

Mose ɖo ŋu bena: ‘Atie.’

Mawu gblɔ bena: ‘Tsɔe da ɖe anyigba.’ Eye esi Mose dae ɖi la, etrɔ zu da. Yehowa gaɖe nukunu bubu fia Mose. Egblɔ bena: ‘Ƒo wò asi ɖe wò awu ʋlaya la me.’ Mose ƒo asia ɖe eme, eye esi wòɖee ɖe go la, efu ɣie abe ɖetifu ene! Asia dze abe dɔléle vɔ̃ ma, si nye anyi lae ƒo ɖe eŋu ene. Emegbe Yehowa na ŋusẽ Mose be wòawɔ nukunu etɔ̃lia. Mlɔeba la, egblɔ bena: ‘Ne èwɔ nukunu siawo la, Israel-viwo axɔe ase be nyee dɔ wò ɖa.’

Ema megbe Mose trɔ yi aƒeme hegblɔ na Yetro bena: ‘Taflatse, na mɔm magbugbɔ yi ƒonyemeawo gbɔ le Egipte ne makpɔ alesi wolie.’ Ale Yetro do hedenyuie na Mose, eye Mose dze eƒe mɔzɔzɔ gɔme ɖo ta Egipte.