Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 31

Mose Kple Aron Yi Farao Gbɔ

Mose Kple Aron Yi Farao Gbɔ

ESI Mose trɔ yi Egipte la, egblɔ nukunuawo katã na nɔvia Aron. Eye esi Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo fia Israel-viwo la, dukɔ la katã xɔe se be Yehowa li kpli wo.

Emegbe Mose kple Aron yi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be: ‘Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: “Ðe asi le nye dukɔ ŋu be woaɖasubɔm le gbedzi ŋkeke etɔ̃.”’ Gake Farao ɖo ŋu be: ‘Nyemexɔ Yehowa dzi se o. Nyemaɖe asi le Israel ŋu woayi o.’

Farao do dziku, elabena dukɔ la di be yewoadzudzɔ dɔwɔwɔ aɖasubɔ Yehowa. Eyata ezi ɖe wo dzi be wowɔ dɔ sesĩe wu tsã. Israel-viwo tsɔe ɖo Mose dzi be eyae na wowɔ fu yewo nenema, eye Mose lé blanui. Gake Yehowa gblɔ nɛ be wòaɖe dzi ɖi, be: ‘Mana Farao naɖe asi nye dukɔ ŋu woadzo.’

Mose kple Aron gayi Farao gbɔ. Fifia ya la, wowɔ nukunu aɖe. Aron ɖe asi le eƒe ati la ŋu ɖe anyigba, eye wòzu da gã aɖe. Gake Farao ƒe nunyalawo hã da atiwo ɖi, eye wozu da. Gake kpɔ ɖa! Aron ƒe da la le nunyalawo ƒe dawo mim. Gake Farao meɖe asi Israel-viwo ŋu be woadzo o.

Eyata ɣiyiɣi de be Yehowa nafia nu Farao. Ènya alesi wòwɔea? Ehe dɔvɔ̃ alo fukpekpe 10 va Egipte dzie.

Le fukpekpe geɖewo megbe la, Farao dɔ ame ɖo ɖe Mose hegblɔ be: ‘Tsi fukpekpe la nu, eye maɖe asi le Israel ŋu woadzo.’ Gake ne fukpekpea va yi ko la, Farao gatrɔa eƒe susu. Meɖea asi ameawo ŋu be woadzo o. Gake mlɔeba la, le fukpekpe 10 lia megbe la, Farao ɖe asi Israel-viwo ŋu wodzo.

Ènya fukpekpe 10 la dometɔ ɖesiaɖea? Ʋu axa, si gbɔna la, ne míasrɔ̃ nu tso wo ŋu.