Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 33

Ƒudzĩ La Tsotso

Ƒudzĩ La Tsotso

KPƆ nusi le dzɔdzɔm la ɖa! Mose ye ma do eƒe kpo la ɖe Ƒudzĩ la dzi. Amesiwo katã tsi tre ɖe egbɔ dedie le akpa kemɛ lae nye Israel-viwo. Gake la, wonyrɔ Farao kple eƒe aʋakɔwo katã ɖe ƒu la me. Na míakpɔ alesi esia wɔ va dzɔ la ɖa.

Abe alesi míesrɔ̃e ene la, Farao gblɔ na Israel-viwo be woadzo le Egipte le esime Mawu he fukpekpe 10 lia va Egiptetɔwo dzi vɔ megbe. Israel-ŋutsu, siwo de 600,000, siwo ŋu nyɔnuwo kple ɖevi geɖe kpe ɖo la dzo. Azɔ hã la, ame bubuwo ƒe agbɔsɔsɔ gã aɖe, siwo va xɔ Yehowa dzi se la kplɔ Israel-viwo ɖo. Wo katã wokplɔ woƒe alẽwo, gbɔ̃wo kple nyiwo ɖe asi.

Hafi woadzo la, Israel-viwo bia avɔwo kple nusiwo wotsɔ sika kple klosalo wɔe la tso Egiptetɔwo si. Le fukpekpe mamlɛtɔ ma, si va wo dzi ta la, Egiptetɔwo nɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ. Eyata nusianu, si Israel-viwo bia la, wotsɔe na wo.

Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Israel-viwo ɖo Ƒudzĩ la gbɔ. Woɖi ɖe eme le afima. Ɣemaɣi me la, eve Farao kple eƒe amewo ŋutɔ be yewoɖe asi le Israel-viwo ŋu. Wogblɔ be: ‘Míeɖe asi míaƒe kluviwo ŋu wodzo!’

Eyata Farao gatrɔ eƒe susu. Enumake eƒo eƒe aʋatasiaɖam kple aʋakɔ nu ƒu. Eye wòtsɔ tasiaɖam tɔxɛ 600 kple Egipte ƒe tasiaɖam bubuwo katã heti Israel-viwo yome.

Esi Israel-viwo kpɔ be Farao kple eƒe aʋakɔ la ti yewo yome la, wovɔ̃ ŋutɔ. Teƒe aɖeke meli woasi ato o. Ƒudzĩ la xe akpa ɖeka na wo, eye Egiptetɔwo hãe nye esi gbɔna tso akpa evelia. Gake Yehowa tsɔ alilikpo xe eƒe amewo kple Egiptetɔwo dome. Eyata Egiptetɔwo mete ŋu kpɔ Israel-viwo ahadze wo dzi o.

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be wòado eƒe ati la ɖe Ƒudzĩ la dzi. Esi wòdoe ɖa la, Yehowa na ɣedzeƒeya sesẽ aɖe ƒo. Ƒu la ƒe tsiawo ma ɖe eve, eye wòdo tsi la ɖe dzi ɖe akpa eveawo.

Azɔ Israel-viwo te zɔzɔ to ƒu la me le anyigba ƒuƒui dzi. Exɔ gaƒoƒo geɖe hafi ame akpeakpewo kple woƒe lãwo to ƒua me dedie hedo ɖe go kemɛ dzi. Mlɔeba la, Egiptetɔwo gate ŋu kpɔ Israel-viwo ake. Woƒe futɔwoe ma le sisim! Eyata wolũ ɖe ƒua me heti wo yome.

Esi woge ɖe eme la, Mawu na be woƒe tasiaɖamfɔawo gli. Vɔvɔ̃ ɖo Egiptetɔwo vevie, eye wode asi ɣlidodo me be: ‘Yehowa le aʋa wɔm na Israel-viwo tsi tre ɖe mía ŋu. Mina míadzo le afisia!’ Gake etsi megbe akpa.

Esia mee Yehowa gblɔ na Mose be wòado eƒe ati la ɖe Ƒudzĩ la dzi abe alesi míekpɔe le nɔnɔmetata la me ene. Esi Mose doe ɖa la, tsi la ƒe gliawo gbugbɔ ŋe ɖe me, eye wotsyɔ Egiptetɔwo kple woƒe tasiaɖamwo dzi. Aʋakɔ blibo la kplɔ Israel-viwo ɖo yi ƒu la me. Eye Egiptetɔwo dometɔ ɖeka pɛ hã metsi agbe o!

Dzidzɔ ka gbegbee nye si Mawu ƒe amewo katã kpɔ be woɖe yewo! Ŋutsuawo dzi akpedahawo na Yehowa gblɔ be: ‘Yehowa ɖu aʋa dzi le ŋutikɔkɔe me. Ede sɔwo kple wo dolawo ƒu la me.’ Mose nɔvinyɔnu Miryam tsɔ eƒe axatsɛ, eye nyɔnuawo katã kplɔe ɖo kple woƒe axatsɛwo. Esi wonɔ ɣe ɖum kple dzidzɔ la, wodzi ha, si ŋutsuawo nɔ dzidzim la be: ‘Yehowa ɖu aʋa dzi le ŋutikɔkɔe me. Ede sɔwo kple wo dolawo ƒu la me.’